1
Tesalonikatɔwo II 2:3
EƲEGBE BIBLIA
EB14
Migana ame aɖeke nable mi le mɔ aɖeke nu kura o, elabe hafi ŋkeke ma nava la, ele be aglãdzedze ɖe Mawu ŋu nado ŋgɔ gbã eye aglãdzela si le tsɔtsrɔ̃ ge godoo la nadze ƒãa.
2
Tesalonikatɔwo II 2:13
Ke, mi nɔvinye, siwo Aƒetɔ la lɔ̃ vevie, ele be míada akpe na Mawu ɣe sia ɣi le mia ta, elabe miawoe nye ame gbãtɔ siwo Mawu tia be yeaxɔ ɖe agbe. Etsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ mia ŋutii, eye miexɔ nyateƒenya la dzi se.
3
Tesalonikatɔwo II 2:4
Ame sia le tsitre tsi ge ɖe Mawu, alo nu ɖe sia ɖe ƒomevi si wosubɔna la ŋuti. Ayi ɖe mawuxɔ la me, abɔbɔ nɔ anyi ɖi, ahagblɔ be Mawue yenye.
4
Tesalonikatɔwo II 2:16-17
Azɔ la, mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Tɔ́, ame si lɔ̃ mí, heve mía nu, eye wòna akɔfafa mavɔmavɔ mí, gana be míele mɔ kpɔm na nu vavã aɖe la, nado ŋusẽ miaƒe dziwo. Nena miaƒe dɔ nyui wɔwɔ kple nu nyui ƒoƒo ɖe sia ɖe nali ke zã.
5
Tesalonikatɔwo II 2:11
Eya ta Mawu tsɔ gbɔgbɔ si nana be ame trana la de wo me, be wòana woaxɔ nu si nye aʋatso la dzi ase
6
Tesalonikatɔwo II 2:9-10
Satana ana ŋusẽ aglãdzela sia be wòatsɔ awɔ nukunu kple dzesi aɖewoe, eye wòato ameblemɔnu vɔ̃ɖiwo dzi aflu ame geɖe, siwo atsrɔ̃ la, elabe wogbe be yewomaxɔ nyateƒe la, ne woaɖe yewo o.
7
Tesalonikatɔwo II 2:7
Aglãdzedze ƒe ŋusẽ le dɔ wɔm le vivime xoxo, ke nu si koe kpɔtɔ lae nye be ame si le asi ɖom edzi la nate ɖa.