رفتن به محتوا

1Makabeowo 3

3
Yuda ƒe dziɖuɖu gbãtɔwo
(Mak II, 8.1-7)
1Tete via ŋutsu Yuda si woyɔna be Makabeo la xɔ ɖe eteƒe. 2Nɔvia ŋutsuawo katã kple ame siwo va kpe ɖe wo tɔ́ ŋuti la na kpekpeɖeŋui. Wowɔ aʋa dzidzɔtɔe na Israel.
3Ekeke eƒe dukɔa ƒe bubu ɖe edzi.
Abe ame dzɔatsu ene, edo eƒe akɔtakpoxɔnu;
ekpla eƒe aʋawɔnu eye wòwɔ aʋawo
hekpɔ asaɖa la ta kple eƒe yi.
4Enɔ abe dzata ene le eƒe nuwɔnawo me,
nɔa gbe tem abe dzatavie le eƒe nuléle dim ene.
5Etsana tia ame siwo daa sea dzi la yome.
Etɔa dzo ame siwo ɖea fu na eƒe amewo.
6Sedzidalawo he ɖe megbe ɖe vɔvɔ̃ nɛ ta;
nuvɔ̃ɖi wɔlawo katã lulu,
eye ɖeɖekpɔkpɔ ɖua dzi to eyama dzi.
7Ena fia geɖewo se veve
gake ena Yakob kpɔ dzidzɔ to eƒe nuwɔnawo me,
eye woɖoa ŋku edzi kafunɛ tegbee.
8Eyi ɖato Yuda-duwo me;
etsrɔ̃ mawumavɔ̃lawo ɖa le anyigba dzi;
alea ye wòɖe dɔmedzoe la ɖa le Israel.
9Eŋkɔ de anyigba ƒe seƒewo ke;
eƒo ame siwo nɔ tsɔtsrɔ̃m la nu ƒu.
10Apolonio ƒo ƒu ame siwo menye Yudatɔwo o la kple aʋakɔ gã aɖe tso Samaria, be woawɔ aʋa kple Israel. 11Esi Yuda see la, eyi ɖado goe. Eɖu eyama dzi hewui. Ame geɖewo xɔ abi, heku; ame mamlɛawo ya sí. 12Woxɔ woƒe nuwo kple sesẽ; Yuda tsɔ Apolonio ƒe yi la, eye wòwɔ eŋudɔ le aʋa me, le eƒe agbenɔŋkeke mamlɛawo me.
13Esi Seron, Siriatɔwo ƒe aʋakplɔla, se be Yuda ƒo ƒu ame geɖe, siwo dome asrafo wɔnuteƒe siwo nɔ egbɔ dea aʋa kplii le la, 14egblɔ be: “Mawɔ nu axɔ ŋkɔ na ɖokuinye, eye woade bubu ŋunye le fiaɖuƒe la me. Mawɔ aʋa kple Yuda kple eŋutimewo, ame siwo doa vlo fia ƒe gbeɖeɖe la.” 15Ale mawumavɔ̃lawo ƒe aʋakɔ sesẽ aɖe gado kplii be yewoakpe ɖe eŋu, abia hlɔ̃ Israelviwo.
16Esi wògogo teƒe si woliana yia Bethoron la, Yuda do yi ɖado goe kple ame ʋɛ aɖewo. 17Gake esi wokpɔ aʋakɔ la gbɔna wo kpe ge la, wogblɔ na Yuda be: “Ale ke wɔ mí ame ʋɛ siawo míawɔ aʋa kple ame sesẽ gbogbo siawo? Míegbɔdzɔ elabe míeɖu naneke egbea o.” 18Yuda ɖo eŋu be: “Ele bɔbɔe na ame geɖewo be woatsi ame ʋɛ aɖewo ko si me, elabe le Aƒetɔ la gbɔ la, vovototo mele ame sɔgbɔ alo ame ʋɛ xɔxɔ ɖe agbe dome o. 19Menye aʋakɔ ƒe lolome ŋue dziɖuɖu ku ɖo o, ke boŋ ŋusẽ tsoa dziƒo vana. 20Wova tsi tre ɖe mía ŋu le amemabumabu gɔ̃ kple sedzimawɔmawɔ me, be yewoatsrɔ̃ mí kple mía srɔ̃wo kpakple mía viwo, eye yewoaha míaƒe nuwo adzoe. 21Gake míawo ya la, míaƒe agbe kple seawo tae míele aʋa wɔm ɖo. 22Eya ŋutɔ afanya wo le mía ŋgɔ; ke miawo la, migavɔ̃ wo o.”
