Mose IV 29
29
Vɔsasa le ƒe Yeye Ŋkeke Nyui Ɖuɣi
(Mos III, 23.23-25)
1“Ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke gbãtɔ nanye takpegbe tɔxɛ si le kɔkɔe. Migawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. Miku kpẽwo gbe ma gbe. 2Misa numemevɔ si ʋẽna lílili ɖem la nam. Nu siwo ŋudɔ miawɔ lae nye: nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adrẽ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, eye menye lã nuwɔe o la. 3Mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe nyitsu ɖeka la ŋu. Mitsɔ wɔ memee kilo eve kpe ɖe agbo la ŋu, 4eye mitsɔ wɔ memee kilo ɖeka kpe ɖe agbovi adrẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 5Mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔ ne miatsɔ alé avu na dukɔ la. 6Mitsɔ nu siawo sa vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa si miewɔna ne dzinu dze dzi la ŋuti. Nenema ke mitsɔ numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa si miewɔna gbe sia gbe la kpe ɖe eŋuti.
Vɔsasa le Avuléŋkeke Nyui dzi
(Mos III, 23.26-32)
7 #
Mos III, 16.29-34. “Ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke ewoa gbe nye takpegbe si le kɔkɔe na mi. Mitsi nu dɔ gbe ma gbe, eye ame aɖeke megawɔ dɔ o. 8Mitsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adrẽ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, eye menye lã nuwɔe o la sa numemevɔ si ʋẽna ɖem lílili la nam. 9Mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami la wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe nyitsu la ŋu. Nenema ke mitsɔ wɔ kilo eve kpe ɖe agbo ɖeka la ŋu, 10eye mitsɔ wɔ kilo ɖeka kpe ɖe agbovi adrẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. 11Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe nuvɔ̃vɔsa si wotsɔ lé avui kple numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa si miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
Vɔsasa le Agbadɔ Me Nɔnɔ Ŋkeke Nyui ɖuɣi
(Mos III, 23.33-44)
12 #
Mos III, 23.34; Mos V, 16.13-15. “Ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia nye takpegbe si le kɔkɔe. Miɖu ŋkekenyui sia ŋkeke adrẽ sɔŋ tsɔ de bubu ŋunye. Ame aɖeke megawɔ dɔ aɖeke le ɣeyiɣi sia me o. 13Le ŋkeke gbãtɔ gbe la, mimè nu tsɔ sa nuɖuɖuvɔ si ʋẽna ɖem lílili la nam. Nu siwo ŋudɔ miawɔ lae nye: nyitsuvi wui ene, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, eye ɖeke menye lã nuwɔe o. 14Mitsɔ wɔ memee kilo etɔ̃ si wodzaba kple ami la wɔ nuɖuɖuvɔsa kpe ɖe nyitsu wui eneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, wɔ kilo eve nakpe ɖe agbo eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, 15eye wɔ kilo ɖeka nakpe ɖe agbovi wui eneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋuti. 16Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa si miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
17“Le ŋkeke evea gbe la, miwu nyitsu wui eve, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o. 18Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu le ɖoɖo la nu. 19Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
20“Le ŋkeke etɔ̃lia gbe la, miwu nyitsu wuiɖekɛ, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o. 21Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa, ɖe agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 22Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
23“Le ŋkeke enea gbe la, miwu nyitsu ewo, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o. 24Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 25Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
26“Le ŋkeke atɔ̃lia gbe la, miwu nyitsu asieke, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o. 27Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 28Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
29“Le ŋkeke adelia gbe la, miwu nyitsu enyi, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o. 30Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu 31Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
32“Le ŋkeke adrẽlia gbe la, miwu nyitsu adrẽ, agbo eve kple agbovi wui ene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la. Ɖeke meganye lã nuwɔe o. 33Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 34Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
35“Ŋkeke enyilia gbe nye takpegbe na mi, eye ame aɖeke megawɔ dɔ aɖeke gbe ma gbe o. 36Mitsɔ nyitsu ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi adrẽ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, eye ɖeke menye lã nuwɔe o la, sa numemevɔ abe dzovɔsa ene, ne wòaʋẽ ɖem lílili. 37Miwɔ nuɖuɖuvɔsa kple nunonovɔsa ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽviawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu ɖe ɖoɖo la nu. 38Emegbe mitsɔ gbɔ̃tsu ɖeka sa nuvɔ̃vɔe kpe ɖe numemevɔsa kple eŋu nuɖuɖuvɔsa kpakple nunonovɔsa siwo miewɔna gbe sia gbe la ŋuti.
39“Esiawoe nye ɖoɖo siwo ku ɖe numemevɔsa, nuɖuɖuvɔsa, nunonovɔsa kple ŋutifafavɔsa siwo miawɔ nam le miaƒe ŋkekenyuiwo ɖuɣi la ŋuti. Vɔsasa siawo kpe ɖe esiwo mieɖe adzɔgbe be yewoana alo esiwo miena le mia ɖokui si faa la ŋuti.”
40 # 29.40: Le Hebri Biblia me la, Ta 30.1 dze egɔme tso afi sia. Ale Mose gblɔ nya siwo katã Aƒetɔ gblɔ nɛ be negblɔ na Israelviwo la na wo pɛpɛpɛ.
Currently Selected:
Mose IV 29: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.