Zefanya 1
1
1 #
Fia II, 22.1—23.30; Kron II, 34.1—35.27. Gbedeasi sia nye nya si Aƒetɔ gblɔ to Zefanya dzi, esime Yosiya, Amon vi, nye fia le Yuda-nyigba dzi. Zefanya nye Kusi, Gadalya, Amarya kple fia Xizkiya ƒe dzidzimevi.
Aƒetɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃gbe la
2“Mele nu sia nu tsrɔ̃ ge ɖa keŋkeŋ
le anyigba dzi.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
3“Matsrɔ̃ amegbetɔ, lã, xe
kple ƒumelãwo katã.
Matsrɔ̃ ame#1.3: Wogblɔ le Hebri Biblia me be nuɖianuwo. vɔ̃ɖiwo keŋ.
Maɖe amegbetɔƒomea ɖa le anyigba dzi.”
Aƒetɔ lae gblɔe.
4“Mahe to na Yuda kple Yerusalemnɔlawo katã.
Maɖe Baal ƒe mamlɛa
kple nunɔla siwo subɔa trɔ̃ la ƒe ŋkɔ ɖa le teƒe sia.
5Matsrɔ̃ ame sia ame si yia xɔta ɖasubɔa ɣe,
ɣleti kple ɣletiviwo la,
ame siwo subɔa Aƒetɔ,
eye ne woka atam nam vɔ la,
wogatsɔa mawu Milkom ŋkɔ
nɔa atam kamee la hã.
6Matsrɔ̃ ame siwo katã trɔ le Aƒetɔ yome
kple ame siwo media Aƒetɔ alo biaa eta sena o.”
7Mizi ɖoɖoe le Aƒetɔ Mawu ŋkume!
Elabe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la tu aƒe.
Aƒetɔ dzra vɔsa ɖo,
eye wòkɔ ame siwo wòkpe la ŋu.
8Le Aƒetɔ ƒe vɔsagbe la,
“Mahe to na amegãwo
kple fiaviŋutsuwo
kpakple ame siwo katã doa awu
abe dukɔ bubu me tɔwo ene.
9Gbe ma gbe mahe to na
ame sia ame si tia kpo flɔa kpuiwo,
eye wotsɔa ŋutasesẽ kple amebaba
xɔa nuwo le amewo si fũu
va kɔna ɖe woƒe aƒetɔ ƒeme#1.9: Woƒe aƒetɔ ƒeme: Alo woƒe trɔ̃ƒe. gleglegle.”
10Aƒetɔ be: “Gbe ma gbe asiƒunu aɖi
le Tɔmelãgbo nu le Yerusalem-du me.
Miase avifafa le dua ƒe To Evelia,
eye nu gbagbã ƒe ɖiɖi sesĩe atso togbɛwo dzi.
11Mi Tomenɔlawo,
mifa avi,
elabe asitsalawo katã megali o,
wotsrɔ̃ ame siwo katã daa klosalo.
12Ɣe ma ɣi la, matsɔ akaɖi atsa le Yerusalem-dua me.
Mahe to na ame siwo katã ƒe dzi dze eme,
woɖe dzi ɖi,
eye wogblɔna na wo ɖokui be:
‘Aƒetɔ mele nyui alo vɔ̃ wɔ ge o.’
13Woaha woƒe kesinɔnuwo,
eye woagbã woƒe aƒewo.
Togbɔ be wotu xɔwo hã la,
womanɔ wo me o.
Togbɔ be wode waingblewo hã la,
womano wain tso wo me o.”
14Aƒetɔ ƒe ŋkeke gã la tu aƒe;
egogo vɔ, eye wòle du dzi sesĩe gbɔna.
Aƒetɔ ƒe ŋkeke la le vevem helihelĩ,
ŋutsu kalẽtɔwo ado aʋaɣli bobobo gbe ma gbe.
15Ŋkekea anye dɔmedzoegbe,
fukpegbe kple xaxagbe.
Anye aƒegbãgbe kple nugblẽgbe;
anye blukɔdogbe kple vivitidogbe;
anye alilikpodogbe kple tsizidogbe;
16anye aʋayikpẽɖigbe kple aʋaɣlidogbe
ɖe du sesẽwo kple gbetakpɔxɔ kɔkɔwo ŋu.
17Mana amegbetɔwo naxaxa,
ale be woazɔ abe ŋkunɔwo ene,
le vɔ̃ si wowɔ ɖe Aƒetɔ ŋuti ta.
Woakɔ woƒe ʋu ɖi abe tsi ene,
eye woatsɔ woƒe ŋutilã aƒu gbe abe mí ene.
18Woƒe klosalo kple sika mate ŋu aɖe wo
le Aƒetɔ ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi o.
Le ŋkeke ma dzi la, eƒe ŋuʋaʋã si nu sẽ
abe dzo ene afiã xexea me katã.
Ẽ, elabe atsrɔ̃ anyigbadzinɔlawo katã zi ɖeka kpata,
eye woavɔ ɖa keŋkeŋ.
Currently Selected:
Zefanya 1: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

:
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.