Fiawo I 2
2
David ƒe gbedeasi mlɔetɔwo
1Esi David ƒe kuɣi ɖo vɔ la, exlɔ̃ nu via Salomo be: 2“Mele demagbɔnugbe si le amewo katã lalam la yim. Kpɔ ɖa, sẽ ŋu, eye nàwɔ ŋutsu. 3Wɔ nu siwo Aƒetɔ, wò Mawu bia tso asiwò la. Zɔ eƒe mɔwo dzi; lé eƒe ɖoɖowo, kɔnuwo kple ɖaseɖiɖiwo me ɖe asi abe ale si woŋlɔ wo ɖe Mose ƒe Se la me tututu la ene be nu sia nu si nàwɔ le afi sia afi si nàyi la nadze edzi na wò. 4Ekema Aƒetɔ awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi be: ‘Ne wò dzidzimeviwo ɖɔ ŋu ɖo, wɔ nye sededewo dzi pɛpɛpɛ kple woƒe dzi kpakple woƒe luʋɔ blibo la, ɣeyiɣi aɖeke mava si wò dzidzimevi manɔ Israel ƒe fiazikpui dzi o.’
5 # Sam II, 3.27;
Sam II, 20.10. “Nya ɖeka gali: èɖo ŋku nu si Yoab, Zeruya vi wɔm to Israel ƒe aʋakplɔla eve, Abner, Ner vi kple Amasa, Yeter vi, wuwu me dzie! Èɖo ŋku ale si wòwu wo le ŋutifafaɣi be hlɔ̃ yebia wo, le ale si woawo wu amewo le aʋagbedzi ta la, dzie? Ewu ame maɖifɔ mawo; ena ʋu maɖifɔ ƒo alidziblanu si le nye ali kple afɔkpa si le nye afɔ.#2.5: Hebri-gbea be eƒe. 6Ale sia ale si wò ŋutɔ èkpɔ be yeatrɔ asi le nya ma ŋu ko la, wɔe. Gake ale ke kee hã, mègana eƒe ta ɣi nayi tsiẽƒe le ŋutifafa me o. 7#Sam II, 17.27-29.Wò asi megavɔ le Gileadtɔ Barzilai ƒe viŋutsuwo ŋu o. Na woawo hã nanɔ ame siwo ava nɔ nu ɖum le wò kplɔ̃ ŋu la dome. Elabe esime menɔ sisím le nɔviwò Absalom nu la, wowɔ dɔmenyo nam. 8#Sam II, 16.5-13; 19.16-23.Ame ɖeka hã gali: eyae nye Simei, Gera vi, tso Baxurim le Benyamin-nyigba me. Gbe si gbe meyina ɖe Maxanaim la, eva dzum, do vlom vevie. Gake esi metrɔ gbɔna la, eva kpem le Yordan-tɔsisi nu eye metà Aƒetɔ nɛ be: ‘Nyemawu wò kple yi o.’ 9Gake mègana wòatsi anyi tohehemaxɔ o. Ame nyanu nènye. Wò ŋutɔ ànya ale si nàwɔe. Na eƒe ta ɣi la naƒo ʋu wòatsɔ yi tsiẽ.”
David ƒe ku
10Tete David ku, eye woɖii ɖe David ƒe du la me. 11#Sam II, 5.4, 5; Kron I, 3.4.Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe bla ene: ƒe adrẽ le Xebron, ƒe bla etɔ̃ vɔ etɔ̃ le Yerusalem. 12#Kron I, 29.23.Ale Salomo nɔ tɔ́a David ƒe fiazikpui dzi, eye eƒe fiaɖuƒe la li ke sesĩe.
