1Makabeowo 5
5
Aʋahoho ɖe aƒelikadukɔwo ŋu
(Mak II, 10.14-33; 12.10-45)
1Esi ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo ƒo xlã wo la, se be wogagbugbɔ vɔsamlekpui la ɖi, eye wogakɔ kɔkɔeƒe la ŋuti abe ale si wònɔ tsã ene la, wodo dziku ŋutɔ. 2Woɖoe kplikpaa be yewoatsrɔ̃ Yakob ƒe dzidzimevi siwo le wo dome la. Ale wodze wo wuwu kple wo tsɔtsrɔ̃ gɔme le dukɔa me. 3Ke Yuda wɔ aʋa kple Esau ƒe dzidzimeviwo le Idumea le Akrabatene, elabe wode xa ɖi na Israel. Etu nu kple wo vevie ŋutɔ, eye wòbɔbɔ wo ɖi, heha woƒe nuwo. 4Egaɖo ŋku Baean viŋutsuwo ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ hã dzi. Woawoe nye ame siwo nye mɔ̀ kple azã siwo wotre na dukɔ la, eye wodea xa ɖi na amewo le mɔ gãwo dzi. 5Etú wo ɖe woƒe gbetakpɔxɔwo me. Eƒu asaɖa anyi ɖe wo ŋu, eye wòka atam be yeatsrɔ̃ wo woavɔ keŋkeŋ. Etɔ dzo woƒe gbetakpɔxɔawo kple ame siwo katã le wo me la. 6Tete wòtso eme yi be yeaɖadze Amonitɔwo dzi. Eke ɖe aʋakɔ sesẽ aɖe kple ame geɖewo ŋu le afi ma siwo kplɔla nye Timoteo. 7Ewɔ aʋa geɖe kple wo eye wògbã wo gudugudu le eŋkume; eƒo wo ƒu anyi. 8Exɔ Yazer kple eƒe kɔƒewo hã, eye wòtrɔ yi Yudea.
9Azɔ ame siwo menye Yudatɔwo o le Gilead la ƒo ƒu, eye wotso ɖe Israelvi siwo le woƒe anyigba dzi la ŋu. Wowɔ ɖoɖo be yewoatsrɔ̃ wo, ke wosí yi ɖe teƒe sesẽ si le Datema. 10Woɖo agbalẽ ɖe Yuda kple nɔviawo. Agbalẽa be: “Ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo ƒo xlã mí la, ƒo ƒu be yewoatsrɔ̃ mí. 11Wole dzadzram ɖo be yewoava beɖoƒe sesẽ si míesí yi la. Timoteo ye le woƒe aʋakɔ la kplɔm. 12Azɔ, va nàxɔ mí ɖe agbe tso wo si me, elabe mía dome ame geɖewo tsrɔ̃. 13Wowu mía nɔvi siwo katã le Tob-nyigba dzi la. Futɔ la ɖe aboyo wo srɔ̃wo kple wo viwo, eye woha woƒe nunɔamesiwo. Wotsrɔ̃ ame abe akpe ɖeka ene le afi ma.”
14Esime wogale agbalẽa xlẽm la, amedɔdɔ bubuwo tso Galilea va, siwo ŋu awu vuvuwo le, eye wova na nutsotso ma ke ƒomevi. 15Wogblɔ be Ptolemais kple Tiro kple Sidon tɔwo kpakple ame manye Yudatɔwo ƒe Galilea va ƒo ƒu tso ɖe wo ŋu “be yeawoatsrɔ̃ mí keŋkeŋ.” 16Esi Yuda kple dukɔ la se nya siawo la, woyɔ takpekpe gã aɖe be yewoabu tame le nu si dze be yewoawɔ na nɔvi siwo ɖo xaxa me, eye futɔwo dze wo dzi la ŋu. 17Tete Yuda gblɔ na nɔvia ŋutsu Simon be: “Tia ŋutsuwo tso wò amewo me, eye nàyi aɖaxɔ wò ƒometɔ siwo le Galilea la, ɖe agbe. Nye kple nɔvinye Yonatan ya la, míayi Gilead.” 18Ke egble Yosef, Zaxarya vi la kple Azarya amewo kplɔla aɖe ɖe aʋakɔ mamlɛa gbɔ, le Yudea ne woadzɔ eŋu. 19Eɖe gbe na wo be: “Minɔ ŋudzɔ ɖe ame siawo ŋu, gake migawɔ aʋa kple ame siwo menye Yudatɔwo o la o, va se ɖe esime míatrɔ agbɔ.” 20Tete woɖe ŋutsu akpe etɔ̃ na Simon be woayi Galilea eye woɖe ŋutsu akpe enyi na Yuda na Gilead.
21Simon yi Galilea eye wòwɔ aʋa geɖe kple ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye woɖu ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi keŋkeŋ le eŋkume. 22Eti wo yome yi ɖe Ptolemais ƒe agbo nu. Ame abe akpe etɔ̃ ene ku le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye woha woƒe nuwo. 23Tete wòkplɔ Yudatɔ siwo le Galilea kple Arbata, wo srɔ̃wo kple wo viwo kpakple nu siwo katã le wo si la, eye wova Yudea kple aseyetsotso gã aɖe.
