Marko 12:29-31
Marko 12:29-31 EB14
Eɖo eŋu nɛ be: “Wo dometɔ gbãtɔe nye: ‘O, Israel, see! Aƒetɔ mía Mawu la ɖeka koe nye Aƒetɔ. Eya ta nàlɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu la kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo.’ Se vevi eveliae nye: ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwò ene.’ Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o.”