Mose IV 17
17
Aron ƒe ati la
1 # 17.1: Le Hebri Biblia me la, kpukpui sia nye Ta 17.16. Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be woƒe toawo ƒe tatɔwo natsɔ atizɔti wui eve vɛ na wò; to ɖeka atizɔti ɖeka. Ŋlɔ ame sia ame ŋkɔ ɖe eƒe atizɔtia ŋu, 3eye nàŋlɔ Aron ŋkɔ ɖe Levi viwo tɔ ŋu. Atizɔti ɖeka nanye to ɖeka ƒe tatɔ tɔ. 4Emegbe tsɔ wo da ɖe nye agbadɔ la me le nubablaɖaka la ŋgɔ, afi si medoa go mi le. 5Ame si ke matia la ƒe atizɔti adzè. To esia me mana Israelviwo adzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le mia ŋu.” 6Ale Mose gblɔ nya la na Israelviwo, eye woƒe tatɔwo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔ atizɔti ɖeka nɛ. Atizɔti wui evee wotsɔ vɛ; Aron tɔ hã le wo dome. 7Mose lɔ atizɔtiawo katã va kɔ ɖe agbadɔ la me le nubablaɖaka la ŋgɔ.
8 #
Heb 9.4. Esi ŋu ke, eye Mose yi ɖe agbadɔa me la, ekpɔ be Aron ƒe atizɔti si nye Levi viwo tɔ la dzè. Edo loto, ƒo se, tse yevuzi, eye kutsetseawo ɖi. 9Tete Mose fɔ atizɔtiawo katã tso Aƒetɔ gbɔ va Israelviwo katã gbɔe. Wokpɔ wo, eye to ɖe sia ɖe ƒe tatɔ tsɔ eya ŋutɔ tɔ. 10Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gbugbɔ Aron ƒe atizɔti la ya yi ɖada ɖe nubablaɖaka la ŋgɔ. Wonedzrae ɖo ɖe afi ma ne wòanye dzesi na Israelvi aglãdzelawo, woatsɔ anɔ ŋku ɖom edzi be, ne womedzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le ŋunye o la, woaku.” 11Mose wɔ nu si Aƒetɔ gblɔ nɛ.
12Israelviwo gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, míetsrɔ̃ vɔ! Evɔ na mí! Evɔ na mí katã! 13Ne ame te ɖe Aƒetɔ ƒe agbadɔ ŋu ko wòazu nu kuku la, ekema míetsrɔ̃ vɔ keŋ ɖe!”
Currently Selected:
Mose IV 17: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.