رفتن به محتوا

Kronika II 16

16
Masɔmasɔ ɖo Israel-dukɔ kple Yuda-dukɔ dome
(Fia I, 15.17-22)
1Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla etɔ̃ vɔ adelia me la, Israel-fia Baesa tso ɖe Yuda ŋu. Egbugbɔ Rama-du tso, du sesẽe, bene yeaxe mɔ na amewo be womagate ŋu ado alo age ɖe Yuda-fia Asa ƒe nutome me o. 2Tete Asa tsɔ klosalo kple sika le nudzraɖoƒe siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la kple fiasã la me ɖo ɖe Siria-fia Ben-Hadad, si le Damasko la gblɔ be: 3“Na nye kple wò míabla nu abe ale si tɔ́nye kple tɔ́wò wowɔe ene. Nye asi me klosalo kple sika nye esi. Tu nubabla si le wò kple Israel-fia Baesa dome ne wòaho adzo le gbɔnye.” 4Tete Ben-Hadad lɔ̃ ɖe fia Asa ƒe nyaa dzi nɛ, eye wòdɔ eƒe aʋakplɔlawo ɖo ɖe Israel-duwo me. Wosi Yion, Dan kple Abel-Mayim kpakple Naftali-du siwo katã me wodzraa nuwo ɖo la. 5Esi Baesa see la, edzudzɔ Rama-dua tsotso, eye dɔa tsi nenema. 6Asa fia la na Yuda blibo la yi ɖalɔ kpe kple ati siwo Baesa tsɔ le Rama-dua tsomee la, eye wòna wolɔ wo yi ɖagbugbɔ Geba kple Mizpa duwo tso.
Nukpɔla Xanani
7Le ɣe ma ɣi me la, nukpɔla Xanani va Yuda-fia Asa gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Esi nède me Siria-fia eye mèɖo ŋu ɖe Aƒetɔ, wò Mawu la ŋu o ta la, Siria-fia ƒe aʋakɔ sí dzo le gbɔwò.#16.7: Gɔmeɖeɖe xoxo aɖe be Israel; Hebri Biblia be Siria-fia ge le asiwò me. 8Ðe aʋakɔ gãwo, tasiaɖamwo kple sɔdola geɖe fũu menɔ Etiopiatɔwo kple Libiatɔwo si hafi oa? Ke esi nède me Aƒetɔ la, ɖe nyemena nèɖu wo dzi oa? 9Kpɔ ɖa, Aƒetɔ kpɔa nu le afi sia afi le xexea me godoo, bene yeado ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo. Èwɔ bometsinu le esia me, eya ta tso azɔ heyina la aʋa anɔ dowòme.” 10Tete Asa do dziku ɖe nukpɔla la ŋu vevie, eye wòna wodee atikpofɔblanu kpekpe me, ɖe gaxɔ me. Asa sẽ ŋuta le dukɔmevi bubuwo hã ŋu le ɣe ma ɣi me.
Asa ƒe nuwuwu
(Fia I, 15.23-24)
11Asa ƒe ŋutinya mamlɛawo tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwua la, woŋlɔ wo ɖe Yuda kple Israel-fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ la me. 12Le Asa ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla etɔ̃ vɔ asiekelia me la, edze afɔdɔ sesẽ aɖe si wɔ fui ŋutɔ. Le dɔléle sia me gɔ̃ hã la, medi Aƒetɔ o, ke boŋ edi atikewɔlawo ƒe kpekpeɖeŋu. 13Asa ku le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè bla ene vɔ ɖekɛlia me, 14eye woɖii ɖe yɔdo si eya ŋutɔ ɖe na eɖokui ɖe David ƒe dua me la me. Wotsɔ atike ʋeʋẽe ƒomevi vovovo siwo ami ʋeʋẽe ɖala adodoewo wɔ la de eƒe aba me. Wodo dzo gã aɖe tsɔ de bubu eŋu le kunua wɔwɔ me.