Salomo ƒe Lododowo 27
27
1 #
Yak 4.13-16. Mègaƒo adegbe le etsɔ si gbɔna la ŋu o,
elabe mènya nu si ŋkeke ahe vɛ o.
2Ame bubu nekafu wò,
eye menye wò ŋutɔ wò nu o;
ame tutɔ,
ke menye wò ŋutɔ wò nu o.
3Kpe la, nu kpekpe ye,
eye ke hã kpena;
ke bometsila ƒe dzikudoname
kpena wu wo kple eve la.
4Adã nyrana,
dɔmedzoe dzea agbo;
ke ame ka ate ŋu anɔ te
ɖe ŋuʋaʋã nu?
5Mokaname le gaglãgbe
nyo wu amelɔlɔ̃ le adzame.
6Xɔlɔ̃ ƒe abideameŋu menye nu baɖa o;
ke futɔ ƒe nugbugbɔname nye fuflu.
7Ƒoɖilae nyɔa ŋu anyitsi;
ke dɔwuitɔ la, nu veve ɖe sia ɖe vivia enu.
8Ame si tra tso eƒe aƒe gbɔ la,
le abe xevi si tra tso eƒe atɔ gbɔ yi ʋĩi ene.
9Ami kple lifi doa dzidzɔ na dzi,
nenema ke xɔlɔ̃ ƒe nya vivi nyo wu
ame ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo na eɖokui.
10Mègagblẽ xɔ̃wò alo tɔ́wò xɔlɔ̃ ɖi o,
eye mègayi nɔviwò ƒeme gbe si gbe
dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe dziwò la o.
Aƒelika tsɔɖeamegbɔ nyo wu nɔviŋutsu
si le adzɔge la.
11Vinye, dze nunya,
eye nàdo dzidzɔ na nye dzi,
ale be mate ŋu aɖo nya ŋu
na ame si ɖea alɔ me le ŋunye.
12Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e,
eye wòɣlaa eɖokui;
ke ame manyanu ya ƒoa ta ɖe eme,
eye wòkpɔa etɔ nua.
13Xɔ ame si de megbe na amedzro ƒe awu le esi
nàtsɔ ɖo awɔba ɖe ame tutɔ gbɔ.
14Ame si yra ehavi ŋdi kanya kple ɣli la,
woabui nɛ fiƒodee.
15Nyɔnu dzrewɔla sɔ kple betrɔ si ɖuɖuna,
ne tsi gã le dzadzam.
16Ame si di be yealé avui la,
le abe yaƒoƒo nue wòbe yeatsi,
eye yeatsɔ yeƒe ɖusi aku amii ene.
17Gae nyrea ga,
eye amee nyrea ehavi.
18Ame si kpɔa eƒe gboti dzi la,
aɖu eƒe kutsetse,
eye ame si dzɔa eƒe aƒetɔ ŋu la,
woade bubu eŋu.
19Ale si ŋkume ɖia ŋkume le tsi mee la,
nenemae ame ƒe dzi sɔna ɖe ame ŋui.
20Tsiẽƒe kple aʋlime meɖi ƒo kpɔ o;
nenema ke ame ƒe ŋku meɖiƒo kpɔ o.
21Wodoa klosalo kpɔ le sonu me,
eye wodoa sika kpɔ le kpo me,
nenema wodoa ame kpɔ, ne wokafui.
22Ne ètsɔ tati to bometsila kple bli
le to me hã la,
eƒe bometsitsi la mado le eŋu akpɔ o.
23Wò alẽha ƒe nɔnɔme nenɔ nyanya na wò nyuie,
eye nàlé be na wò lãhawo.
24Elabe kesinɔnu menɔa anyi ɖaa o,
eye fiakuku hã menɔa anyi yi
ɖe dzidzimewo katã dzi o.
25Ne gbe megali o eye gbe fɛ̃wo to,
eye woƒo gbewo nu ƒu ɖe towo dzi la,
26wò alẽviwo ana nàkpɔ wò nudodowo,
eye àkpɔ ga tso wò gbɔ̃wo me aƒle agblee.
27Ekema àkpɔ gbɔ̃notsi fũu na wò nuɖuɖu,
na wò aƒemetɔwo ƒe nuɖuɖu
kple wò dɔlanyɔnuwo ƒe nunyiame.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 27: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.