24Yuda Makabeo kple nɔvia Yonatan tso Yordan-tɔsisi la, eye wozɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ yi ɖe gbedadaƒo. 25Wodo go Nabatetɔwo, ame siwo va kpe wo ŋutifafatɔe, eye wogblɔ nu siwo katã dzɔ ɖe woƒe ƒometɔwo dzi le Gilead la na wo be: 26“Wotu wo dometɔ geɖewo ɖe Bozra kple Bosor, le Alema kple Xasfo, Maked kple Karnaim, du siawo katã nye du sesẽ lolowo. 27Wotu ame aɖewo hã ɖe Gilead-du bubuwo me. Futɔ la le dzadzram ɖo na aʋahoho ɖe teƒe sesẽawo ŋu etsɔ si gbɔna, be yewoalé ame siawo katã atsrɔ̃ wo le ŋkeke ɖeka dzi.”
28Tete Yuda kple eƒe aʋakɔ la trɔ yi megbe kaba to gbedadaƒomɔ yi Bozra. Exɔ du la, eye wòwu ŋutsu ɖe sia ɖe kple yi. Tete wòha eƒe nuwo katã eye wotɔ dzo dua. 29Edzo le teƒe la le zã me. Wodzo, to mɔ la yi ɖe keke Datema-xɔ sesẽ la gbɔ. 30Le fɔŋli la, wowu mo dzi eye wokpɔ ameha gã aɖe, si womate ŋu axlẽ o la. Wotsɔ atsrɔe kple aʋawɔmɔ̀wo be woaxa xɔ sesẽ la, axa Yudatɔ siwo le eme la. 31Ke Yuda kpɔ be aʋa la dze egɔme. Dua me tɔwo ƒe ɣli de dzi bobobo yi Dziƒo kple kpẽwo kpakple ɣli sesẽwo. 32Egblɔ na eƒe aʋakɔ la ƒe amewo be: “Miwɔ aʋa ɖe miaƒe ƒometɔwo ta egbe.” 33Tete wova wo megbe le aʋalɔgo etɔ̃ me. Woku woƒe kpẽwo, do ɣli sesĩe hele gbe dom ɖae. 34Esi Timoteo ƒe aʋakɔ la va nya be Makabeo ye la, wosí le eŋgɔ. Ewu wo keŋkeŋ. Wo dome ame abe akpe enyi sɔŋ ene ku gbe ma gbe.
35Eyome la, etrɔ ɖe Mafa-du ŋu, eye wòwɔ aʋa kplii hexɔe. Ewu ŋutsu ɖe sia ɖe le eme, ha eƒe nuwo eye wòtɔ dzoe. 36Tso afi ma la, ezɔ yi ŋgɔ eye wòxɔ Xasfo, Maked kple Bosor kpakple Gilead-du bubuawo.
37Le esiawo katã megbe la, Timoteo gaƒo aʋakɔ bubu nu ƒu eye woƒu asaɖa anyi ɖe Rafon, le tɔʋua ƒe go kemɛ dzi. 38Yuda dɔ ŋkutsalawo ɖo ɖe asaɖa la me. Wova na nutsotsoe be: “Ame siwo katã menye Yudatɔwo o siwo ƒo xlã mí la, ƒo ƒu ɖe eŋu; enye aʋakɔ gã ŋutɔ. 39Woda Arabiatɔwo hã be woakpe ɖe yewo ŋu. Woƒu asaɖa anyi ɖe tɔʋua godo eye wole ŋudzɔ be yewoava wɔ aʋa kple wò.” Yuda yi ɖado go wo.
40Azɔ esi Yuda kple eƒe aʋakɔ la gogo tɔʋua la, Timoteo gblɔ na eƒe asrafoawo kplɔlaawo be: “Ne etso tɔa va mía gbɔ gbã la, mímate ŋu anɔ te ɖe enu o; aɖu mía dzi godoo. 41Ke ne evɔ̃ eye wòƒu asaɖa anyi ɖe tɔʋua ƒe go kemɛ dzi la, míatso tɔ la ayi egbɔ, eye míaɖu edzi.” 42Esi Yuda gogo tɔʋua la, eda aʋakplɔlawo ɖe tɔa to, eye wòɖe gbe na wo be: “Migana ame aɖeke naƒu asaɖa anyi ɖi o; mina wo katã woage ɖe aʋa la me.” 43Tete eya ŋutɔ tso tɔ la tso ɖe wo ŋuti gbã, eye aʋakɔ blibo la kplɔe ɖo. Woɖu ame siwo katã menye Yudatɔwo o la dzi le eŋkume. Wotsɔ woƒe aʋawɔnuwo ƒu gbe hesí yi ɖe Karnaim, teƒe kɔkɔe la. 44Gake exa du la, tɔ dzo kɔkɔeƒeawo kple ame siwo katã le wo me. Ale woɖu Karnaim dzi. Womagate ŋu anɔ te ɖe Yuda nu akpɔ o.