Adoniya ƒe ku
13Eva eme be Adoniya, Xagit vi va Salomo nɔ Batseba gbɔ. Batseba biae be: “Ɖagbeea?” Eɖo ŋu be: “Ẽ, ɖagbee.” 14Ke egblɔ be: “Nya aɖe le asinye mebe magblɔ na wò.” Batseba xɔ edzi be: “Gblɔe.” 15Adoniya yi edzi be: “Wò ŋutɔ ènya be fiaɖuƒea la tɔnye wòle be wòanye, eye Israel bliboa nɔ mɔ kpɔm be nyee le fia ɖu ge hafi. Gake nuawo va trɔ bubui; fiaɖuƒea va zu nɔvinye tɔ elabe Aƒetɔ ŋutɔe ɖoe nenema. 16Ke nu ɖeka aɖe pɛ ko li medi be mabia wò. Mègatem o!” Batseba gblɔ nɛ be: “Yi dzi nàƒo nu.” 17#Fia I, 1.3, 4.Adoniya yi edzi be: “Meɖe kuku na wò, ƒo nu kple fia Salomo nam ne wòatsɔ Abisag, Sunam-nyɔnu la, nam maɖe. Menya be màbia nui wòagbe o.” 18Batseba gblɔ be: “Enyo, mayi aɖaƒo nu kple fia la na wò.”
19Ale Batseba yi fia Salomo gbɔ be yeatsɔ Adoniya ƒe biabiaa aɖo eŋkume. Esi fia la kpɔe wògbɔna ɖa la, etso yi ɖakpee, eye wòde ta agu nɛ hã. Tete wòtrɔ va bɔbɔ nɔ eƒe fiazikpui dzi. Ena wotsɔ zikpui vɛ na fia nɔ, eye nɔa bɔbɔ nɔ eƒe ɖusime. 20Batseba gblɔ be: “Medi be maɖe kuku na wò nàwɔ nu vi aɖe nam. Mègagbe o!” Fia la gblɔ nɛ be: “Nɔnye, nu ka nèdi be mawɔ na ye? Nyemagbe o ɖe!” 21Egblɔ be: “Na woatsɔ Abisag, Sunam-nyɔnu la na nɔviwò Adoniya ne wòaɖe.”
22Fia Salomo ɖo nyaa ŋu na nɔa be: “Nu ka ta nèle Abisag ko biam na Adoniya? Bia fiaɖuƒea hã nɛ! Fonye wònye, eye kura gɔ̃ la, nunɔla Abyatar kple aʋakplɔla Yoab, Zeruya vi la, le edzi xoxo.” 23Tete fia Salomo tà Aƒetɔ be: “Mawu nefiam wòagafiam ɖe edzi, ne Adoniya metsɔ eƒe agbe xe fe ɖe nya sia ta o fĩi! 24Aƒetɔ nye ame si li kem, tsɔm ɖo tɔ́nye David ƒe fiazikpui dzi, eye wòna nye dzidzime zu fiaƒome abe ale si wòdo ŋugbe ene. Metà Aƒetɔ be mana woawu Adoniya egbe sia ke.” 25Ale fia Salomo dɔ Benaya, Yahoyada vi ɖa wòyi ɖaxlã nu ɖee ƒu anyi wòku.
Abyatar nyànya; Yoab ƒe ku
26 # Sam II, 15.24;
Sam I, 22.20-23. Fia la gblɔ na nunɔla Abyatar be: “Yi ɖanɔ wò anyigba me le Anatot. Èdze na ku gake nyemana woawu wò fifia o, elabe wòe tsɔ Aƒetɔ Mawu ƒe aɖaka la le tɔ́nye David ŋgɔ; gawu la, ènɔ tɔ́nye ŋu kplíkplikpli heto eƒe fukpekpewo katã me kplii.” 27#Sam I, 2.27-36.Ale Salomo nyà Abyatar ɖa be maganye Aƒetɔ ƒe nunɔla azɔ o. Abyatar nyànya siae nye nya si Aƒetɔ gblɔ ɖi le Silo ɖe Eli ƒe ƒome ŋu la ƒe mevava.
