رفتن به محتوا

Samuel I 30

30
Israelviwo wɔ aʋa kple Amalekitɔwo
1Esi David kple eƒe amewo gbɔ va Ziklag le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wokpɔ be Amalekitɔwo va dze anyigbemenyigba dzi le Yuda, si Ziklag-dua, tɔ dzoe, 2eye woɖe aboyo nyɔnuwo katã. Womewu ame aɖeke ya o, ke boŋ wolé ame sia ame le dua me hekplɔ dzoe. 3Azɔ esi David kple eƒe amewo va ɖo la, wokpɔ be wotɔ dzo dua eye wokplɔ yewo srɔ̃wo, yewo viŋutsuwo kple yewo vinyɔnuwo dzoe. 4Tete David kple eƒe ameawo fa avi kple ɣli ʋuu va se ɖe esime ɖeɖi te wo ŋu, avi meganya le fafam na wo o. 5#Sam I, 25.42, 43.Wokplɔ David srɔ̃ eveawo, Axinoam kple Abigail, hã dzoe. 6David xaxa ŋutɔ elabe eƒe ameawo le veve sem vevie le wo vi siwo bu la ta, eye wodi be yewoaƒu kpee gɔ̃. Ke David ɖo dzi ɖe Aƒetɔ, eƒe Mawu la ŋu eye wòna wòlé dzi ɖe ƒo.
7 # Sam I, 22.20-23. David gblɔ na nunɔla Abyatar, Aximelex vi be: “Tsɔ kɔmewu la vɛ nam!” eye Abyatar tsɔe yi nɛ. 8David bia nu Aƒetɔ be: “Mati adzoha la yomea? Matu woa?” Eɖo eŋu nɛ be: “Ti wo yome. Èle wo tu ge axɔ ameawo le wo si.” 9Tete David kple eŋume alafa adeawo dze mɔ, eye esi wova ɖo Besor-tɔʋu nu la, wo dome ame aɖewo tsi afi ma. 10David kple ame alafa ene ti wo yome, ke ame alafa eve tsi tɔʋua nu elabe ɖeɖi te wo ŋu ale gbegbe be womate ŋu atso tɔa o.
11David ŋumewo kpɔ Egipte-ŋutsu aɖe le gbe me, eye wokplɔe va David gbɔe. Wona aboloe wòɖu eye woku tsi nɛ wòno. 12Woka gbotsetsebolo eye wotsɔ waintsetse ƒuƒu kpe ɖe eŋu nɛ wòɖu. Esi wòɖu nua vɔ la, ŋusẽ gaɖo eŋu, elabe ŋkeke etɔ̃ sɔŋ nye ekem megano tsi alo ɖu naneke kpɔ o. 13David biae be: “Ame kae nye wò aƒetɔ, eye afi ka nètso?” Eɖo eŋu be: “Egiptetɔe menye, henye Amalekitɔ aɖe ƒe dɔla. Medze dɔ eya ta nye aƒetɔ gblẽm ɖi dzo, egbee nye ŋkeke etɔ̃a gbe. 14Míeyi ɖadze Kretitɔwo dzi le Yuda ƒe anyigbeme kple Kaleb to ƒe anyigba dzi eye míetɔ dzo Ziklag-du.” 15David biae be: “Màkplɔm ayi adzohaawo gbɔe oa?”
Eɖo eŋu be: “Ne àtà Aƒetɔ nam be yemawum o, eye yematsɔm ade asi na nye aƒetɔ hã o la, ekema makplɔ wò ayii.”
16Ale wòkplɔ David yi wo gbɔe. Ameawo kaka ɖe teƒea katã le nu ɖum, le nu nom eye wole ɣe ɖum le dzidzɔ kpɔm le aboyonu geɖe si woha tso Filistitɔwo ƒe anyigba dzi kple Yuda la ŋuti. 17Tete David dze wo dzi, wɔ avu kpli wo tso esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm gbe ma gbe va se ɖe evea gbe fiẽ. Ewu wo keŋkeŋ negbe ɖekakpuivi alafa ene siwo do sɔ sí dzo la ko. 18David xɔ nu siwo katã Amalekitɔwo ha dzoe la, eye wòxɔ srɔ̃a eveawo hã. 19Naneke mebu o. Exɔ eƒe ameawo ƒe viŋutsuwo kple vinyɔnuwo kple nu siwo katã Amalekitɔwo ha dzoe la hã gbɔe. 20David xɔ alẽwo kple nyiwo hã. Eƒe ameawo kplɔ wo dze lãha bubuawo ŋgɔ gblɔ be: “David ƒe aboyonue nye esia!”
21David gbugbɔ yi ame alafa eve siwo ŋu ɖeɖi te vevie ale be womete ŋu yi kplii o, eye wotsi Bosor-tɔʋu nu la gbɔ. Wova kpe David kple eƒe ameawo, eye David zɔ ɖe wo dzi hedo gbe na wo. 22Ke ame vlo kple yakame siwo le ame siwo David kplɔ de nua gbee dome la gblɔ na David be: “Womede kpli mí o, eya ta míana aboyonuawo ƒe ɖeke wo o; wonekplɔ wo srɔ̃wo kple wo viwo ko ne woayi.” 23Ke David gblɔ be: “Nɔvinyewo, mele be míawɔ nu si Aƒetɔ tsɔ na mí la nenema o. Ekpɔ mía ta míele dedie eye wòna míeɖu adzoha siwo va dze mía dzi heha míaƒe nuwo la dzi. 24Ame aɖeke malɔ̃ ɖe nya sia dzi na mi akpɔ o. Ele be mí katã míama aboyonuawo sɔsɔe: ele be nu si aʋadela axɔ la nasɔ kple esi ame si tsi nuawo gbɔ la axɔ.” 25David na nya sia va zu ɖoɖo kple se na Israel-dukɔ tso gbe ma gbe dzi va se ɖe egbe.
26Esi David gbɔ va Ziklag la, eɖo aboyonuawo ƒe ɖewo ɖe xɔlɔ̃awo, siwo nye Yuda-me tsitsiwo. Egblɔ kpe ɖe nuawo ŋu be: “Nunana sia la, tɔwòe. Etso aboyonu siwo mexɔ le Aƒetɔ ƒe futɔwo si la me.” 27Eɖoe ɖe ame siwo le Betel, ame siwo le Ramot le Yuda ƒe anyigbeme kple ame siwo le du siwo gbɔna la me: Yatir, 28Sifmot, Estemoa 29kple Raxal. Eɖoe ɖe ame siwo le Yeraxmeelitɔwo kple Kenitɔwo ƒe duwo me hã. 30Egaɖoe ɖe ame siwo le Xorma, Borasan, Atax 31kple Xebron kpakple teƒe siwo katã David kple eƒe amewo to va yi la.