Mose IV KPƆKPLƆYIƉEME
KPƆKPLƆYIƉEME
Mose Ƒe Agbalẽ Enelia alo Israelviwo Xexlẽ Ŋutinya nye agbalẽ si me nyawo ƒo nu le ƒe bla ene siwo me Israelviwo zɔ mɔ yi Kanaan-nyigba dzi la ŋu. Ŋutinya la dze egɔme tso esime woho tso Sinai-to gbɔ va se ɖe esime woɖo anyigba si ŋugbe Mawu do na wo tɔgbuiwo la ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi. Nu vevitɔ si ŋu agbalẽa ƒo nu le lae nye amexexlẽ si Mose na wowɔ zi eve. Wowɔ gbãtɔ le Sinai-to la gbɔ hafi dze mɔ, eye wowɔ evelia le Moab le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome. Hafi woawɔ amexexlẽ evelia la, dzidzime si nɔ anyi le gbãtɔ wɔɣi la nu va yi keŋ. Le amexlẽɣi eve siawo dome la, Israelviwo zɔ va ɖo Kades Barnea le anyigbemeliƒo dzi le Kanaan, ke womete ŋu to afi ma ge ɖe ŋugbedodonyigba la dzi o. Le nuto ma me nɔnɔ ƒè geɖee megbe la, woyi ɖe Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe nutowo me afi si wo dometɔ aɖewo tsi. Ke ame mamlɛawo dzra ɖo le afi ma be yewoatso tɔsisi la age ɖe Kanaan.
Dukɔ si ƒe ŋutinya woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la nye vɔvɔ̃nɔtɔwo, eye dzi ɖena le wo ƒo edziedzi ne woɖo xaxa me. Gawu la, wodze aglã ɖe Mawu kple Mose, wo kplɔla si Mawu tia na wo la ŋu zi geɖe. Enye ŋutinya si ɖe Mawu ƒe nuteƒewɔwɔ kple beléle na etɔwo ɣe ma ɣi, togbɔ be wogbɔdzɔna eye womeɖoa to o hã, fia. Eɖe ale si Mose ɖe asi le eɖokui ŋu faa na Mawu kple eƒe dukɔ, togbɔ be ɣe aɖewo ɣi la, megbɔa dzi ɖi na wo o la hã fia.
Agbalẽa ƒe nyatiwo
Israelviwo dzra ɖo be yewoaho tso Sinai-to gbɔ 1.1—9.23
a. Dukɔ la xexlẽ zi gbãtɔ 1.1—4.49
b. Se kple ɖoɖo vovovowo 5.1—8.26
d. Ŋutitoto evelia 9.1-23
Mɔzɔzɔ tso Sinai-to gbɔ yi Moab 10.1—21.35
Nya siwo dzɔ le Moab 22.1—32.42
a. Balak kple Bileam 22.1—24.25
b. Israelviwo le Peor 25.1-18
d. Dukɔ la xexlẽ zi evelia 26.1-65
Nyadzɔdzɔ bubuwo le amexexlẽ evelia megbe ƒe tòtoɖeme 27.1—33.49
Ɖoɖo si wowɔ ɖe Yordan-tɔsisi la tsotso ŋu 33.50—36.13
Currently Selected:
Mose IV KPƆKPLƆYIƉEME: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: