1Makabeowo 7
7
Nunɔlagã Alkimo kple Nikanor ƒe aʋawo hoho
(Mak II, 14.1-36; 15.1-36)
1Le ƒe alafa ɖeka kple bla atɔ̃ vɔ ɖekɛlia me#7.1: ƑE 151: Ƒe sia sɔ kple ƒe 161 do ŋgɔ na Kristo dzidzi. la, Demetrio, Seleuko vi, dze mɔ tso Roma, to tɔ dzi kple ame ʋɛ aɖewo yi ƒutadu aɖe me, eye wòdze fiaɖuɖu gɔme le afi ma. 2Esi wònɔ gegem ɖe tɔgbuiawo ƒe fiasã la me la, aʋakɔ la lé Antioxo kple Lisias be yewoakplɔ wo vɛ nɛ. 3Ke esi wòva nya nu le nuwɔna la ŋu la, egblɔ be: “Migana makpɔ woƒe ŋkume o.” 4Ale asrafoawo wu wo, eye Demetrio xɔ fiazikpui la le eƒe fiaɖuƒe la me.
5Tete ame siwo de megbe le woƒe xɔse ŋu kple mawumavɔ̃lawo tso Israel va egbɔ. Alkimo, ame si di be yeanye nunɔlagã lae nɔ ŋgɔ na wo. 6Wotsɔ nya sia vɛ na fia la ɖe dukɔa ŋuti be: “Yuda kple nɔvia ŋutsuawo tsrɔ̃ xɔ̃wòwo katã, eye wònyà mí ɖa le míaƒe anyigba dzi. 7Eya ta azɔ la, dɔ ame si dzi nèka ɖo la ɖa. Nà be wòayi aɖakpɔ nu siwo katã Yuda gblẽ le mía ŋu kple fia ƒe anyigba la dzi. Nà be wòahe to na woamawo kple ame siwo katã kpe ɖe wo ŋu la.”
8Ale fia la tia Bakxides, Fia xɔlɔ̃awo dometɔ ɖeka, wòzu Tɔgodo Nutomedzikpɔla. Enye ame vevi le fiaɖuƒe la me, eye wònye nuteƒewɔla na fia la. 9Edɔe eye wòkpe Alkimo, mawumavɔ̃la la, ame si wòwɔ nunɔlagãe la, ɖe eŋu. Eɖe gbe nɛ be wòabia hlɔ̃ Israelviwo. 10Ale wozɔ kple aʋakɔ gã aɖe va Yuda-nyigba dzi. Eɖo amedɔdɔwo ɖe Yuda kple nɔvia ŋutsuawo kple ŋutifafanyawo gake womate ŋu aka ɖe nyaawo dzi o. 11Ke wometsɔ ɖeke le woƒe nyaawo me o, elabe wokpɔ be wova kple aʋakɔ gã aɖe.
12Tete agbalẽfialawo ƒe hatsotso aɖe ƒo ƒu va Alkimo kple Bakxides gbɔ, be yewoabia ɖoɖo siwo le eteƒe. 13Hasidetɔwoe nye ame gbãtɔ le Israelviwo dome siwo di ŋutifafa tso wo gbɔ, 14elabe wogblɔ be: “Nunɔla tso Aron ƒe dzidzimee va kple aʋakɔ la, eye mawɔ nu vevi mí o.” 15Alkimo gblɔ ŋutifafanyawo na wo, eye wòka atam na wo be: “Ne míawɔ nu vevi aɖe mi loo, alo mia xɔlɔ̃wo fĩi.” 16Ale woka ɖe eyama dzi. Gake elé wo dometɔ bla ade eye wòwu wo le ŋkeke ɖeka dzi, le nya si woŋlɔ ɖi la nu be:
17 #
Ps 79.2, 3. “Wokaka wò nuteƒewɔlawo ƒe ŋutilã ɖi,
eye wokɔ woƒe ʋu ɖe anyi ɖe Yerusalem katã;
ame aɖeke meli aɖi wo o.”
18Tete ameawo katã de asi wo vɔvɔ̃ me, hetsi dzodzodzoe, eye wogblɔ be: “Nyateƒetoto kple nu dzɔdzɔe wɔwɔ mele wo me o, elabe woda ɖoɖo la dzi, eye wotu atam si woka la.”
19Tete Bakxides dzo le Yerusalem ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Betzait. Edɔ woɖalé ame siwo gblee ɖi dzo la dometɔ geɖewo kple dukɔa ƒe ame aɖewo. Ewu wo eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe do gã aɖe me. 20Etsɔ Alkimo ɖo dukɔa nu, eye wògble asrafoha aɖe ɖe egbɔ be woakpe ɖe eŋuti. Tete Bakxides trɔ yi fia la gbɔ.
21Alkimo ʋli be nunɔlagãnyenye la naganɔ ye si me ko. 22Ame siwo katã le fu ɖem na woƒe amewo la kpe ɖe eŋu. Wokpɔ ŋusẽ ɖe Yuda-nyigba la dzi, eye wogblẽ nu geɖe ŋutɔ le Israel-dukɔ me. 23Yuda kpɔ nu gbegblẽ siwo katã Alkimo kple ame siwo le eŋuti la wɔ le Israelviwo dome. Wosɔ gbɔ wu esiwo ame siwo menye Yudatɔwo o la wɔ. 24Ale Yuda do go yi ɖe teƒe siwo katã ƒo xlã Yudea, le hlɔ̃ biam ame siwo gblee ɖi dzo, eye wole mɔ xem na ame siwo le dua me la be womado ayi agbleta o. 25Esi Alkimo kpɔ be Yuda kple ame siwo le eŋuti la kpɔ ŋusẽ, eye wòde dzesii be yemate ŋu anɔ te ɖe wo nu o la, etrɔ yi fia la gbɔ, eye wòtsɔ nya vɔ̃wo ɖe wo ŋuti.
26Tete fia la dɔ Nikanor, eƒe dɔnunɔla bubumewo dometɔ ɖeka, ame si lé fu Israel-dukɔ eye wòtsrii la. Eɖe gbe nɛ be wòatsrɔ̃ dukɔ la. 27Ale Nikanor va ɖo Yerusalem kple aʋakɔ gã aɖe. Eɖo ŋutifafagbedeasi si dzi womate ŋu aka ɖo o la ɖe Yuda kple nɔvia ŋutsuawo be: 28“Migana avuwɔwɔ aɖeke nanɔ nye kple miawo dome o. Mava kple ame ʋɛ aɖewo ava kpɔ mi ŋkume kple ŋkume le ŋutifafa me.”
29Ale wòva Yuda gbɔ, eye wodo gbe na wo nɔewo ŋutifafatɔe. Sigbeɖe futɔ la le dzadzram ɖo be yealé Yuda sesẽe akplɔ adzoe. 30Yuda va nya be Nikanor va ye gbɔ kple susu vɔ̃ be yeaflu ye, eye wònɔ evɔ̃m. Medi be yeagado goe o. 31Esi Nikanor va nya be woʋu go yeƒe ɖoɖoawo la, edo yi ɖakpe aʋa kple Yuda le Kafarsalama gbɔ. 32Asrafo abe alafa atɔ̃ ene tsi aʋa le Nikanor ƒe aʋakɔ me, eye mamlɛawo sí yi ɖe David-du la me.
33Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, Nikanor lia yi ɖe Zion-to la dzi. Nunɔla aɖewo siwo tso kɔkɔeƒe la kple dukɔa ƒe ame tsitsi aɖewo do go va be yewoado gbe nɛ ŋutifafatɔe, eye yewoatsɔ numemenunana si yewotsɔ le fia la nam la afiae. 34Ke eɖu fewu le wo ŋu, ko wo, gblẽ kɔ ɖo na wo eye woƒo nu dàdatɔe. 35Edo dziku, eye wòka atam sia be: “Ne womeɖe asi le Yuda kple eƒe aʋakɔ ŋu nam, woge ɖe asinye me fifi laa o, ne nyemetɔ dzo aƒe sia, ne metrɔ gbɔ dedie o fĩi!” Tete wòdo go kple dziku helihelĩ. 36Le ɣeyiɣi sia me la, nunɔlaawo ge ɖe xɔxɔnua eye wotsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la kple gbedoxɔ la ŋgɔ. Wole avi dzi gblɔ be:
37“Wòe tia aƒe sia be woayɔ
wò ŋkɔ ɖe eŋu,
eye wòanye aƒe si me wò dukɔ la
ado gbe ɖa, aƒo koko na wò le.
38Bia hlɔ̃ ŋutsu sia kple
eƒe aʋakɔ la,
eye nàna be woatsi yi nu.
Ɖo ŋku woƒe busunyawo gbɔgblɔ dzi,
eye nàna be womaganɔ agbe azɔ o.”
39Azɔ Nikanor do go tso Yerusalem eye wòƒu asaɖa anyi ɖe Bethoron; Siria-ʋakɔ la va kpe ɖe eŋu. 40Yuda ƒu asaɖa anyi ɖe Adasa kple asrafo akpe etɔ̃. Tete Yuda do gbe ɖa gblɔ be: 41#Fia II, 19.35.“Esi amedɔdɔwo tso fia la gbɔ gblɔ busunya la, wò mawudɔla dzo yi ɖawu ame akpe alafa ɖeka bla enyi vɔ atɔ̃ le Asiriatɔwo dome. 42Ale, kaka aʋakɔ sia hã nenema ke le mía ŋkume egbe. Nà ame susɔeawo nanya be Nikanor ƒo nuvɔ̃ɖi ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye nàdrɔ̃ ʋɔnui ɖe eƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye sia nu.”
43Ale aʋakɔawo kpe aʋa le ɣleti Adar ƒe ŋkeke wui enelia dzi. Wotsrɔ̃ Nikanor ƒe aʋakɔ la. Eya ŋutɔe nye ame gbãtɔ si tsi aʋa. 44Esi asrafoawo kpɔ be Nikanor ku la, wotsɔ woƒe aʋawɔnuwo ƒu gbe eye wosí. 45Yudatɔwo ti wo yome abe ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ ene, tso Adasa yi ɖe keke Gazara. Esi wokplɔ wo ɖo la, woyi edzi nɔ amewo yɔm kple woƒe aʋayikpẽwo. 46Amewo do tso kɔƒe siwo ƒo xlã Yudea la me, eye wonyà futɔ la, trɔ do ɖe wo yometilawo gbɔ, ale be wo katã wotsi yi nu; womegble wo dometɔ ɖeka pɛ hã ɖi o. 47Tete Yudatɔwo ha woƒe nuwo. Wotso ta le Nikanor nu, lã eƒe nuɖusi si wòdo ɖe dzi dàdatɔe la. Wotsɔ wo vɛ, eye woɖe wo fia le Yerusalem-dua godo ko. 48Ameawo kpɔ dzidzɔ ale gbegbe, eye woɖu ŋkeke ma abe aseyetsoŋkeke gã aɖe ene. 49Wode se be woaɖu ŋkeke sia ƒè sia ƒè le ɣleti Adar ƒe ŋkeke wui enelia dzi. 50Ale Yuda-nyigba ɖi ɖe eme ɣeyiɣi ʋɛ aɖe.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.