23Esi wòƒo nua vɔ la, ezɔ enumake ɖe Seron kple eƒe aʋakɔ la dzi, eye wofanya wo le eŋgɔ. 24Woti wo yome ɖi Bethoron ƒe abu la, yi ɖe gbegbe la. Wo dometɔ alafa enyi tsrɔ̃; ame mamlɛawo sí yi Filistitɔwo ƒe anyigba dzi. 25Tete wode asi Yuda kple nɔviawo vɔvɔ̃ me, eye ŋɔdzi gã aɖe dze ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo ƒo xlã wo godoo la dzi. 26Eŋkɔ ɖi de fia la gbɔ, eye ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒo nu le Yuda ƒe aʋawɔwɔwo ŋu.
Antioxo tia Lisias wòzu anyigbanunɔla
27Esi fia Antioxo se nutsotso siawo la, dzi kui ale gbegbe. Edɔ woɖaƒo aʋakɔ siwo katã le eƒe fiaɖuƒe la me la nu ƒu, aʋakɔ sesẽ ŋutɔ aɖee. 28Eʋu eƒe gaɖaka eye wòxe ƒè ɖeka ƒe fetu na eƒe asrafoawo. Eɖe gbe na wo be woanɔ ŋudzɔ ne yehiã wo na nane. 29Tete ekpɔ be ga si le gadzraɖoƒea la vɔ keŋkeŋ. Dukɔa ƒe nutome nudzɔdzɔwo zu ʋɛ, ɖe masɔmasɔ si wòde amewo dome, si he dzɔgbevɔ̃e va anyigba la dzi, esime woɖe se siwo li tso ɣe aɖe ɣi ke la ɖa ta. 30Evɔ̃ be yemagate ŋu akpɔ ga sia, abe ale si wònɔ tsã yewɔa eŋudɔ, naa nu faa ko tsɔ wú fia siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ye la ene o. 31Eƒe susu tɔtɔ ale gbegbe. Tete wòɖoe kplikpaa be yeayi Persia, aɖaxɔ nudzɔdzɔ le nuto mawo me, ale be yeaɖaƒo ga home gã aɖe nu ƒu.
32Egble Lisias, ŋutsu tɔxɛ aɖe si tso fiaƒomea me la ɖe megbea be wòakpɔ fia ƒe nyawo gbɔ, tso Frat-tɔsisi la to yi ɖe Egipte ƒe liƒowo dzi. 33Lisias kee akpɔ via Antioxo dzi va se ɖe esime wòatrɔ agbɔ. 34Etsɔ eƒe aʋakɔwo ƒe afã kple atiglinyiwo na Lisias, eye wògblɔ nu siwo katã wòdi be woawɔ la nɛ. Ke le Yudea kple Yerusalemnɔlawo ya gome la, 35Lisias aɖo aʋakɔ ɖe wo be woatsrɔ̃ wo, eye woatsrɔ̃ Israel ƒe ŋusẽ kple ame siwo susɔ ɖe Yerusalem la. Ele nɛ be wòana woaŋlɔ woƒe teƒe ma nɔnɔ be, 36ada amedzrowo ɖe woƒe nutoa katã me, eye wòadzidze nu ama woƒe anyigba la. 37Tete fia la kplɔ eƒe aʋakɔ la ƒe afã mamlɛa, eye wòdzo le Antioxia, eƒe fiadu la me, le ƒè alafa ɖeka bla ene vɔ adrẽlia *Ƒè 147: Ƒè sia sɔ kple ƒè 165 do ŋgɔ na Kristo dzidzi* me. Etso Frat-tɔsisi la, eye wòto dzigbenutowo me yi.
Yuda ƒe dziɖuɖuwo
(Mak II, 8.8-29, 34-36)
38Lisias tia Ptolemi, Dorimenes vi kple Nikanor kpakple Gorgias, ame siwo ŋu ŋutete le le Fia xɔlɔ̃awo dome. 39Edɔ wo kple asrafo afɔzɔla akpe bla ene kple asrafo sɔdola akpe adrẽ, be woayi Yuda-nyigba dzi aɖatsrɔ̃e abe ale si fia la ɖe gbee ene. 40Ale wotso kple woƒe aʋakɔ blibo la. Esi wova ɖo la, woƒu asaɖa anyi ɖe Emaus gbɔ le gbegbe la. 41Esi asitsala siwo le nutoa me la se nya si wogblɔ na wo la, wotsɔ klosalo kple sika fũu ŋutɔ kple kɔsɔkɔsɔ si wotsɔna dea ga afɔ na ame la, eye woyi ɖe asaɖa la me be yewoaɖaƒle Israelviwo kluviwoe. Aʋakɔwo tso Siria kple Filistitɔwo ƒe anyigba dzi kpe ɖe wo ŋu yi.
