Samuel I 26
26
David gakpɔ nublanui na Saul
1Siftɔwo va Saul gbɔ le Gibea biae be: “David meva ɣla eɖokui ɖe Xavila-togbɛ si le Yesimon ƒe ɣedzeƒe la dzi oa?” 2Tete Saul ɖe kalẽtɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wodze mɔ yi Sif-gbedadaƒo be yewoaɖadi David. 3Saul ƒu asaɖa anyi ɖe Xavila-togbɛ si le mɔ si le Yesimon ƒe ɣedzeƒe gome la xa; ke David ya tsi gbedadaƒo la. Esi wòkpɔ be Saul ti ye yome va gbedadaƒoa la, 4edɔ ŋkutsalawo ɖa eye wode gbɔ va gblɔ nɛ be Saul le gbea dzi nyateƒe. 5David yi enumake ɖakpɔ afi si tututu Saul kple eƒe aʋakplɔla Abner, Ner vi la mlɔ anyi ɖo. Saul mlɔ anyi ɖe asaɖa la me eye eƒe amewo ƒo xlãe godoo.
6Tete David bia Xititɔ Aximelex kple Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi la be: “Mia dometɔ kae ayi Saul ƒe asaɖa me kplim?” Abisai ɖo eŋu be: “Mayi kpli wò.” 7Ale le gbe ma gbe ƒe zã me la, David kple Abisai ge ɖe Saul ƒe asaɖa la me. Wokpɔe wòdɔ alɔ̃ klenee ɖe asaɖa la titina; etsɔ eƒe akplɔ tu anyi ɖe eƒe tade. Abner kple aʋawɔlaawo ƒo xlãe. 8Tete Abisai gblɔ na David be: “Mawu tsɔ wò futɔ de asi na wò egbe ƒe zã. Eya ta nà matsɔ akplɔ la tu edzi, zi ɖeka pɛ ko, amimii ɖe anyigba; nyemele eda ge zi eve o.” 9Ke David gblɔ nɛ be: “Mègawui o! Elabe ame ka aka asi Aƒetɔ ƒe amesiamina ŋu eye maɖi fɔ o?” 10David gblɔ yi edzi be: “Metà Aƒetɔ gbagbe la: Ne Aƒetɔ mewui o la, eƒe ŋkeke ade wòaku loo, alo ayi aʋa woawui. 11#Sam I, 24.6.Aƒetɔ megana maka asi Aƒetɔ ƒe amesiamina ŋu o. Ke tsɔ akplɔ si le eƒe tade kple tsizea ne míadzo.” 12Ale David tsɔ akplɔa kple tsizea le Saul ƒe tade eye wodzo. Ame aɖeke mekpɔe loo, alo nya nu si dzɔ o. Ame aɖeke menyɔ gɔ̃ hã o; wo katã wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, elabe Aƒetɔ na wodɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi.
13Azɔ David yi ɖe balia ƒe go kemɛ dzi tsi tsitre le adzɔge le togbɛ la dzi eye wo dome didi. 14Tete wòyɔ aʋakɔ la kple Abner, Ner vi ɖa be: “Abner! Mèle tɔtɔ ge oa?” Abner bia be: “Ame ka nye ekem le ɣli dom lelele ɖe fia ta?” 15David ɖo eŋu be: “Abner, ɖe menye wòe nye kalẽtɔ gãtɔ le Israel oa? Nu ka ta màte ŋu adzɔ wò aƒetɔ, fia la ŋu o? Kpɔ ɖa, ame aɖe tso dukɔ la me ge ɖe asaɖa la me be yeawu wò aƒetɔ. 16Abner, mèwɔ wò dɔ o. Metà Aƒetɔ gbagbe la: Mi ame siawo katã miedze na ku, elabe miedzɔ miaƒe aƒetɔ, Aƒetɔ ƒe amesiamina la ŋu o. Kpɔ ɖa! Fia ƒe akplɔ la ɖe? Tsize si le eƒe tade la hã ɖe?”
17Saul dze sii be David ƒe nuƒoe eye wòbia be: “Vinye David, wòea?”
David ɖo eŋu be: “Ẽ, nye aƒetɔ fia.” 18Egblɔ yi edzi be: “Nye aƒetɔ, nu ka ta nègale, wò dɔla yome tim kokoko? Nu kae mewɔ? Vɔ̃ kae le ŋunye? 19Azɔ fia bubutɔ, se nya si medi be magblɔ. Ne Aƒetɔ na nètsi tre ɖe ŋunye la, vɔsasa nɛ ana magawɔ nu si wòɖo be yeawɔ la o. Evɔ nenye amewoe wɔe la, Aƒetɔ ƒe fiƒode neɖi wo ŋu. Elabe wonyàm ɖa egbe tso Aƒetɔ ƒe anyigba dzi be mayi aɖasubɔ mawu bubuwo le dzronyigba dzi. 20Eya ta azɔ la, mègana woawum le dzronyigba dzi afi si Aƒetɔ mele o. Nu ka ta wòle be Israel-fia nado va be yeawu nye, si le abe dosu ene? Nu ka ta wòanɔ yonyeme tim abe tegli ene le towo dzi?”
21Saul ɖo eŋu be: “Mewɔ nuvɔ̃. Gbugbɔ, vinye David, nyemagawɔ vɔ̃ aɖeke wò azɔ o, elabe àte ŋu awum egbe hafi, ke esi nye agbe le vevie na wò ta, mèwum o. Kpɔ ɖa, mewɔ lãnu! Meda vo ŋutɔ!” 22David ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa, wò akplɔe nye esi. Nà ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka nava afii ava xɔe. 23Aƒetɔ ɖoa eteƒe na nu dzɔdzɔe wɔlawo kple nuteƒewɔlawo. Aƒetɔ tsɔ wò de asi nam egbe, gake nyemaka asi Aƒetɔ ƒe amesiamina ŋu o. 24Kpɔ ɖa, abe ale si wò agbe le vevie nam nyemewu wò o egbe ene la, nye hã tɔnye nenɔ vevie na Aƒetɔ nenema ale be wòaɖem le nye fukpekpewo katã me.” 25Saul gblɔ na David be: “Mawu neyra wò, vinye David! Àwɔ nu geɖewo eye àkpɔ dzidzedze le wo me.”
Ale David gayi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye Saul trɔ yi aƒe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.