Kronika II 1
1
Fia Salomo bia nunya kple sidzedze
(Fia I, 3.1-15)
1Salomo, David vi la li ke eɖokui ɖe eƒe fiaɖuƒe la me, eye Aƒetɔ, eƒe Mawu nɔ kplii, eye wòwɔe gã ŋutɔ.
2Salomo yɔ Israel blibo la ƒo ƒui: ame akpewo kple ame alafawo ƒe nunɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, Israel-dukɔa kplɔlawo katã kple ƒometatɔwo. 3Ameha blibo la kpe ɖe Salomo ŋu, woyi vɔsaƒe le Gibeon. Afi mae godoƒegbadɔ si Aƒetɔ ƒe dɔla Mose wɔ le gbedadaƒo la le. 4Ke Mawu ƒe nubablaɖaka la ya, David ɖatsɔe tso Kiryat-Yearim va agbadɔ si wòwɔ nɛ ɖe Yerusalem la me. 5Akɔblivɔsamlekpui si Bezaleel, Uri vi, si nye Xur tɔgbuiyɔvi ɖi la le Aƒetɔ ƒe agbadɔ la ŋgɔ le Gibeon. Salomo kple ameha la katã yi afi ma ɖadi Aƒetɔ. 6Salomo te ɖe akɔblivɔsamlekpui si le Aƒetɔ ƒe agbadɔa me la ŋu, eye wòsa numemevɔ akpe ɖeka le edzi.
7Gbe ma gbe ƒe zã me la, Mawu ɖe eɖokui fia Salomo, eye wògblɔ nɛ be: “Bia nu si mana wò lam.” 8Salomo gblɔ na Mawu be: “Ève tɔ́nye David nu ŋutɔ, eye nètsɔm ɖo fia ɖe eteƒe. 9#Mos I, 13.16; 28.14. O Aƒetɔ, Mawu, azɔ la, wɔ ŋugbe si nèdo na tɔ́nye David la dzi. Dukɔ si nu nètsɔm ɖo fiae la me nɔlawo sɔ gbɔ abe anyigbake ene. 10Azɔ na nunya kple sidzedzem, bene mate ŋu awɔ nu sia nu nyuie le dukɔ sia ŋgɔ. Elabe esiawo manɔmee la, ame ka ate ŋu aɖu wò dukɔ gã sia dzi?” 11Mawu gblɔ na Salomo be: “Esi wònye nu siae le dzime na wò, eye mèbia nunɔamesi, alo kesinɔnu, alo bubu o; mèbia ame siwo lé fu wò la ƒe ku o; mèbia agbe didi o, ke boŋ nèbia nunya kple sidzedze ne nàte ŋu akplɔ nye dukɔ si nu meɖo wò fiae ɖo la, 12eya ta metsɔ nunya kple sidzedze na wò. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, metsɔ nunɔamesi kple kesinɔnu kpakple bubu na wò. Fia siwo do ŋgɔ na wò kple esiwo adze yowòme la, dometɔ aɖeke tɔ made tɔwò nu o.”
Fia Salomo ƒe ŋusẽ kple kesinɔnuwo
(Fia II, 10.26-29)
13Salomo gbɔ tso vɔsaƒe kple godoƒegbadɔ la gbɔ le Gibeon va Yerusalem, eye wòɖu fia ɖe Israel dzi.
14 #
Fia I, 4.26. Salomo ƒo tasiaɖamwo kple sɔwo nu ƒu wode tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene kple sɔ akpe wui eve. Etsɔ wo ɖo tasiaɖamdu tɔxɛwo me kple fia la ŋutɔ gbɔ le Yerusalem. 15Fia la wɔe be klosalo kple sika bɔ ɖe Yerusalem abe kpe ene, eye sederti sɔ gbɔ ɖi abe sikamorti le bali me ene. 16#Mos V, 17.16. Woƒle Salomo ƒe sɔwo tso Egipte kple Kue. Fia la ƒe asitsalawo ƒlea sɔawo le Kue ɖe asi aɖe dzi. 17Ne wotsɔ wo va Egipte la, woɖadzraa tasiaɖam ɖeka klosaloga alafa ade, sɔ ɖeka klosaloga alafa ɖeka bla atɔ̃ na Xiti-fiawo katã kple Siria-fiawo.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.