Bible App logo
Search Icon

Salomo ƒe Lododowo 11

11
1Amebanudanu nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ;
ke nudanu nyuitɔ doa dzidzɔ nɛ.
2Ne dàda va la, ŋukpe nɔa eyome!
Ke nunya nɔa ɖokuibɔbɔla gbɔ.
3Fɔmaɖilawo ƒe nuteƒewɔwɔe kplɔa wo;
ke alakpa tsrɔ̃a nuteƒemawɔlawo.
4Kesinɔnu meɖea vi le dɔmedzoedogbe o;
ke nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea ame le ku me.
5Ame maɖifɔ ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ
taa mɔ nɛ tẽe;
ke ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ
tsɔnɛ ƒua anyi.
6Nuteƒewɔlawo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ
ɖea wo;
ke ametatrɔlawo ŋutɔ
ƒe ŋubiabiã léa wo blana.
7Ne ame vɔ̃ɖi ku la,
eƒe mɔkpɔkpɔ nu tsina;
ke mawumavɔ̃la ƒe ŋuɖoɖo
zua dzodzro.
8Woɖea ame dzɔdzɔe le xaxa me,
eye ame vɔ̃ɖi va xɔa eteƒe.
9Mawumavɔ̃la tsɔa eƒe nu tsrɔ̃a ehavii;
ke sidzedze wotsɔna ɖea ame dzɔdzɔewoe.
10Ne eme nyo na ame dzɔdzɔe la,
du blibo kpɔa dzidzɔ,
eye ne ame vlo tsrɔ̃ la,
dzidzɔɣli ɖina.
11Nuteƒewɔlawo ƒe yayra doa du ɖe dzi;
ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu gbãa du.
12Ame manyanue doa vlo ehavi;
ke nunyala ya zia kpi.
13Sakplisala ʋua go nya ɣaɣla;
ke ame ɖoŋuɖeŋua ɣlaa nya.
14 # Nya 6.24. Ne kplɔla meli o la,
dukɔ yia to;
ke adaŋudela geɖewo
hea dedienɔnɔ vɛ.
15Ame si de megbe na amedzro la,
tsia mavomavo;
ame si ƒoa asa na megbedede la,
nɔna dedie.
16Nyɔnu amenuvela ƒe asi sua bubu dzi;
ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu dzi.
17Dɔmenyotɔ wɔa nyui na eya ŋutɔ ɖokui;
ke ŋutasẽla wɔa nu vevi
eya ŋutɔ ƒe ŋutilã.
18Ŋutasẽla kpɔa viɖe ƒuƒlu;
ke ame si ƒãa nu dzɔdzɔe wɔwɔ la
xɔa fetu vavãtɔ.
19Nu dzɔdzɔe wɔwɔ hea agbe vanɛ,
ke nuvɔ̃ɖi yome titi hea ku vanɛ.
20Ame siwo si alakpasusu le la,
ŋunyɔ wonye na Aƒetɔ;
ke ame siwo ƒe nuwɔna me fɔɖiɖi mele o la,
dzidzɔ wonye nɛ.
21Meka ɖe edzi na wò: Ne woagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi fĩi!
Ke woaɖe ame dzɔdzɔewo ya.
22Nyɔnu dzetugbe manyanu
le abe ha si sikaŋɔtigɛ le ŋɔti me na ene.
23Ame dzɔdzɔe ƒe didi nye nu nyui ɖeɖe sɔŋ;
ke ame vlo ƒe mɔkpɔkpɔ nye dziku.
24Ame aɖe naa nu faa;
ke ɖeko wògakpɔa nu ɖe edzi.
Gake ame bubu ya vea nu ale gbegbe;
ke ɖeko wògadaa ahe wu.
25Woana dɔmenyotɔ naɖi ƒo,
eye ame si na tsi ame la, aɖi kɔ.
26Ame si dzraa bli ɖo, medzranɛ o la,
woƒoa fi denɛ;
ke ame si dzranɛ faa la,
woyranɛ.
27Ame si tia nyui yome la
dzea ame ŋu;
ke ame si dia vɔ̃ la,
vɔ̃ atui.
28Ame si ɖoa ŋu ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu la,
ayrɔ;
ke ame dzɔdzɔe ada ama
abe aŋgba mumu ene.
29Ame si ɖea fu na eƒe aƒemetɔwo la,
aɖu aya,
eye bometsila
azu dɔtsɔvi na nunyala.
30Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye ati si naa agbe;
ke sedzimawɔmawɔ ɖea ame geɖe ƒe agbe ɖa.
31 # Pet I, 4.18. Ne woɖoa nuteƒe na ame dzɔdzɔewo
le anyigba dzi la,
ɖe womaɖo eteƒe
na ame vɔ̃ɖi kple nuvɔ̃wɔla wu oa?

Currently Selected:

Salomo ƒe Lododowo 11: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in