Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 26

26
1Abe vuvɔ le dzoxɔxɔŋɔli
alo tsidzadza le nuŋeɣi ene la,
nenemae bubu medze bometsila o.
2Ale si atsutsrɔe dzonae,
sagbadre saa agbae la,
nenemae nye fiƒoƒo de ame ɖe ya me.
3Sɔƒoka li na sɔ,
numega li na tedzi,
eye ati li na bometsila ƒe dzime.
4Mègaɖo nya ŋu na bometsila
ɖe eƒe bometsitsi nu,
ne wò hã nàva nɔ abe eya ene o.
5Ɖo nya ŋu na bometsila
ɖe eƒe bometsitsi nu,
ne magabu eɖokui nunyalae o.
6Ame si dea du asi na bometsila la,
lãa eya ŋutɔ ƒe afɔ,
eye wòsẽa ŋuta le eɖokui ŋuti.
7Ale si ŋusẽ mele bunɔ ƒe atawo ŋu o la,
nenemae lododo le
le bometsila ƒe nu mee.
8Ame si de bubu bometsila ŋu la,
le abe ame si bla kpe ɖe akafo me ene.
9Ale si ŋu le
le ahamula ƒe asi mee la,
nenemae lododo le
le bometsila ƒe nu mee.
10Ale si aŋutrɔdala dea abi ame sia ame ŋui la,
nenemae nye ame si tsɔ bometsila
alo ahanomunɔ be newɔ dɔ na ye.
11 # Pet II, 2.22. Ale si avu trɔna
ɖe nu si eya ŋutɔ tru ŋui la,
nenema bometsila gbugbɔa eya ŋutɔ
ƒe bometsinu wɔnae.
12Èle ame si le eɖokui bum
nunyalae la kpɔma?
Mɔkpɔkpɔ le bometsila si wu eyama.
13Kuviatɔe gblɔna be:
“Dzata le mɔ dzi!
Dzata le ablɔ me!”
14Ale si ʋɔtru trona le eƒe megbega mee la,
nenemae kuviatɔ trɔna le eƒe aba dzi.
15Ne kuviatɔ de asi agba me la,
egbugbɔ de nu me tea ɖeɖi eŋu ŋutɔ.
16Kuviatɔ bua eɖokui nunyalae
wu ame adrẽ siwo ɖoa nya ŋu
ɖe nunya me.
17Ame si de nu dzre si mekae o me la,
sɔ kple ame si alé to na avu si tso me va yina la.
18Ale si tsukunɔ daa akakati bibiwo
alo aŋutrɔwo hewua nui la,
19nenemae nye ame si blea ehavi
hegblɔna be: “Fefem ko mele.”
20Ne nake vɔ la, dzo tsina;
afi si sakplitɔ mele o la, dzre kena.
21Ale si aka nana be dzo xɔnae,
eye nake nana be dzo binae la,
nenemae dzrewɔla dea dzo dzre mee.
22Sakplitɔ ƒe nyawo le abe nuɖuɖu vivi ene;
ɖe wodea lã me ke na ame.
23Ale si wofaa klosalomí ɖe anyize ŋui la,
nenemae nya vivi gbɔgblɔ
si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la le.
24Ketɔ ƒoa nu nyuie trɔa eɖokui bubui;
ke edzra alakpa ɖo ɖe eƒe dzime.
25Ne eƒo nu nyuie wònyase hã la,
mègaxɔ edzi se o,
elabe ŋunyɔnu adrẽ le eƒe dzime.
26Ne eƒe fuléle ɣla eɖokui ɖe beble me hã la,
eƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye adze le dutoƒo.
27 # Sir 27.25-27. Ame si ɖe do la, age adze eme,
eye kpe atrɔ adze emlila dzi.
28Alakpaɖe léa fu ame siwo
dome wògblẽ keŋkeŋ la,
eye nu me vivi tsrɔ̃a nu.

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 26: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in