رفتن به محتوا

1Makabeowo 9

9
Yuda ƒe ku
1Esi Demetrio se be Nikanor kple eƒe aʋakɔa tsi aʋa la, edɔ Bakxides kple Alkimo ɖo ɖe Yuda-nyigba dzi zi evelia. Ena ɖusimeʋalɔgo si nye sesẽtɔ wu la kpe ɖe wo ŋu. 2Woto mɔ si yi ɖe Gilgal la, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Mesalot ŋu le Albela. Woxɔ du la eye wowu ame geɖe. 3Le ƒè alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ eve#9.3: ƑE 125: Ƒe sia sɔ kple ƒe 160 do ŋgɔ na Kristo dzidzi. ƒe ɣleti gbãtɔ me la, woƒu asaɖa anyi tso ɖe Yerusalem ŋu. 4Tete wozɔ dzo eye woyi Berea kple asrafo afɔzɔla akpe bla eve kple asrafo sɔdola akpe eve.
5Azɔ la, Yuda ƒu asaɖa anyi ɖe Elasa, asrafo tiatia akpe etɔ̃ nɔ eŋuti. 6Esi wokpɔ futɔ la ƒe aʋakɔa ƒe agbɔsɔsɔ la, wovɔ̃ ŋutɔ, eye ame geɖewo nɔ sisím dzo dzaa le asaɖa la me, va se ɖe esime wo dometɔ alafa enyi koe susɔ.
7Esi Yuda kpɔ be yeƒe aʋawɔlawo le sisím le aʋakɔa me, eye aʋakpekpe gogo la, egbɔdzɔ le eɖokui me, elabe ɣeyiɣi menɔ esi woagaƒo wo nu ƒu o. 8Vɔvɔ̃ ɖoe, gake egblɔ na ame siwo susɔ la be: “Mina mítso ɖe míaƒe futɔawo ŋuti. Míate ŋu akpɔ ŋusẽ awɔ aʋa kpli wo.” 9Gake wote kpɔ be yewoaɖe dzi le eƒo, gblɔ nɛ be: “Ŋusẽ mele mía ŋu o. Mina míaʋli míaƒe agbe ta azɔ boŋ. Míatrɔ ava kple míaƒe ƒometɔwo awɔ aʋa kpli wo. Míele ʋɛ akpa.” 10Gake Yuda gblɔ be: “Megava eme gbeɖe be míawɔ nu sia tɔgbe be así le wo nu. Ne míaƒe ɣeyiɣia de la, mina míaku kalẽtɔe ɖe míaƒe ƒometɔwo ta. Mímaɖe mɔ be bubu si le mía ŋu la naƒo ɖi o.”
11Tete Bakxides ƒe aʋakɔa ho do le asaɖa la me, eye wodze aʋa ɖi be yewoado go wo. Woma asrafo sɔdolawo ɖe hatsotso eve me. Akafodalawo kple aŋutrɔdalawo le aʋakɔ la ŋgɔ abe ale si aʋawɔla gãwo katã wɔnɛ ene. 12Bakxides le ɖusikpa dzi. Hatsotso eveawo nɔ axa eveawo dzi. Asrafo aʋawɔlawo zɔ le woƒe hatsotso siwo mimi ɖe wo nɔewo ŋu kplíkplikpli la me ɖo ta ŋgɔ ɖe kpẽwo ƒe ɖiɖi ŋu. Yuda ƒe asrafowo hã ku woƒe kpẽwo. 13Anyigba ʋuʋu le aʋakɔawo ƒe hoowɔwɔ nu. Aʋa la yi edzi tso ŋdi va se ɖe fiẽ.
