Salomo ƒe Lododowo 10
10
Salomo ƒe lododowo
1Salomo ƒe lododowoe nye esiawo:
Vi nyanu doa dzidzɔ na tɔ́a;
ke vi tsibome nye nuxaxa na nɔa.
2Kesinɔnu si wokpɔ to nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me
meɖea vi o;
ke nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea ame
tso ku me.
3Aƒetɔ menana be dɔ wua ame dzɔdzɔe o,
ke exea mɔ na ame vɔ̃ɖi ƒe nudidi.
4Alɔ gblɔdɔ wɔwɔ nana be wodaa ahe,
ke veviedonula ƒe asi hea kesinɔnu vɛ.
5Vi si ƒoa nu ƒu le dzomeŋɔli la,
vi nyanu ye;
ke vi si dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la,
vi doŋukpeame ye.
6Yayra nɔa ame dzɔdzɔe ƒe ta dzi,
ke ŋutasesẽ bèna ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe nu me.
7Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi nye yayra,
ke ame vɔ̃ɖi ŋkɔ anyunyɔ.
8Ame si nunya le ta gbɔ na la
wɔa se dzi;
ke bometsila nu kpoloe ƒola
dzea gbegblẽ me.
9Ame si nɔa agbe fɔɖiɖi manɔmee la,
nɔna dedie;
ke nu fitifiti wɔla ƒe nya
dzea go.
10Ame si miaa ŋku ɖe ame la
hea masɔmasɔ vanɛ,
ke ame si kaa mo na ame vɔvɔ̃ manɔmee la,
wɔa ŋutifafa.#10.10: Gɔmeɖeɖe aɖewo be: Ame si miaa ŋku ɖe ame la, hea masɔmasɔ vanɛ, eye bometsila nu kpoloe ƒola dzea gbegblẽ me.
11Ame dzɔdzɔe ƒe nu nye agbevudo;
ke ame vɔ̃ɖi ƒe nu ɣlaa ŋutasesẽ.
12 #
Yak 5.20; Pet I, 4.8. Fuléle hea dzre vɛ,
ke lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi.
13Wokpɔa nunya
le nugɔmesela ƒe nuƒo me;
ke ameƒotie dze na
ame manyanu ƒe dzime.
14Nunyala ƒoa ƒu sidzedze ɖi;
ke bometsila ƒe nuƒo blóbloblo gogo gbegblẽ.
15Hotɔ ƒe du sesẽ nye eƒe kesinɔnu;
ke hiãtɔ ƒe ahedada nye eƒe tsɔtsrɔ̃.
16Ame dzɔdzɔe tsɔa eƒe fetu nɔa agbee;
ke ame vɔ̃ɖi tsɔa eƒe viɖe wɔa nuvɔ̃e.
17Ame si lɔ̃a nufiame, le agbemɔ dzi;
ke ame si gbe mokaname la traa mɔ.
18Ame si ɣla fuléle la
alakpatɔ wònye,
eye ame si kaa aʋatso ɖe ame si la,
movitɔ ye.
19Nya tatra megbea nuƒo vivivo me o;
ke ame si kpɔa eƒe nu dzi la, nunyala ye.
20Ame dzɔdzɔe ƒe aɖe la,
klosalo dzadzɛtɔ ye;
ame vɔ̃ɖi ƒe susu ya
meɖi naneke o.
21Ame dzɔdzɔe ƒe nuƒo nyia ame geɖe,
ke susumanɔamesi wua bometsilawo.
22Aƒetɔ ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ,
dagbadagba manɔmee.
23Nu vlo wɔwɔ nye fefe ko
na bometsila la;
ke nu wɔwɔ ɖe nunya me
doa dzidzɔ na nugɔmesela.
24Nu si vɔ̃m ame vɔ̃ɖi le la,
eyae dzɔna ɖe edzi.
Ke ame dzɔdzɔe ƒe didi ya
vaa eme nɛ.
25Ne ahom tu la,
ame vɔ̃ɖiwo nu yina;
ke ame dzɔdzɔewo ya
lia ke tegbee.
26Ale si aha tsitsi nyɔa aɖui,
eye dzudzɔ yɔa ŋkui la,
nenema kuviatɔ le na
ame si dɔ dɔe la.
27Aƒetɔ -vɔvɔ̃e dzia agbe ɖe edzi;
ke ame vɔ̃ɖi ƒe ƒèwo nu tsona kpo!
28Dzidzɔe nye ame dzɔdzɔe ƒe mɔkpɔkpɔ;
ke ame vɔ̃ɖi ƒe ŋuɖoɖo zua dzodzro.
29Aƒetɔ nye mɔ́ sesẽ na fɔmaɖila;
ke ehea gbegblẽ vaa nu vlo wɔlawo dzi.
30Womaɖe ame dzɔdzɔe ɖa le enɔƒe akpɔ o;
ke ame vɔ̃ɖi ya manɔ
anyigba la dzi o.
31Nunya doa go tso ame dzɔdzɔe ƒe nu me;
ke alakpaɖe ya, woalãe ɖa.
32Ame dzɔdzɔe ƒe numenya sɔa to me;
ke ame vɔ̃ɖi ƒe nu nye alakpago.
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 10: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.