Samuel I 28
28
1Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Filistitɔwo ƒo woƒe aʋakɔwo nu ƒu be yewoawɔ aʋa kple Israel. Axis gblɔ na David be: “Nyae be wò kple wò amewo miele aʋa wɔ ge na mí.” 2David gblɔ na Axis be: “Menya nyuie. Wò dɔla menye. Lala nàkpɔ nu si mate ŋu awɔ la ɖa.”
Axis gblɔ be: “Enyo! Matsɔ wò nànye ŋunyedzɔla va se ɖe wò kugbe.”
Saul yi ŋɔliyɔlawo gbɔ
3 #
Sam I, 25.1. #
Mos III, 20.27; Mos V, 18.10, 11. Azɔ Samuel ku, eye Israel blibo la fa nɛ, eye woɖii ɖe Rama, wo dedu me. Emegbe Saul nyà ŋɔliyɔlawo kple afakalawo ɖa le Israel-nyigba dzi. 4Filistitɔwo kpe ta va ƒu asaɖa anyi ɖe Sunem; Saul hã ƒo Israel blibo la nu ƒu, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilboa. 5Esi Saul kpɔ Filistitɔwo ƒe aʋakɔa la, evɔ̃, eye dzika tso eƒo ŋutɔ. 6#Mos IV, 27.21.Ale Saul bia Aƒetɔ be wòagblɔ nu si wòle be yeawɔ la na ye. Gake Aƒetɔ meɖo eŋu nɛ le drɔ̃e me loo, alo to Urim kple Tumim dzi loo, alo to Mawu ƒe gbeƒãɖelawo dzi o. 7Tete Saul gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Midi nyɔnu ŋɔliyɔla aɖe nam, ne mayi egbɔ aɖabia nui ase.” Eƒe dɔlawo gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, ŋɔliyɔla aɖe le En-Dor.”
8Tete Saul do awu bubuwo be womagadze sii o, eye esi zã do la, eya kple ŋutsu eve woyi nyɔnu la gbɔ. Egblɔ na nyɔnua be: “Ka nu, ne nàyɔ ŋɔli nam. Kplɔ ame si ŋkɔ mayɔ na wò la vɛ nam.” 9Nyɔnua gblɔ be: “Kpɔ ɖa, nu si fia Saul wɔ la le nyanya na wò nyuie. Ena ŋɔliyɔla kple afakala aɖeke megale Israel-nyigba dzi o. Nu ka ta nèle mɔ̀ trem nam be yealé awu?”
10Tete Saul tà nu gblɔ be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la be, ne mena wohe to na wò fĩi!” 11#Sir 46.20.Nyɔnua biae be: “Ame ka yɔ ge mala na wò?” Eɖo eŋu be: “Yɔ Samuel nam.” 12Esi nyɔnua kpɔ Samuel la, edo ɣli sesĩe eye wògblɔ na Saul be: “Nu ka ta nèblem? Ke wòe nye Saul hafi!” 13Ke fia la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o. Nu kae nèkpɔ?” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Mekpɔ mawu aɖe si le dodom tso anyigba tu me.” 14Saul biae be: “Ale ke wòle?” Nyɔnua ɖo eŋu be: “Ame tsitsi aɖee do gbɔna. Edo awu ʋlaya.” Saul nya be Samuel ye, eya ta ede ta agu eye wòbɔbɔ. 15Samuel gblɔ na Saul be: “Nu ka ta nèɖe fu nam? Nu ka ta nèna wokplɔm vɛ?”
Saul ɖo eŋu be: “Meɖo xaxa me ŋutɔ. Filistitɔwo le aʋa wɔm kplim, ke Mawu trɔ le yonyeme. Megale nya ŋu ɖom nam to eƒe gbeƒãɖelawo dzi loo, alo to drɔ̃e me azɔ o. Esia ta mena woyɔ wò vɛ, ne nàgblɔ nu si wòle be mawɔ la nam.” 16Samuel gblɔ be: “Ne Aƒetɔ trɔ le yowòme hezu wò futɔ la, nu ka ta nàva nɔ gbe biamem? 17#Sam I, 15.28.Nya si Aƒetɔ gblɔ nam be magblɔ na wò la dzie wòwɔ. Exɔ fiaɖuƒe la le asiwò hetsɔ na David. 18#Sam I, 15.3-9.Nu si ta Aƒetɔ le nu sia wɔm egbe ɖoe nye be ègbe eƒe gbe dzi wɔwɔ. Esi wòdo dziku ɖe Amalekitɔwo ŋu, eye wògblɔ na wò be nàtsrɔ̃ wo keŋkeŋ la, mèɖo toe o. 19Azɔ atsɔ wò kple Israel-dukɔa ade Filistitɔwo si. Etsɔ la, wò kple viwò ŋutsuwo miava gbɔnye, eye woatsɔ Israel ƒe aʋakɔ la ade asi na Filistitɔwo.”
20Enumake Saul dze anyi dra legbee ɖe anyigba, elabe Samuel ƒe nyawo na vɔvɔ̃ ɖoe ŋutɔ. Egbɔdzɔ elabe meɖu naneke gbe ma gbe kple zã blibo la o. 21Esi nyɔnua va egbɔ la, ekpɔ be dzidzi ƒoe ŋutɔ. Tete wògblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, mewɔ wò nya dzi wu ɖokuinye kloe. 22Azɔ wɔ nu si gblɔ ge mala na wò. Nà mawɔ nuɖuɖu aɖe na wò. Ehiã be nàɖu nu ŋusẽ nagaɖo ŋuwò hafi nàdzo.” 23Ke Saul gbe gblɔ be yemele naneke ɖu ge o. Eŋumeawo kple nyɔnua ƒoe ɖe enu ʋuu hafi wòlɔ̃. Etso le anyigba eye wòbɔbɔ nɔ aba dzi. 24Nyɔnua wɔ kaba wu nyivi dami si le esi le aƒea me. Eku wɔ tsɔ wɔ abolo maʋamaʋãe. 25Eɖo nuɖuɖua Saul kple eŋumeawo kɔme woɖu. Esi woɖu nua vɔ la, wodzo le zã ma ke me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.