Samuel I 22
22
Nunɔlawo wuwu
1David sí le Gat-dua me eye wòyi ɖe agado si te ɖe Adulam-du ŋu la me. Esi nɔvia ŋutsuwo kple eƒe ƒometɔ mamlɛawo se be ele afi ma la, woyi ɖakpe ɖe eŋu. 2Ame siwo le xaxa me, fenyilawo kple ame siwo mekpɔ dzidzeme le agbe me o la hã yi ɖale egbɔ le afi ma, eye wòzu woƒe tatɔ. Wo katã ƒe xexlẽme ade alafa ene.
3David dzo le afi ma eye wòyi Mizpa le Moab-nyigba dzi eye wòɖagblɔ na Moab-fia be: “Meɖe kuku, medi be nàna tɔ́nye kple nɔnye naʋu ava nɔ mia gbɔ va se ɖe esime manya nu si Aƒetɔ le wɔwɔ ge nam.” 4Ale David gblẽ edzilawo ɖe Moab-fia la gbɔ, eye wonɔ afi ma ŋkeke siwo katã David yi ɖanɔ agadoa me. 5Tete Mawu ƒe gbeƒãɖela Gad va David gbɔ eye wògblɔ nɛ be: “Mègatsi agado sia me o; ʋu nàyi Moab-nyigba dzi.” Ale David dzo le afi ma eye wòyi ɖe ave me le Xaret.
6Saul se be wokpɔ David kple ŋutsu siwo le eŋu la. Saul bɔbɔ nɔ ati aɖe te le togbɛ aɖe dzi, le Gibea lé eƒe akplɔ ɖe asi, eye eƒe subɔlawo katã le tsitre ƒo xlãe. 7Saul gblɔ na eƒe subɔla siwo le tsitre ƒo xlãe la be: “Mi Benyamin viwo, miɖo to miase. Ðe miebu be Isai vi la atsɔ agble kple wainbɔwo na mi katã? Ðe miebu be aɖo mi katã amegãwoe, amewo ɖe ame akpe nu, eye amewo hã ɖe ame alafa nua? 8Esiawoe miebu tae mi katã miewɔ ɖeka heɖo nugbe ɖe ŋunyea? Esime vinye wɔ ɖeka kple Isai vi la la, mia dometɔ aɖeke mefi tofi nam o. Nye nya meka mia dometɔ aɖeke wòahayi tofi fi ge nam, be nye ŋutɔ vinye, na nye dɔla tso ɖe ŋunye eye wòde xa ɖi nam kpɔ o va se ɖe egbe.” 9#Sam I, 21.7-9.Doeg tsi tsitre ɖe Saul ƒe dɔlawo gbɔ eye wòɖo nyaa ŋu be: “Isai vi la va Aximelex, Axitub vi la gbɔ le Nob, mekpɔ. 10Aximelex bia nu ta na David le Aƒetɔ gbɔ. Emegbe la, ena nuɖuɖu aɖewo David eye wòtsɔ Goliat, Filistitɔ la ƒe yia nɛ.”
11Tete Saul dɔ ame ɖa be woayi aɖayɔ nunɔla Aximelex kple eƒe ƒometɔwo katã, siwo hã nye nunɔlawo le Nob la vɛ, eye wo katã wova egbɔ. 12Saul gblɔ na Aximelex be: “Axitub vi, ɖo to nàse nya sia!” Eɖo eŋu be: “Mele to dzi, nye amegã!” 13Saul biae be: “Nu ka ta wò kple David miewɔ ɖeka heɖo nugbe ɖe ŋunye? Nu ka ta nètsɔ nuɖuɖu kple yi nɛ eye nèbia nu Mawu nɛ? Èkpɔea? Azɔ la, etso ɖe ŋunye eye wòle ŋudzɔ le mɔnu dim le ŋunye fifi laa be yeawum.” 14Aximelex ɖo eŋu be: “Ame aɖeke mele wò ŋutimewo dome si wɔa nuteƒe abe David ene o. Azɔ wò ŋutɔ towòe eye wòganye wò ŋutimewo ƒe amegã. Gawu la, ame sia ame bunɛ ŋutɔ le aƒewò me. 15Ele eme baa be mebia nu Mawu nɛ, gake menye egbee nye zi gbãtɔ o. Fia bubutɔ, mègada nya ɖe nye loo, alo nye ƒometɔ aɖeke dzi be míeɖo nugbe ɖe ye ŋu o. Nyemenya naneke le nya blibo la ŋuti o.” 16Fia la gblɔ be: “Aximelex, wò kple wò ƒometɔwo katã miaku!” 17Tete fia la gblɔ na eŋudzɔla siwo le tsitre ɖe egbɔ la be: “Miwu Aƒetɔ ƒe nunɔlaawo! Wowɔ ɖeka kple David ɖo nugbe ɖe ŋunye. Wonya be ɖe wòsí gake womeva fi tofi nam o.” Ke eŋudzɔlaawo gbe be yewomawu Aƒetɔ ƒe nunɔlaawo o. 18Fia la gblɔ na Doeg be: “Wòa te yi nàwu wo!” Enumake Doeg wu wo katã. Ewu nunɔla bla enyi vɔ atɔ̃ siwo do aklalakɔmewu la gbe ma gbe. 19Azɔ Saul ɖe gbe be woawu nunɔlawo katã le Nob-du me. Ale wowu ame sia ame le dua me: ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple vidzĩwo, nyiwo, tedziwo kple alẽwo.
20Ke Abyatar, Aximelex viwo dometɔ ɖeka ya sí yi David gbɔ. 21Egblɔ ale si Saul wu Aƒetɔ ƒe nunɔlaawoe la na David. 22David gblɔ nɛ be: “Esi mekpɔ Doeg le afi ma gbe ma gbe la, menya be eyina nya aɖe gblɔ ge na Saul godoo. Eya ta nye nuwɔnae na wowu wò ƒometɔwo katã. 23Nɔ gbɔnye eye mègavɔ̃ o, elabe ame si le diyem be yeawu la, eya kee di wò hã be yeawu. Ne èle gbɔnye la, ànɔ dedie.”
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.