28Esi Yoab se nu si dzɔ ɖe Adoniya kple Abyatar dzi la, esí yi Aƒetɔ ƒe agbadɔ me ɖalé vɔsamlekpui la ƒe dzowo ɖe asi. Esí alea elabe eya hã nɔ Adoniya dzi, togbɔ be mede Absalom ya dzi o hã. 29Esi wova gblɔ na fia Salomo be: “Yoab sí yi Aƒetɔ ƒe agbadɔ me ɖale vɔsamlekpuia gbɔ” la, Salomo dɔ Benaya, Yehoyada vi ɖa be: “Yi ɖawui.” 30Ale Benaya va Aƒetɔ ƒe agbadɔ la me, eye wògblɔ be: “Fia ɖe gbe be: ‘Do go va.’ ” Yoab ɖo eŋu be: “Gbeɖe, maku le afi sia.” Benaya gatrɔ yi fia la gbɔ ɖagblɔ Yoab ƒe ŋuɖoɖoa nɛ. 31Fia la xɔ edzi nɛ be: “Wɔ nu si dim wòle la nɛ: Wui le afi ma ne nàɖii, be nàɖe ʋu maɖifɔ si wòkɔ ɖi la ɖa le nye kple tɔ́nye ƒe aƒe ŋu. 32Yoab wu Israel ƒe aʋakplɔla Abner, Ner vi kple Yuda ƒe aʋakplɔla, Amasa, Yeter vi. Ame siwo nyo wui, eye woxɔ asi wui hã, gake ɖeko wòtso ko wu wo le tɔ́nye ƒe manyamanya me, evɔ wònye ameawo mewɔ naneke si ta wòdze be woawu wo ɖo hafi o. Aƒetɔ ŋutɔ agahe to nɛ le eƒe nuwɔna vɔ̃ɖiawo ta. 33Yoab kple eƒe dzidzimeviwo akpɔ tohehe tso Aƒetɔ gbɔ tegbee le ame eve siawo ƒe ku ta. Ke Aƒetɔ ana ŋutifafa David, David ƒe dzidzimeviwo, eƒe ƒome kple eƒe fiazikpui heyi ɖe mavɔ me.” 34Tete Benaya, Yehoyada vi ɖaƒo Yoab ƒu anyi hewui. Woɖii ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒeme le gbedadaƒo. 35Eyome fia tsɔ Benaya, Yehoyada vi ɖo aʋakɔ la nu, ɖe Yoab teƒe eye wòtsɔ nunɔla Zadok ɖo Abyatar teƒe.
Simei ƒe ku
36Azɔ fia na woɖayɔ Simei vɛ nɛ, eye wògblɔ nɛ be: “Tso aƒe na ɖokuiwò ɖe Yerusalem, eye nànɔ afi ma, eye wò afɔ eve megado yi afi aɖeke o. 37Elabe gbe si gbe nàdo go atsò Kidron-tɔʋua la, nyae be yeku, wò ʋu anɔ wò ŋutɔ wò ta dzi.” 38Simei gblɔ na fia la be: “Nu si nègblɔ la nyo, abe ale si nye aƒetɔ fia gblɔ ene la, nenemae wò dɔla awɔ.” Ale Simei nɔ Yerusalem-du me ŋkeke geɖewo.
39Le ƒe etɔ̃ megbe la, eva va eme be eƒe kluvi eve sí yi Gat-fia Axis, Maaxa vi gbɔ. Esi amewo va gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, wò kluviwo le Gat” la, 40Simei tso, bla akpa na eƒe tedzi, eye wòyi eƒe kluviawo di ge le Axis gbɔ le Gat. Ekpɔ wo, eye wòkplɔ wo gbɔe tso Gat. 41Ke esi wogblɔ na Salomo be Simei tso Yerusalem yi Gat gbɔ la, 42fia na woyɔ Simei vɛ, eye wòbiae be: “Ɖe nyemena nètà Aƒetɔ, eye mexlɔ̃ nu wò be: ‘Nyae nyuie be gbe si gbe nèdo le afi sia yi afi aɖe la, àku’ oa? eye nègblɔ nam be: ‘Nu si nègblɔ la, enyo, maɖo toe’ oa? 43Nu ka ta mèwɔ adzɔgbe si nèɖe na Aƒetɔ dzi o, eye nu ka ta nèda se si mede na wò la dzi?” 44Fia la gblɔ hã na Simei be: “Ènya le wò dzime, vɔ̃ siwo katã nèwɔ ɖe tɔ́nye David ŋu, eya ta Aƒetɔ atrɔ wò vɔ̃ la akɔ ɖe wò ŋutɔ wò ta dzi. 45Ke woayra fia Salomo ya, eye David ƒe fiazikpui ali ke le Aƒetɔ ŋkume tegbee.” 46Tete fia ɖe gbe na Benaya, Yehoyada vi, eye wòkplɔ Simei do goe ɖaƒoe ƒu anyi wòku.
Ale fiaɖuƒe la li ke keŋkeŋ ɖe Salomo ƒe asi me.
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.