رفتن به محتوا

Kronika II 19

19
Nukpɔla Yehu ka mo na Yosafat
1Yuda-fia Yosafat gbugbɔ yi eƒeme le Yerusalem dedie. 2Tete nukpɔla Yehu, Xanani vi, yi ɖakpee, eye wògblɔ na fia Yosafat be: “Ame vɔ̃ɖi ŋu nèyi ɖakpe ɖoa? Ame siwo lé fu Aƒetɔ, wòawo nèlɔ̃a? Esia ta Aƒetɔ do dziku ɖe ŋuwò. 3Ke hã la, wokpɔ nu nyui aɖe le mewò. Eya nye èɖe nyɔnumawu Aserawo ɖa le anyigba la dzi, eye nèdi Aƒetɔ kple wò dzi.”
Tɔtrɔ siwo Yosafat he vɛ
4Yosafat nɔ Yerusalem; emegbe egatsa le dukɔ la me tso Beer-Seba va ɖo Efrayim-tonyigba dzi, eye wòtrɔ amewo ɖe Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋu. 5Eɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe Yuda-du sesẽwo katã me ɖekaɖeka, du sia du kple etɔ, 6eye wògblɔ na ʋɔnudrɔ̃lawo be: “Milé fɔ ɖe nu si wɔm miele la ŋu nyuie, elabe menye amewo miele nya me tsom na o, ke boŋ Aƒetɔ ye, eye wòle mia gbɔ ne miele nya me tsom. 7Eya ta mivɔ̃ Aƒetɔ, eye mikpɔ nyuie le miaƒe nuwɔnawo me, elabe le Aƒetɔ gbɔ la, afiaŋkunɔtsotso, amedzidede kple zãnuxɔxɔ aɖeke meli o.”
8Le Yerusalem hã la, Yosafat fia amewo tso Levi viwo, nunɔlawo kple ƒometatɔwo dome be woadrɔ̃ nya siwo ku ɖe Aƒetɔ ƒe se la kple dzrewɔwɔ ŋu. Ame siawo nɔ Yerusalem. 9Exlɔ̃ nu wo be: “Mitsɔ Aƒetɔ -vɔvɔ̃ wɔ miaƒe dɔdeasi nyateƒetɔe kple miaƒe dzi blibo. 10Ne mia nɔvi siwo le woƒe duwo me he nya aɖe si ku ɖe ʋukɔkɔɖi, sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo ŋu vɛ la, mixlɔ̃ nu wo le nya la ŋu bene womagaɖi fɔ le Aƒetɔ gbɔ, ne dɔmedzoe nagava mia kple mia nɔviwo siaa dzi o. Miwɔ alea ne miagaɖi fɔ o. 11Mikpɔ ɖa, nunɔlagã Amarya le mia nu atso nya me le nya siwo katã ku ɖe Aƒetɔ subɔsubɔ ŋu. Yuda-nyigbanunɔla Zebadya, Ismael vi, le mia nu atso nya me le nya siwo katã woatsɔ va fia gbɔe la ŋu. Levi viwo nye dɔnunɔlawo akpe ɖe mia ŋu. Misẽ ŋu ne miawɔ nu siawo katã. Aƒetɔ nenɔ kple ame nyui la.”