Mose IV 23
23
1Bileam gblɔ na Balak be: “Na woaɖi vɔsamlekpui adrẽ ɖe afi sia nam, eye woakplɔ nyitsu adrẽ kple agbo adrẽ vɛ nam.” 2Balak wɔ nu si Bileam gblɔ nɛ la, eye wo amea evea tsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔ le vɔsamlekpui adrẽawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. 3Emegbe Bileam gblɔ na Balak be: “Va tsi tsitre ɖe wò numemevɔsa la gbɔ, ne madzo le afii vie aɖakpɔ ɖa be Aƒetɔ aɖe eɖokui afiam mahã. Ne eɖe nane fiam la, mava gblɔe na wò.” Ale eya ɖeka yi togbɛ aɖe si dzi naneke mele o la dzi, 4eye Mawu ɖe eɖokui fiae. Bileam gblɔ nɛ be: “Meɖi vɔsamlekpui adrẽawo, eye metsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.” 5Aƒetɔ gblɔ nya si wòdi be Bileam nagblɔ na Balak la nɛ, eye wòɖoe ɖe egbɔ be wòayi aɖagblɔe nɛ tututu. 6Ale Bileam gbugbɔ yi, eye wòkpɔ Balak kple Moab-megãwo le tsitre ɖe eƒe numemevɔsa la gbɔ. 7Bileam ɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasi la be:
“Balak, Moab-fia, kplɔm tso Aram,
ɣedzeƒetowo dzi vɛ.
Egblɔ nam be:
‘Va ƒo fi de Yakob nam!
Va do ɖiŋu na Israel nam!’
8Ale ke maƒo fi ade
ame si Mawu meƒo fi de o?
Ale ke mado ɖiŋu na
ame si Mawu medo ɖiŋu na o?
9Mele towo tame
le wo kpɔm ɖa!
Mele togbɛwo dzi
le wo kpɔm ɖa!
Wonye dukɔ si ɖe ɖe aga;
womebua wo ɖokui
ɖe dukɔ bubuwo dome o.
10Wosɔ gbɔ abe ke ene.
Ame ka ate ŋu axlẽ wo?
Woƒe eneliawo ɖeka pɛ hã,
manyaxlẽ na ame aɖeke o.
Na maku ame dzɔdzɔe.
Nye nuwuwu nenɔ abe wo tɔ ene.”
11Tete Balak gblɔ na Bileam be: “Nu ka nye esia nèwɔ ɖe ŋunye? Meyɔ wò vɛ be nàƒo fi ade nye futɔwo ko, ɖeko nètsɔ wo yra!” 12Eɖo eŋu be: “Nu si Aƒetɔ be magblɔ ko magblɔ.”
Bileam ƒe gbeƒãɖeɖe evelia
13Balak gblɔ na Bileam be: “Va míyi teƒe bubu, afi si nàte ŋu akpɔ wo dometɔ aɖewo ko le; ke menye wo katã o, negbe esiwo tsɔ ɖe mía gbɔ la ko. Madi be nàƒo fi de wo nam tso afi ma.” 14Ekplɔe yi Zofim gbe dzi le Pisga-to tame. Egaɖi vɔsamlekpui adrẽ ɖe afi ma hã, eye wòtsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi. 15Bileam gblɔ na Balak be: “Tsi tre ɖe wò numemevɔsa la gbɔ le afii, ne mayi aɖado go Aƒetɔ le afim.” 16Tete Aƒetɔ do go Bileam, eye wògblɔ nya si Bileam agblɔ la nɛ. Egblɔ nɛ be negbugbɔ yi Balak gbɔ, eye wòagblɔ nya si tututu yegblɔ nɛ la nɛ. 17Esi wògbugbɔ va la, Balak gale tsitre ɖe eƒe numemevɔsa la gbɔ, eye Moab-megãwo le egbɔ. Balak biae be: “Ale ke Aƒetɔ gblɔ?” 18Tete Bileam gblɔ Aƒetɔ ƒe numegbe nɛ be:
“Va, Balak, Zipor vi.
Ɖo tom nyuie nàse
nya si gblɔ ge mala.
19Mawu menye amegbetɔ
aka aʋatso o.
Menye amegbetɔ dzidzia wònye
ne wòado ŋugbe ko agbe edziwɔwɔ o.
Ne egblɔ nya la,
ewɔa edzi.
Ne egblɔ nya ɖi la,
nyaa vaa me.
20Kpɔ ɖa, Mawu ɖe wòbe mava yra ame.
Ne Mawu yra ame la,
nyemate ŋu atrɔe o.
21Nyemekpɔ dzɔgbevɔ̃e aɖeke le Yakob ŋu o;
nyemekpɔ fuwɔame aɖeke le Israel ŋu o.
Aƒetɔ, eƒe Mawu li kplii,
eye dzidzɔɣli le ɖiɖim le wo dome
be eyae nye yewoƒe fia.
22Mawue kplɔ wo tso Egipte,
eye wòle na wo abe
to ƒe dzo ene.
23Dzotɔwo ƒe dzo
maɖi Yakob ŋu o.
Nenema ke afatɔwo ƒe afa
maɖi le Israel o.
Ɖeko amewo agblɔ be:
‘Mikpɔ nu si gbegbe
Mawu wɔ na Israel la ɖa!’
24Mikpɔ Israel-dukɔ ɖa!
Etso abe dzatanɔ ene,
eye wòfɔ abe dzatatsu ene.
Matsyɔ akɔ anyi akpɔ o,
negbe ɖeko wòaɖu nu si wòlé,
eye wòano nu siwo wòwu la ƒe ʋu hafi.”
25Tete Balak gblɔ na Bileam be: “Esi nègbe fiƒoƒo de wo ko la, mègayra wo hã o!” 26Bileam ɖo eŋu be: “Nyemegblɔ na wò be ele nam be mawɔ nya sia nya si Aƒetɔ gblɔ nam la dzi oa?”
Bileam ƒe gbeƒãɖeɖe etɔ̃lia
27Emegbe Balak gblɔ be: “Va makplɔ wò yi teƒe bubu. Ɖewohĩ Aƒetɔ adi be nànɔ afi ma aƒo fi ade wo nam.” 28Ale Balak kplɔ Bileam yi Peor-to tame, eye wole kegbegbe si dze ŋgɔ wo la kpɔm ɖa. 29Bileam gblɔ nɛ be: “Ɖi vɔsamlekpui adrẽ ɖe afi sia nam, eye nàkplɔ nyitsu adrẽ kple agbo adrẽ vɛ nam.” 30Balak wɔ nu si Bileam gblɔ nɛ la, eye wòtsɔ nyitsu ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔ le vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
Currently Selected:
Mose IV 23: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.