45Tete Yuda ƒo Israelviwo katã siwo le Gilead la nu ƒu, ame gblɔewo kple amegãwo siaa kple wo srɔ̃wo kple wo viwo kpakple woƒe nunɔamesiwo. Enye ameha gã aɖe sinu woƒo ƒui be woayi Yuda-nyigba dzi. 46Ale wova ɖo Efron. Enye du gã aɖe si sesẽ ŋutɔ le mɔa dzi. Womate ŋu ato ɖusime loo, alo miame nɛ ayi o; eme kokoko wòle be woato ayi. 47Ke dua me tɔwo xe mɔ na wo o; wotu agboawo kple kpewo.
48Yuda dɔ ame ɖo ɖe wo kple gbedeasi sia xɔlɔ̃tɔe be: “Mina míato miaƒe anyigba me ayi míaƒe anyigba dzi. Ame aɖeke mawɔ nu vevi mi o. Afɔ ko míato bɔkɔɔ ava yi.” Gake wogbe be yewomaʋu mɔa nɛ o. 49Tete Yuda na be woaɖe gbeƒã na aʋakɔ la be ame sia ame naƒu asaɖa anyi ɖe teƒe si wòle la. 50Ale aʋakɔa ƒe asrafoawo ƒu asaɖa anyi. Yuda wɔ aʋa kple du la ŋkeke blibo la kple zã blibo la, eye du la ge ɖe esi me. 51Etsrɔ̃ ŋutsu ɖe sia ɖe kple yi hetsrɔ̃ dua keŋkeŋ va ɖo eƒe agunu, eye wòha eƒe nuwo. Tete wòzɔ ame siwo ku la dzi to dua me dzo yi.
52Azɔ wotso Yordan-tɔsisi la ge ɖe gbegbe gã si le Betsan gbɔ. 53Yuda yi edzi nɔ ƒu ƒom megbetsilawo, nɔ ŋusẽ dom dukɔ la le mɔzɔzɔ blibo la me, va se ɖe esime wòva ɖo Yuda-nyigba dzi. 54Wolia Zion-to la kple dzidzɔ kple aseyetsotso. Wowɔ numemenunanawo elabe wotrɔ gbɔ dedie, ame ɖeka hɔ̃ hã metsi aʋa le wo dome o.
55Azɔ esi Yuda kple Yonatan nɔ Gilead, eye wo nɔvi Simon nɔ Galilea-nutome le Ptolemais-du ŋgɔ la, 56Yosef, Zaxarya vi, kple Azarya aʋakɔawo kplɔlaawo se woƒe kalẽnu siwo wowɔ kple aʋa gã si wowɔ xɔ ŋkɔ la. 57Ale wogblɔ be: “Mina míawo hã míawɔ nane axɔ ŋkɔ na mía ɖokui. Mina míayi aɖawɔ aʋa kple ame siwo menye Yudatɔwo o siwo ƒo xlã mí la.” 58Ale woɖe gbe na aʋakɔa ƒe asrafo siwo le wo gbɔ la, eye wozɔ ɖe Yamnia dzi. 59Gorgias kple eƒe asrafowo do go tso dua me va do go wo le aʋaa me. 60Tete woɖu Yosef kple Azarya dzi, eye woti wo yome yi ɖe Yudea ƒe liƒowo dzi. Ame abe akpe eve sɔŋ ene ku le Israelviwo dome gbe ma gbe. 61Ale woɖu ameawo dzi ale gbegbe elabe wobu be yewoate ŋu awɔ kalẽ, eye womeɖo to Yuda kple nɔvia ŋutsuawo o. 62Gake womele ƒome si ƒe amewo dzi ɖeɖe to va na Israel la me o.
63Wodea bubu gã ŋutɔ amegã Yuda kple nɔviawo ŋuti le Israel-dukɔa katã me kple le ame siwo menye Yudatɔwo o la katã dome; afi sia afi si wose wo ŋkɔ le la ko. 64Amewo ƒoa ƒu ɖe wo ŋu, kafua wo.
Dziɖuɖu le Hebron kple Filistia
65Tete Yuda kple nɔviawo do go yi ɖawɔ aʋa kple Esau ƒe dzidzimeviwo le dzigbemenyigba dzi. Eɖu Hebron kple eƒe kɔƒewo dzi, eye wògbã xɔ sesẽ kɔkɔwo, tɔ dzo eƒe gbetakpɔxɔwo le akpa ɖe sia ɖe. 66Tete wòzɔ yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, eye wòto Marisa. 67Gbe ma gbe la, nunɔla aɖewo siwo di be yewoawɔ kalẽnu la tsi aʋa, elabe woyi aʋa tamemabutɔe. 68Yuda trɔ yi ɖe Azoto le Filistitɔwo ƒe anyigba dzi. Ekaka woƒe vɔsamlekpuiwo, eye wotɔ dzo woƒe mawu kpakpɛwo. Eha duawo ƒe nuwo eye wòtrɔ yi Yuda-nyigba dzi.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.