42Azɔ Yuda kple nɔvia ŋutsuwo kpɔ be dzɔgbevɔ̃e gadzi ɖe edzi wu, eye aʋakɔawo ƒu asaɖa anyi ɖe woƒe anyigba dzi. Wose nu si fia la ɖe gbe be woawɔ na dukɔ la hã, be woana woatsrɔ̃ wo keŋkeŋ mlɔeba. 43Gake wogblɔ na wo nɔewo be: “Mina míagbugbɔ nu siwo gblẽ le míaƒe dukɔa me aɖo te. Mina míawɔ aʋa ɖe míaƒe amewo kple kɔkɔeƒe la ta.” 44Ale ameha la ƒo ƒu dzra ɖo na aʋawɔwɔ eye be yewoado gbe ɖa, abia nublanuikpɔkpɔ kple amenuveve.
45Ame vɔ le Yerusalem abe gbedadaƒo ene;
viawo dometɔ ɖeka teti hã mege ɖe eme, alo do go o.
Wotu afɔ kɔkɔeƒe la ƒu anyi, fanyae,
eye amedzrowo xɔ mɔ́ sesẽ la;
ezu dzeƒe na ame siwo menye Yudatɔwo o la.
Woxɔ dzidzɔ le Yakob si;
kpẽ kple kasaŋkuwo ƒe ɖiɖi nu tso.
46Tete woƒo ƒu yi Mizpa, si dze ŋgɔ Yerusalem, elabe tsã la, gbedoɖaƒe nɔ Israel si le Mizpa. 47Wotsi nu dɔ gbe ma gbe, ta akpanya, wú dzowɔ ɖe tame, eye wodze woƒe awuwo. 48Woʋu segbalẽ la be woaku nu me tso nya siwo ŋu ame siwo menye Yudatɔwo o la bia nu woƒe mawuwo ƒe nɔnɔme le. 49Wotsɔ nunɔlawo ƒe awudodowo kple atikutsetse gbãtɔwo kpakple nuwo ƒe akpa ewoliawo hã vɛ. Wokplɔ kluwo, ame siwo wu woƒe ŋkekeawo nu la hã vɛ. 50Wodo ɣli sesĩe ɖo ɖe dziƒo, gblɔ be:
“Nu ka míawɔ kple esiawo?
Afi ka míatsɔ wo ayii?
51Wotu afɔ wò kɔkɔeƒe la dzi, fanyae
eye wogblẽ kɔ ɖo nɛ;
wò nunɔlawo fa konyi le ŋukpe me.
52Ame siwo menye Yudatɔwo o la nye esiawo;
wokpe ta ɖe mía ŋu
be yewoatsrɔ̃ mí.
Ènya nugbe si woɖo ɖe mía ŋu.
53Ale ke míawɔ ate ŋu anɔ te ɖe wo nu,
ne mèkpe ɖe mía ŋu o?”
54Tete woku kpẽawo eye wodo ɣli sesẽ aɖe. 55Esia megbe la, Yuda tia kplɔlawo na ame akpewo, ame alafawo, ame bla atɔ̃wo kple ame ewowo. 56#Mos V, 20.5-8; Ɖel 7.3.Ame siwo le xɔ tum, alo le srɔ̃ ɖe ge kpuie, alo le waingble dem, alo dzi ɖe le wo ƒo la, egblɔ na wo be woatrɔ ayi aƒeme le se la nu. 57Tete aʋakɔ la zɔ do go, eye woyi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Emaus ƒe anyigbeme.
58Tete Yuda gblɔ be: “Mibla akpa eye dzi nenɔ mia ƒo. Minɔ ŋudzɔ etsɔ ŋdi kanya ne miawɔ avu kple ame manye Yudatɔ siawo. Wokpe ta ɖe mía ŋu be yewoatsrɔ̃ mí kple míaƒe kɔkɔeƒe la. 59Enyo na mí be míaku le aʋa me wu, be míakpɔ miaƒe dukɔa kple kɔkɔeƒe la ƒe dzɔgbevɔ̃ewo. 60Gake ale si eƒe lɔlɔ̃nu anɔ le dziƒo la, nenemae wòawɔe.”