Tito 2
2
Nufiafia nyuitɔ
1Ke le wò ya gome la, fia nu si sɔ kple nufiafia nyuitɔ la. 2Fia ŋutsu tsitsiwo be woanye ame siwo léa wo ɖokui nyuie, ame siwo ɖoa mo vevi ɖe nu ŋu wɔna, ame siwo wɔa susu ŋudɔ nyuie, ame siwo anɔ te le xɔse kple lɔlɔ̃ me, eye woanye ame siwo doa dzi. 3Fia nyɔnu tsitsiwo hã be woanɔ agbe kɔkɔe. Mele be woanye ame siwo zɔa ame ŋu, alo noa aha fũu o. Ele be woafia nu si nyo, 4ale be woate ŋu ahe ɖetugbiwo be woalɔ̃ wo srɔ̃wo kple wo viwo siaa. 5Ele be woanye ame siwo wɔa susu ŋudɔ nyuie, ame siwo dza, ame siwo wɔa aƒemedɔ, ame siwo nyoa dɔme eye wobɔbɔa wo ɖokui na woawo ŋutɔ srɔ̃wo, ale be amewo nagagblɔ nya vlo aɖeke ɖe Mawu ƒe nya la ŋu o. 6Nenema ke xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo hã be woaɖu wo ɖokui dzi. 7Wò ŋutɔ dze agbagba nàfia kpɔɖeŋu nyuitɔ le nu sia nu si nàwɔ la me. Le wò nufiafia me la, nye anukwaretɔ kple moveviɖola. 8Ɖɔ gbe ɖo nàƒo nu nyuie, ale be amewo nagatsi tre ɖe wò nyawo ŋu o. Esia ana be ŋu nakpe ame siwo atsi tre ɖe ŋuwò, esi womekpɔ nya vlo aɖeke agblɔ tso mía ŋu o ta. 9Fia dɔlawo hã be woabɔbɔ wo ɖokui na woƒe aƒetɔwo, eye nu sia nu si woawɔ la, nadze woƒe aƒetɔwo ŋu. Womegaɖo nya ŋu na wo amemabutɔe o. 10Womegafi nu suetɔ kekeake hã o, ke boŋ woneɖee fia be nuteƒewɔla siwo dzi woate ŋu axɔ ase bliboe lae yewonye, ale be nu sia nu si woawɔ la, nade bubu Mawu, mía Xɔla ƒe nufiafia la ŋu.
11Elabe Mawu ɖee fia kɔtɛe be yedi be yeave amegbetɔƒomea nu, eye yeaxɔ ame sia ame ɖe agbe. 12Ale si Mawu ve mía nui la le mía fiam be míaɖe asi le nuwɔna siwo fia mawumavɔmavɔ̃ ŋu, eye míagati nu siwo dzroa mí vevie le xexe sia me la yome o. Ke boŋ be míaɖu mía ɖokui dzi, awɔ nuteƒe, asro Mawu ɖa le míaƒe agbenɔnɔ me le xexe sia me, 13esime míele lalam hele mɔ kpɔm na ŋkeke vevi ma, si dzi mía Mawugã kple mía Xɔla Yesu Kristo ado le ŋutikɔkɔe me la. 14#Ps 130.8; Mos II, 19.5; Mos V, 4.20; 7.6; 14.2; Pet I, 2.9. Eyae tsɔ eɖokui ke faa ɖe mía ta be yeaɖe mí tso nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi me, eye yeakɔ mía ŋuti na ye ɖokui be míanye ye ɖeka ko tɔ, eye míadi vevie be míawɔ nu si nyo la ɖeɖe ko.
15Wɔ wò ŋutete ŋudɔ nàtsɔ ado ŋusẽ amewo ahagbe nya na woe. Mègana ame aɖeke nado vlo wò o.
Currently Selected:
Tito 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.