رفتن به محتوا

Kronika II 13

13
Abiya wɔ aʋa kple Yerobeam
(Fia I, 15.1-8)
1Le fia Yerobeam ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè wui enyilia me la, Abiya zu fia le Yuda. 2Eɖu fia ƒe etɔ̃ le Yerusalem. Nɔa ŋkɔe nye Mixaya; enye Uriel si tso Gibea vinyɔnu.
Aʋa nɔ Abiya kple Yerobeam dome. 3Abiya dze aʋa kple aʋakalẽ tiatia akpe alafa ene, eye Yerobeam ɖe aʋakalẽ tiatia akpe alafa enyi ɖakpe aʋa kplii. 4Abiya tsi tsitre ɖe Zemarayim-to kɔgo le Efrayim-tonyigba dzi, eye wògblɔ be: “Yerobeam kple Israelviwo katã, miɖo to miasee! 5Ðe mienyae be Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, tsɔ Israel-fiaɖuƒe la na David kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, to dzenubabla me oa? 6Ke Yerobeam, Nebat vi, si nye David vi, Salomo ƒe dɔla la, dze aglã ɖe eƒe aƒetɔ ŋu. 7Yakame kple ame ɖigbɔ ƒe vi aɖewo hã ƒo ƒu ɖe eŋu, eye wodo dzi tsi tre ɖe Rexabeam, Salomo vi ŋu. Ke esi Rexabeam nye ɖevi eye dzi mele eƒo o ta la, mete ŋu nɔ te ɖe wo nu o.
8“Azɔ miebu be yewoate ŋu anɔ te ɖe Aƒetɔ ƒe fiaɖuƒe si le David ƒe dzidzimeviwo si me la nu, elabe miesɔ gbɔ fũu eye sikanyivi siwo Yerobeam tsɔ wɔ mawuwo na mi la le mia gbɔ ta. 9Menye miawoe nyà Aƒetɔ ƒe nunɔlawo, Aron kple Levi ɖa le mia dome eye mieɖo nunɔlawo na mia ɖokui ɖe wo teƒe abe anyigba bubu dzi tɔwo ene oa? Ame sia ame si nyatsɔ nyitsui ɖeka kple agbo adrẽ vɛ be woaɖo ye ko la, wotsɔnɛ ɖoa mawu manye mawuwo ƒe nunɔlae. 10Ke míawo ya la, Aƒetɔ ye nye mía Mawu; míetrɔ le eyome o. Ẽ, Aron ƒe dzidzimeviwo nye nunɔla siwo subɔa Aƒetɔ, eye Levi viwoe le subɔsubɔdɔwo nu. 11Ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ la, wotɔa dzo lifi, eye wosaa numemevɔ na Aƒetɔ. Wodaa abolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi, eye wosia akaɖi siwo le sikakaɖitiawo dzi la fiẽ sia fiẽ, elabe míawo míelé Aƒetɔ, mía Mawu la, ƒe dɔdeasia me ɖe asi; ke miawo ya mietrɔ le eyome. 12Kpɔ ɖa, Mawu le mía dzi, eye wònye mía kplɔla, eye eƒe nunɔlawo le klalo be yewoaku aʋakpẽwo ɖe mia ŋu. O Israelviwo, migawɔ aʋa kple mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la o, elabe madze edzi na mi o.”
13Ke Yerobeam na xadelawo ƒo xlã wo be yewoadze wo dzi to megbe; ale be Yerobeam ƒe aʋakɔwo le Yuda ŋgɔ, eye xadelawo le megbe. 14Kasia Yuda-ʋakɔ be yeakpɔ la, woxaxa wo ɖe domedome. Tete wodo ɣli yɔ Aƒetɔ, eye nunɔlawo ku kpẽawo. 15Yuda-ʋakɔa do aʋaɣli. Eva eme be esi Yuda-ŋutsuwo do ɣli la, Mawu si Yerobeam kple Israel-ʋakɔ la katã le Abiya kple Yuda ŋgɔ. 16Israel-ʋakɔ sí le Yuda-ʋakɔa nu, eye Mawu na woɖu wo dzi. 17Abiya kple eƒe aʋakɔ ɖu wo dzi keŋkeŋ; wowu Israel-ʋawɔla tiatia akpe alafa atɔ̃ sɔŋ. 18Ale wobɔbɔ Israelviwo ɖe anyi. Yudatɔwo kpɔ ŋusẽ elabe woɖo dzi ɖe wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ŋu. 19Abiya ti Yerobeam kple eƒe aʋakɔ la yome ɖaxɔ du siawo: Betel, Yesana kple Eron kpakple wo ŋu kɔƒewo. 20Ŋusẽ megaɖo Yerobeam ŋu kpɔ le Abiya ŋɔli o. Mlɔeba Aƒetɔ ƒoe ƒu anyi, wòku. 21Ke ŋusẽ ɖo Abiya ŋu, eye wòli ke. Eɖe srɔ̃ wui ene, eye wòdzi ŋutsuvi bla eve vɔ eve kple nyɔnuvi wui ade. 22Abiya ƒe ŋutinya mamlɛawo, eƒe nuwɔnawo kple eƒe nyawo la, woŋlɔ wo ɖe Mawu ƒe gbeƒãɖela Ido ƒe Ŋutinyagbalẽ me.