YouVersion Logo
Search Icon

Filipitɔwo 2

2
Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la
1Azɔ la, dzi ɖo mia ƒo, elabe miewɔ ɖeka kple Kristo. Eƒe lɔlɔ̃ dea dzi ƒo na mi. Miedea ha kple Gbɔgbɔ la, eye mienyoa dɔme hekpɔa nublanui na mia nɔewo. 2Eya ta, be miana makpɔ dzidzɔ wòade edeƒe la, mina miaƒe tamesusu nanɔ ɖeka; milɔ̃ mia nɔewo ame ŋkume makpɔmakpɔtɔe, miaƒe gbɔgbɔ nawɔ ɖeka, eye miabu nu ɖeka ko ŋu. 3Migawɔ naneke tso ɖokuitɔdidi alo dàda me o. Mibɔbɔ mia ɖokui, eye mibu ame bubuwo be wonyo wu yewo. 4Mia dometɔ aɖeke megadi nu si anyo na eya ɖeɖe ko o, ke nedi nu si anyo na ame bubuwo hã. 5Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu si la, nanɔ miawo hã mia si. Esiae nye:
6Togbɔ be enye ame si nɔ Mawu ƒe nɔnɔme me hã la,
mebui nuhahae,
be ye kple Mawu yewosɔ o.
7Ke boŋ eɖe asi le bubuteƒe,
si le esi la ŋu faa,
eye wòtsɔ eɖokui wɔ subɔlae.
Wodzii abe amegbetɔ ene.
8Amegbetɔ ƒe nɔnɔmee nɔ esi,
eye wòbɔbɔ eɖokui, ɖo to,
va se ɖe keke ku me ke;
atitsogaŋuku gɔ̃ hãe wòku.
9Esia ta Mawu doe ɖe dzi boo,
eye wòtsɔ ŋkɔ,
si ƒo ŋkɔwo katã ta la nɛ.
10 # Yes 45.23. Ale be, ne Yesu ŋkɔ ɖi ko la,
edze be nuwɔwɔ siwo katã le dziƒo,
anyigba dzi kple anyigba te la, nadze klo,
11eye wo katã naʋu eme be:
“Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la!”
be woatsɔ akafu Mawu Tɔ́ lae.
Miklẽ abe akaɖi ene le xexea me
12Eya ta, nɔvinyewo, abe ale si mieɖoa tom ɣe sia ɣi ene la, togbɔ be nyemele mia gbɔ o hã, mido vevie nu wu ale si ne mele mia gbɔ la miewɔnɛ gɔ̃. Mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wɔ dɔ si aƒo miaƒe ɖeɖe la ta la. 13Mawu le dɔ wɔm le mia me, be yeana mialɔ̃ awɔ dɔ si adze eŋu.
14Migalĩ liʋiliʋĩ le naneke wɔwɔ me o, eye migaɖe ɖeklemee hã o, 15#Mos V, 32.5. ale be le xexe gbegblẽ sia, si yɔ fũu kple nuvɔ̃ me la, miawo mianye Mawu vi maɖifɔ, siwo dza, eye mokaka aɖeke mele wo ŋu o la. Miawo la, miklẽ le xexemetɔwo dome abe keklẽ siwo le dziŋgɔli me la ene. 16Milé nya si naa agbe la ɖe asi goŋgoŋ, ale be le Kristo ƒe ŋkeke la dzi la, mate ŋu aƒo adegbe be nyemeƒu du dzodzro, alo wɔ dɔ vlo o. 17Nenye be wòahiã be woakɔ nye ʋu ɖe miaƒe xɔse, si le abe vɔsalã ene la dzi hã la, dzi adzɔm eye matso aseye kple mi katã. 18Nenema ke wòle be miawo hã miakpɔ dzidzɔ atso aseye kplim!
Timoteo kple Epafrodito
19Mele mɔkpɔkpɔ me be Aƒetɔ Yesu aʋu mɔ nam be maɖo Timoteo ɖe mia gbɔ kpuie, ale be wòagbɔ ava gblɔ mia gbɔnya nam, ne dzi nagadzɔm. 20Le anukware me la, ame aɖeke mele asinye si atsɔ ɖe le miaƒe nya me abe eya ene o. 21Ame bubuawo katã ya la, woawo ŋutɔ ƒe nyui ko dim wole, ke menye nu si nye Yesu Kristo tɔ o. 22Miawo ŋutɔ mienya be Timoteo la, ame vevi wònye, eye be enɔ ŋunye kplíkplikpli le Nyanyui la kaka me, abe ale si viŋutsuvi nɔa tɔ́a ŋui la ene. 23Eya ta mele mɔkpɔkpɔ me be ne menya ale si nye nyawo va le ko la, maɖoe ɖe mia gbɔ kaba. 24Mexɔe se hã be Aƒetɔ la ŋutɔ aɖe mɔ na nye ŋutɔ hã be mava kpuie.
25Mebui be ehiã be maɖo nɔvinye Epafrodito, ame si nye kplii míewɔ dɔ, eye míewɔ aʋa ɖekae la ɖe mi. Enye miaƒe amedɔdɔ kple ame si va kpe ɖe ŋunye. 26Esi wònya be miese be yeƒe lã me gblẽ la, exa nu vevie, eye wòtsi dzi ŋutɔ, be yeakpɔ mi katã. 27Le nyateƒe me la, edze dɔ, eye wòde kuku ge kloe, ke Mawu ve eya kple nye siaa nu. Ɖe menye nenema o la, anye ne nye vevesese awu tsɔtsɔ nam. 28Esia tae nye ŋutɔ hã metsi dzi, be maɖoe ɖa, ale be ne miegakpɔe la, dzi nadzɔ mi, ne nye hã maɖe dzi ɖi vie. 29Eya ta mixɔe alɔ eve le Aƒetɔ la ta kple dzidzɔ gã aɖe. Mide bubu ame siawo tɔgbe ŋu, 30elabe etsɔ eɖokui ke, be yeawu subɔsubɔdɔ si miele wɔwɔm nam la nu, eye to esia wɔwɔ me la, eku kloe.

Currently Selected:

Filipitɔwo 2: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in