14Yuda kpɔ be Bakxides kple eƒe aʋakɔa ƒe ŋusẽ le ɖusikpa dzi. Tete ame siwo ƒo dzi le la katã yi kplii, 15eye woɖu ɖusimeʋakɔ gã la dzi. Eti wo yome va ɖo keke Azoto-to la gbɔ. 16Esi ame siwo le miakpa dzi la kpɔ be woɖu ɖusikpa dzi tɔwo dzi la, wotrɔ kplɔ Yuda kple eƒe asrafowo ɖo nɔ wo megbe kplíkplikpli. 17Aʋa la nu va sẽ ŋutɔ, eye ame geɖewo xɔ abi, ku le akpa eveawo. 18Yuda hã ku, eye ame susɔeawo sí dzo.
19Tete Yonatan kple nɔvia Simon kɔ wo nɔvi Yuda, eye woɖaɖii ɖe wo tɔgbuiawo ƒe yɔdo me le Modein, 20eye wofa avi. Israel katã fa konyi vevie. Wonyi fu ŋkeke geɖewo. Wogblɔ be:
21“Kpɔ ale si kalẽtɔ la kui la ɖa!
Israel xɔla lae.”
22Azɔ Yuda ƒe wɔna mamlɛawo, eƒe aʋawo, kalẽnu siwo wòwɔ kple eƒe gãnyenye la, womeŋlɔ wo ɖi o; evɔ la, wosɔ gbɔ ŋutɔ.
Yonatan xɔ ɖe Yuda teƒe
23Le Yuda ƒe ku megbe la, ame siwo de megbe tso woƒe xɔse gbɔ la do ɖe Israel ƒe akpawo katã. Nu gbegblẽ wɔlawo katã gado. 24Le ŋkeke mawo me la, dɔ gã aɖe to eye dukɔ la katã yi Israel ƒe akpa dzi. 25Bakxides tia mawumavɔ̃lawo eye wòtsɔ wo ɖo dukɔa nu. 26Woku nu gɔme eye wodi Yuda xɔlɔ̃wo. Wokplɔ wo va Bakxides gbɔe. Ebia hlɔ̃ woamawo, eye wotsɔ wo do nu kokoe na amewo. 27Ale nuxaxa gã nɔ Israel, esi meganɔ anyi tso ɣeyiɣi si me Mawu ƒe gbeƒãɖelawo nu tso le wo dome o.
28Tete Yuda xɔlɔ̃wo katã kpe ta eye wogblɔ na Yonatan be: 29“Tso esime nɔviwò Yuda ku la, ame aɖeke megali abe eya ene atsi tre ɖe míaƒe futɔwo kple Bakxides ŋu, atu nu kple ame siwo lé fu míaƒe dukɔ la o. 30Eya ta azɔ la, míetia wò egbe be nàxɔ ɖe eteƒe abe mía dziɖula kple kplɔla ene, awɔ míaƒe aʋawo.” 31Ale Yonatan lɔ̃ be yeanye wo kplɔla le ɣe ma ɣi ɖe nɔvia Yuda teƒe.
Yonatan ƒe ɖoɖowo
32Esi Bakxides se nya sia la, ete kpɔ be yeawui. 33Ke Yonatan kple nɔvia Simon kpakple ame siwo katã le egbɔ la see, eye wosí yi Tekoa-gbedadaƒo, ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Asfar-tá la to. 34Bakxides ke ɖe nya sia ŋu le dzudzɔgbe, eye eya kple eƒe aʋakɔa katã tsò Yordan-tɔsisi la.
35Ale Yonatan dɔ nɔvia abe kplɔla ene na ameha gã la. Eɖe kuku na Nabatetɔwo, ame siwo nye exɔlɔ̃wo la, be woaɖe mɔ ne yewoatsɔ agba gbogbo si le yewo si la ada ɖe wo gbɔ. 36Gake Yambri ƒomea si tso Medeba la do va lé Yohanes, eye woxɔ nu siwo katã le esi la eye wodzo kplii.
