Samuel I 1
1
Elkana kple eƒe ƒome le Silo
1Ŋutsu aɖe nɔ Ramataim-Zofim si nye du aɖe le Efrayim-tonyigba dzi. Eŋkɔe nye Elkana eye wònye Yeroxam vi. Yeroxam tɔ́e nye Elihu, eye tɔgbuia ŋkɔe nye Tohu, ame si nye Zuf vi tso Efrayim-to la me. 2Srɔ̃ eve nɔ Elkana si. Ðeka ŋkɔe nye Xana, eye evelia ŋkɔe nye Penina. Penina dzi vi, ke Xana ya medzi vi aɖeke o.
3Azɔ ƒè sia ƒè la, Elkana tsoa wo dedu me yia Silo ɖasubɔna eye wòsaa vɔ na Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la. Silo, afi siae Eli viŋutsuvi eveawo, Hofni kple Pinehas, nye Aƒetɔ ƒe nunɔlawo le. 4Gbe si gbe Elkana sa vɔ la, enaa vɔsalã ƒe akpa aɖe srɔ̃a Penina, eye wòganaa via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo dometɔ ɖe sia ɖe. 5Togbɔ be elɔ̃ Xana ŋutɔ hã la, vɔsalãa ƒe akpa ɖeka ko wònanɛ elabe Aƒetɔ na medzi vi o. 6Atsusia, Penina, ɖiaa enu eye wòdoa dziku nɛ vevie ɖe ale asi Aƒetɔ na medzi vi o la ta. 7Aleae nuwo nɔ edzi yimee ƒè sia ƒè. Ne wonyayina vɔ sa ge na Aƒetɔ ko la, Penina doa dziku na Xana godoo. Le esia ta Xana faa avi eye wògbea nuɖuɖu. 8Ale srɔ̃a Elkana bianɛ be: “Xana, nu ka ta nèle avi fam? Nu ka ta nègbe nuɖuɖu? Nu ka ta wò dzi le nu xam? Ðe nyemewú viŋutsuvi ewo na wò oa?”
Xana kple Eli
9Esi woɖu nu eye wono nu vɔ le Silo la, Xana tso. Ɣe ma ɣi la Eli, nunɔla la, bɔbɔ nɔ zikpui dzi le Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ ƒe ʋɔtru nu. 10Xana nɔ nu xam vevie, eye wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ henɔ avi fam hehehe. 11#Mos IV, 6.5. Xana ɖe adzɔgbe gblɔ be: “Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ne àkpɔ wò nyɔnudɔla ƒe fukpekpe ɖa, eye àɖo ŋku dzinye, eye màŋlɔ wò nyɔnudɔla be o, eye àna viŋutsuvi wò nyɔnudɔla la, ekem matsɔe ana wò le eƒe agbenɔɣi katã. Talũhɛ aɖeke maka eƒe ta ŋu o.”
12Esi wòganɔ gbea dom ɖa kokoko le Aƒetɔ ŋkume la, Eli lé ŋku ɖe eƒe nu ŋu. 13Xana nɔ nu ƒom le eƒe dzime, eƒe nu koe nɔ ʋaʋãm, ke eƒe gbe meɖi woase o, eya ta Eli bui nyɔnu ahamula aɖee. 14Egblɔ na Xana be: “Ɣe ka ɣi gɔ̃ aha akɔ le wò ŋkume? Dzudzɔ ahanono dzro!”
15Ke Xana ɖo eŋu nɛ be: “Gbeɖe, nye amegã, nyɔnu nuxala aɖe menye. Menye wain alo aha sesẽ aɖekee meno o, ke boŋ nye dzimenyawo ko ɖem mele na Aƒetɔ. 16Mègabu wò nyɔnudɔla nyɔnu maɖɔʋui o, elabe va se ɖe fifi la, dzimaɖi gã kple dziɖunya ko gblɔm mele.” 17Tete Eli gblɔ nɛ be: “Heyi le ŋutifafa me. Israel ƒe Mawu ana nu si nèbiae la wòasu asiwò.” 18Egblɔ be: “Ne ànya ve wò nyɔnudɔla la nu ko.” Emegbe nyɔnua dzo, eye wòyi ɖaɖu nu. Eƒe dzedzeme trɔ, eye megaɖi ame si le veve sem la o.
Samuel dzidzi kple etsɔtsɔ na Mawu
19Ŋdi kanya la, Elkana kple eƒe ƒomea fɔ yi ɖado gbe ɖa na Aƒetɔ. Emegbe wotrɔ yi wo de Rama. Elkana dɔ kple srɔ̃a Xana, eye Aƒetɔ se eƒe gbedodoɖa. 20Ale Xana fɔ fu le ɣe ma ɣi me eye wòdzi viŋutsuvi. Etsɔ ŋkɔ nɛ be Samuel#1.20: SAMUEL: Ŋkɔ sia gɔme le Hebri-gbe me nye “Mawu ŋkɔ”. Ke le nuŋɔŋlɔ sia me la, esɔ kple dɔwɔnya “Bia” le Hebri-gbe me. eye wòɖe eme be: “Ðe mebia Aƒetɔ wònam.”
21Esi ƒe trɔ la, Elkana kple eƒemetɔwo katã yi Silo be woaɖasa ƒetatrɔvɔ si wosana la, eye wòaxe eƒe adzɔgbeɖefe na Aƒetɔ. 22Ke Xana ya meyi o. Egblɔ na srɔ̃a be: “Ne ɖevia ɖe asi le no ŋu la, makplɔe ayi Aƒetɔ ƒeme be wòaɖanɔ afi ma koŋ.” 23Elkana ɖo eŋu nɛ be: “Wɔ nu si nèkpɔ be enyo la. Lala va se ɖe esime ɖevia ɖe asi le no ŋu. Aƒetɔ nena eƒe ŋugbedodo la nava eme.” Ale Xana tsi aƒe kpɔ ɖevia dzi va se ɖe esime wòɖee le no nu. 24Esi ɖevia ɖe asi le no ŋu la, ekplɔe yi Silo. Etsɔ nyitsu si xɔ ƒe etɔ̃,#1.24: Nyitsu si xɔ ƒe etɔ̃: Woŋlɔ ɖe gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo me be “nyitsu si xɔ ƒe etɔ̃.” Woŋlɔ ɖe Hebri-gbe me be “nyitsu etɔ̃.” wɔ kilo ewo kple wain lãgbalẽgolo ɖeka ɖe asi. Ekplɔ Samuel si nye ɖevi dzaa ko la ɖe asi yi Aƒetɔ ƒeme. 25Wowu nyitsu la eye wokplɔ ɖevi la yi na Eli. 26Xana gblɔ nɛ be: “Amegã, taflatsɛ, èkpɔm dze sia? Nyee nye ame si va tsi tsitre ɖe ŋkuwò me afii kpɔ, nɔ gbe dom ɖa na Aƒetɔ. 27Ðevi siae mebia be wòanam. Aƒetɔ se nye kokoƒoƒo eye wòna nu si mebiae lam. 28Eya ta metsɔe na Aƒetɔ. Ezu Aƒetɔ tɔ koŋ, eƒe agbenɔɣi katã.”
Emegbe wodo gbe ɖa na Aƒetɔ le afi ma.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.