Salomo ƒe Lododowo 1
1
Lododowo ƒe asixɔxɔ
1 #
Fia I, 4.32. Israel-fia Salomo, David vi la ƒe lododowoe nye esiawo:
2Wonana be ame dzea nunya, eye wòxɔa hehe;
wonana be ame sea nya detowo gɔme.
3Wonaa hehe ame wòwɔa nu nunyatɔe;
wonana be wòwɔa nu dzɔdzɔe,
tia nya dzɔdzɔe yome,
eye wòtsoa nya me sɔsɔe.
4Wofiaa aɖaŋudzedze ame makpɔnuteƒewo,
eye wowɔa sɔhɛwo sidzelawo
kple tamebulawoe.
5Nunyala nese lododoawo,
ne wòadzi eƒe nunya ɖe edzi;
nugɔmesela nese wo,
ne wòadze aɖaŋu ɖe edzi,
6bene wòase lododowo, abebubuwo, nunyala
ƒe nyawo kple adzowo gɔme.
Nuxlɔ̃amenya na sɔhɛwo
7 #
Hiob 28.28; Ps 111.10; Lod 9.10; Sir 1.14. Aƒetɔ -vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze;
bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.
8Vinye, ɖo to tɔ́wò ƒe amehehe,
eye mègagbe nɔwò ƒe nufiame o,
9elabe tablanu dzeani wonye na wò ta,
kɔmegɛ atsyɔ̃ɖonu na wò kɔ.
10Vinye, ne nuvɔ̃wɔlawo le nuwò blem la,
mègalɔ̃ o.
11Ne wobe: “Va míyi, míaɖade xa, awu ame.
Na mífiti ame maɖifɔ dzodzro ko.
12Míatsrɔ̃ wo abe ale si tsiẽƒe
miaa ame agbagbee ene,
ne woaɖi wo bliboe
abe ale si woyia aʋlimee ene.
13Míaƒe asi asu kesinɔnu nyuiwo dzi,
míatsɔ aboyonu ayɔ míaƒe xɔwo me.
14Va wɔ ɖeka kpli mí,
gakotoku ɖeka nanɔ mí katã si” la,
15vinye, mègazɔ kpli wo o;
mègaɖo afɔ woƒe toƒe o.
16Elabe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu wole du dzi ɖo,
eye ʋukɔkɔɖi ŋu wole abla ɖem ɖo.
17Elabe dzodzroe woɖoa mɔ̀ na xevi
le xevia ŋkume.
18Ke ame siawo de xa ɖe
woawo ŋutɔ ƒe agbe ŋu;
woawo ŋutɔ ƒe agbe ŋu
wole adeklo dzi ɖo.
19Alea ko wòwua enu
na ame siwo katã tsɔa
ŋutasesẽ tia viɖe yomee:
Viɖe lae ɖea ekpɔlawo ƒe agbe ɖa.
Nunya le amewo yɔm
20 #
Lod 8.1-3. Nunya le ɣli dom bobobo le ablɔ dzi;
ekɔ gbe dzi le asiwo me.
21Ele ɣli dom le ame yɔm le dutakpeƒe
le gbɔgblɔm le dua ƒe agbowo nu be:
22“O, movitɔwo, ɣe ka ɣi miadzudzɔ movinuwɔwɔ?
Fewuɖulawo ɖe, ɣe ka ɣi woadzudzɔ fewuɖuɖu?
Bometsilawo ɖe, ɣe ka ɣi woadzudzɔ fuléle nunya?
23Milé to ɖe nye mokaname ŋu.
Kpɔ ɖa, matrɔ nye gbɔgbɔ#1.23: GBƆGBƆ: Gɔmeɖeɖe aɖewo be tamesusuwo.
akɔ ɖe mia dzi,
eye mana miadze si nye nyawo.
24Elabe meyɔ mi, miegbe tɔtɔ.
Medo abɔ ɖe mi,
ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o.
25Miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo katã,
eye miegbe nye mokaname.
26Eya ta nye hã mako mi
ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe mia dzi.
Ne ŋɔdzi lé mi la,
maɖe alɔ me le mia ŋu.
27Ne ŋɔdzi lɔ mi ɖe nu abe ahomya ene,
ne miaƒe dzɔgbevɔ̃e ho va lɔ mi
abe yali gblẽnu ene
eye hiã kple xaxa ɖi kpe mi la,
28woayɔm, ke nyematɔ o;
woadim vevie, ke womakpɔm o,
29elabe wolé fu nunya
eye wometia Aƒetɔ -vɔvɔ̃ o.
30Elabe wogbe nye aɖaŋuɖoɖo,
eye wodo vlo nye mokanamewo katã.
31Eya ta woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse
wòati ko na wo.
32Elabe ame makpɔnuteƒewo la,
amegbemasemasee wua wo,
eye bometsilawo la,
kakaɖeameɖokuidzie tsrɔ̃a wo.
33Ke ame si ɖoa tom la, anɔ anyi le dziɖeɖi me,
eye ne dzɔgbevɔ̃e do ŋɔdzi nɛ la,
dzi maɖe le eƒo o.”
Currently Selected:
Salomo ƒe Lododowo 1: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.