37Le nu siawo megbe la, wogblɔ na Yonatan kple nɔvia Simon be: “Yambri ƒomea le srɔ̃ɖeɖe gã aɖe wɔm, eye ameha gã aɖe le ŋugbetɔ, si nye Kanaan bubume gãwo dometɔ ɖeka vinyɔnu si tso Nadabat la kplɔm. 38Esi woɖo ŋku ale si wowu wo nɔvi Yohanes dzi la, woyi ɖade xa ɖe toa xa. 39Kasia woakpɔ la, wokpɔ ameha aɖe gbɔna bibibi kple ɣli hoo; agba gbogbo aɖe le wo ta. Tete ŋugbetɔsrɔ̃ la do va kple xɔlɔ̃awo kple nɔviawo be woado go wo kple ʋuƒoƒo kple hadzilawo kpakple aʋawɔnu geɖewo. 40Tete wolũ ɖe wo dzi tso afi si wode xa ɖo la, eye wode asi wo wuwu me. Ame geɖewo xɔ abi, ku eye ame susɔeawo sí yi to la dzi. Yudatɔwo ha woƒe nuwo katã. 41Ale srɔ̃ɖeɖe la trɔ zu konyifafa eye woƒe hadzilawo ƒe hawo trɔ zu avihawo. 42Esi wobia hlɔ̃ na wo nɔvi si ƒe ʋu wokɔ ɖi la vɔ keŋkeŋ la, wotrɔ yi Yordan-tɔsisi la ƒe go wɔbawo me.
43Bakxides se esia, eye wòva Yordan-tɔsisi la to kple aʋakɔ gã aɖe le dzudzɔgbe. 44Yonatan gblɔ na ame siwo le eŋu la be: “Mina míatso aʋli míaƒe agbe ta, elabe egbe la, nuwo mele abe ale si wonɔ tsã la ene o. 45Elabe kpɔ ɖa, aʋa le mía ŋgɔ le mía megbe; Yordan-tsi le akpa sia kple ekemɛ kple sime kple gbewo; teƒe aɖeke meli ne woatrɔ ɖo o. 46Mido ɣli ɖo ɖe Dziƒo azɔ, be woaɖe mí tso míaƒe futɔwo ƒe asi me.” 47Ale aʋa la dze egɔme. Yonatan ɖe asi be yeadza Bakxides. Edze nɛ eye wòti kpo yi megbe. 48Tete Yonatan kple ame siwo le eŋuti la dzo dze Yordan-tɔsisi la me, ƒu tsi, tsò tɔ la ɖi go ɖe akpa kemɛ. Futɔ la metsò Yordan-tɔsisi la be yewoawɔ aʋa kpli wo o. 49Le Bakxides ƒe aʋakɔ me la, asrafo abe akpe ɖeka ene ku gbe ma gbe.
50Tete Bakxides trɔ yi Yerusalem eye wòtso du sesẽwo ɖe Yudea: xɔ kple du sesẽ siwo le Yerixo kple Emaus, Bethoron kple Betel kple Timnat kple Faraton kpakple Tefon. Wotu wo kple gli kɔkɔwo kple agbowo kpakple gametiwo. 51Eda asrafohatsotso ɖe wo me be woaɖe fu na Israel. 52Etu Betzur kple Gazara duwo kpakple sitsoƒexɔ sesẽ la hã wogasesẽ ɖe edzi. Eda asrafowo ɖe wo me, eye woƒo ƒu nuɖuɖu hã ɖe wo me. 53Elé dua kplɔlawo ƒe viŋutsuwo wɔ gamemewoe, eye wòna wodzɔa wo ŋu le sitsoƒexɔ sesẽ la me le Yerusalem.
54Le ƒè alafa ɖeka bla atɔ̃ vɔ etɔ̃lia#9.54: ƑE 153: Ƒe sia sɔ kple ƒe 159 do ŋgɔ na Kristo dzidzi. ƒe ɣleti evelia me la, Alkimo ɖe gbe be woagbã kɔkɔeƒe la ƒe xɔxɔnu ƒe gli emetɔ. Ekaka Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe dɔ! 55Ke ɖeko wòdze nuawo kaka gɔme, elabe le ɣeyiɣi ma me la, Alkimo dze dɔ, eye eƒe dɔ si gɔme wòdze la tsi mɔ dzi. Megate ŋu ƒoa nu o; egba, tsi teƒe ɖeka, ale be magate ŋu aƒo nu agblɔ nya aɖeke loo, alo aɖe gbe agblɔ nya aɖeke le eƒe aƒe ŋuti o. 56Alkimo ku le ɣe ma ɣi me le vevesese gã me. 57Esi Bakxides kpɔ be Alkimo ku la, etrɔ yi fia la gbɔ, eye Yuda-nyigba ɖi ɖe eme ƒe eve.
