Tito 3
3
Kristotɔwo ƒe nɔnɔme
1Ɖo ŋku edzi na hametɔwo be woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulawo kple ame siwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la. Ele be woaɖo to wo, eye woanɔ ŋudzɔ be yewoawɔ dɔ nyui ɖe sia ɖe. 2Womegagblɔ ame ƒe nya vɔ̃e, alo anɔ dzre wɔm o, ke woanye ame fatuwo eye woatsɔ bubu tɔxɛ na amewo katã le nuwɔna ɖe sia ɖe me. 3Elabe tsã la, míawo ŋutɔ hã movitɔwo, tosẽlawo kple tatralawo míenye. Míenye kluviwo na nudzroame kple dzidzɔdonamenu vovovowo. Míewɔ míaƒe ɣeyiɣiwo ŋudɔ le nuvɔ̃ɖi wɔwɔ kple ŋuʋaʋã me. Amewo lé fu mí, eye míawo hã míelé mía nɔewo ɖe fu me. 4Ke esi Mawu, mía Xɔla ɖe ale si wònyoa dɔme, eye wòlɔ̃ amegbetɔ ɖe go la, 5exɔ mí ɖe agbe. Menye nu dzɔdzɔe aɖe si míewɔ la tae o, ke boŋ nublanuie wòkpɔ na mí. Wogbugbɔ mí gadzi to tsi si wole na mí la me, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gawɔ mí yeyee. 6Mawu kɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi faa to Yesu Kristo mía Xɔla dzi, 7ale be míate ŋu ato ale si wòve mía nui la me, be woabu mí ame dzɔdzɔewoe, eye míava kpɔ agbe mavɔ, si míele mɔ kpɔm na la. 8Nya sia nye nyateƒe.
Medi be nàte gbe ɖe nya siawo dzi vevie, ale be ame siwo va xɔ Mawu dzi se la, naɖo tame be yewoawɔ dɔ nyuiwo. Esiawo nye nu nyuitɔwo kekeake, eye viɖe le wo me na amegbetɔwo. 9Ke madi be nàdze na movinyawo ʋiʋli, dzidzimexexlẽfia, amewo dome mama kple dzrewɔwɔ ɖe se la ta. Viɖe aɖeke mele wo me o. Yakanuwo sɔŋ ko wonye. 10Le ame si hea memama dea amewo dome gome ya la, ne ègbe nya nɛ zi eve alo zi etɔ̃ ko la, ɖe asi le eŋu. 11Nyae be ame ma ƒomevi ƒe susu me do viviti. Ewɔa nuvɔ̃ faa hebua fɔ eɖokui.
Nuxlɔ̃amenya mamlɛawo
12 #
Dɔw 20.4; Efes 6.21, 22; Kol 4.7, 8; Tim II, 4.12. Nenye be meɖo Artema alo Tixiko ɖe gbɔwò la, dze agbagba vevie nàva gbɔnye le Nikopoli, elabe meɖoe be manɔ afi ma le vuvɔŋɔli. 13#Dɔw 18.24; Kor I, 16.12. Dze agbagba nàdo mɔ senyala Zena kple Apolo hã kaba, eye nàkpɔ egbɔ be yedi nu siwo ahiã wo la na wo. 14Na míawo ŋutɔ míaƒe amewo nasrɔ̃e be ele be yewoawɔ yewoƒe ɣeyiɣiwo ŋudɔ hena dɔ siwo nyo la ko wɔwɔ, ale be woate ŋu ana kpekpeɖeŋu ame kaba ne hiã tui. Mele be woagblẽ ɣeyiɣi ɖe dɔ si me viɖe aɖeke mele o la wɔwɔ ŋu o.
15Ame siwo katã le gbɔnye afii la do gbe na wò. Míedo gbe na ame siwo lɔ̃ mí le xɔsea me la nyuie.
Mawu neve mi katã mia nu.
Currently Selected:
Tito 3: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.