58Tete sedzimawɔlawo ɖo nugbe gblɔ be: “Kpɔ ɖa, Yonatan kple eƒe asrafowo le agbe le ŋutifafa kple dziɖeɖi me. Ale azɔ la, mina míaɖakplɔ Bakxides gbɔe ne wòalé wo katã le zã ɖeka me.” 59Woyi ɖalé nya la kpɔ kplii. 60Edze mɔ gbɔna kple aʋakɔ gã aɖe. Eɖo agbalẽ ɖe ame siwo katã wɔ ɖeka kplii le Yudea la le adzame, gblɔ na wo be woalé Yonatan kple eƒe asrafowo, gake womete ŋu wɔe o, elabe woƒe ɖoɖo la ɖi amewo se. 61Yonatan ƒe asrafowo lé ame abe bla atɔ̃ ene siwo le ŋgɔ na nugbeɖoɖo sia, eye wowu wo.
62Tete Yonatan kple eƒe asrafowo kple Simon, gbugbɔ yi gbedadaƒo le Betbasi. Etrɔ tu dua ƒe akpa siwo wogbã la, eye wòwɔe wògasẽ ɖe edzi. 63Esi Bakxides nya esia ta la, eƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu, eye wòɖo du ɖe ame siwo le Yudea. 64Tete wova ƒu asaɖa anyi ɖe Betbasi ŋu. Ewɔ aʋa kplii ŋkeke geɖewo eye wòwɔ aʋawɔmɔ̀wo.
65Gake Yonatan gble nɔvia Simon ɖe dua me, esime eya do yi agbleta kple ame ʋɛ aɖewo ko. 66Eɖu Odomera kple eƒe ƒometɔwo kple Fasiron ƒe amewo dzi le woƒe avɔgbadɔwo me. 67Tete wòdze aʋahoho gɔme eye wòge ɖe aʋa la me kple eƒe aʋakɔawo. Simon kple eƒe asrafowo do go le dua me kaba yi ɖatɔ dzo aʋawɔmɔ̀awo. 68Wowɔ aʋa kple Bakxides, eye woɖu edzi. Womimi eyama sesĩe ale gbegbe be eƒe ɖoɖo kple dodo yi gbedzi la zu dzodzro. 69Ale wòdo dziku ɖe ame siwo de megbe le woƒe xɔse ŋu siwo ɖo aɖaŋu nɛ be wòava agbleta la ŋu. Ewu wo dometɔ geɖewo. Tete wòɖoe be yeatrɔ ayi ye ŋutɔ yeƒe anyigba dzi.
70Esi Yonatan se esia la, edɔ dukɔteƒenɔlawo ɖe egbɔ be yewoawɔ ŋutifafa kplii eye wòaɖe asi le aboyomenɔlaawo ŋuti. 71Elɔ̃ ɖe edzi eye wòwɔ abe ale si wògblɔ la ene. Età nu na Yonatan be zi ale si yele agbe la, yemagawɔ nu vevi aɖekee o. 72Egbugbɔ aboyomenɔla siwo wòlé va yi le Yuda-nyigba dzi la nɛ. Tete wòtrɔ yi eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Megava woƒe anyigba dzi azɔ o. 73Ale aʋa ke le Israel. Yonatan nɔ Mixmas eye wòdze ʋɔnudɔdrɔ̃ gɔme na amewo eye wòtsrɔ̃ mawumavɔ̃lawo le Israel.