Mixa 7
7
Israelviwo ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ
1Evɔ nam!
Elabe mezu abe ale si woxaa
kutsetse vɔ le dzomeŋɔli,
abe ale si wotsaa wain tsetsetiwo
me vɔ la ene:
kutsetse aɖeke meli woaɖu o,
gbotitsetse ɖiɖi gbãtɔ
si nye luʋɔ di la meli o;
2mawumeme tsrɔ̃ le anyigba dzi,
eye ame dzɔdzɔe aɖeke
megale amegbetɔwo dome o.
Wo katã wode xa
be woakɔ ʋu ɖi.
Ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.
3Woda asi ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ dzi,
eye wowɔnɛ nyuie.
Amegãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo biaa zãnu.
Dumegã gblɔa nya vɔ̃ɖi si dzroe la.
Ale wosɔa nu ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu.
4Wo dometɔ nyuitɔ le abe ŋu ene,
eye woƒe nuteƒewɔla nyuitɔ vɔ̃ɖi wu aŋɔkakpɔtɔtɔ.
Ŋkeke de be woahe to
na woƒe gbetakpɔlawo.
Azɔ la, wotɔtɔ keŋ.
5Mègaxɔ hawòvi dzi se o,
eye mègaɖo ŋu ɖe xɔ̃wò aɖeke ŋu o.
Kpɔ wò nu dzi
le nyɔnu si le gbɔwò la ŋu,
6 #
Mat 10.35, 36; Luk 12.53. elabe viŋutsu mabu tɔ́a o,
vinyɔnu atsi tre ɖe nɔa ŋuti,
eye lɔ̃xoyɔvinyɔnu atso ɖe lɔ̃xoa ŋu.
Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.
7Ke nye la, matso ŋku na Aƒetɔ.
Makpɔ mɔ na Mawu, nye Xɔnametɔ,
Nye Mawu aɖo tom.
Aƒetɔ axɔ eƒe amewo ɖe agbe
8Nye futɔ, mèganɔ dzidzɔ kpɔm
le nye anyidzedze ŋu o.
Ne medze anyi la,
magafɔ.
Ne menɔ anyi ɖe viviti me la,
Aƒetɔ anye kekeli nam.
9Mado dzi atsɔ Aƒetɔ ƒe dziku,
elabe mewɔ vɔ̃ ɖe eŋu,
va se ɖe esime wòaʋli tanye, atso afia nam.
Akplɔm ado ɖe kekeli nu,
eye makpɔ eƒe ɖeɖe.
10Ekema nye futɔ akpɔe,
eye ŋukpe alée.
Eya ame si le biayem be:
“Afi ka Aƒetɔ, wò Mawu la le?”
Makpɔe kakaka,
ne wole efanyam abe ba ene le ablɔ dzi.
11Ɣeyiɣi si woagbugbɔ wò gliwo aɖo la, tu aƒe.
Ɣe ma ɣi la,
miaƒe liƒowo ate yi megbe ʋĩi.
12Gbe ma gbe la,
amewo ava gbɔwò,
tso Asiria va se ɖe Egipte,
tso Egipte va se ɖe Frat-tɔsisi la nu;
tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu;
tso to gbɔ yi to gbɔ.
13Ke anyigba dzi azu gbegbe
le edzinɔlawo ta,
le woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse ta.
Aƒetɔ ƒe dɔme trɔ ɖe Israel ŋu
14Tsɔ wò atikplɔ nàkplɔ wò dukɔ,
alẽha si ƒe dome nènyi, si tsò abo le ave me,
le anyigba si dzi abɔ le la titina.
Na woayi aɖaɖu gbe
le Basan kple Gilead abe le blema ene.
15Maɖe nukunuwo afia wò,
abe gbe si gbe nèdo go
tso Egipte-nyigba dzi ene.
16Dukɔwo akpɔe,
eye ŋu akpe wo,
togbɔ be ŋutete le wo ŋu ŋutɔ hã.
Woaɖo asi nu,
eye woƒe to atsí.
17Woaɖuɖɔ kewɔ abe da kple nutata bubuwo le anyigba ene.
Woado tso woƒe mɔ́ sesẽwo me
anɔ dzodzom nyànyanya kple vɔvɔ̃.
Woalulu ava Aƒetɔ, mía Mawu la gbɔ,
eye vɔvɔ̃ aɖo wo le tawò.
18Ame kae nye Mawu li abe wò ene
si tsɔa vodada kena,
eye wòŋea aɖaba ƒua eƒe domenyinu
si susɔ la ƒe dzidadawo dzi?
Meléa dziku ɖi ɖikaa o,
elabe ekpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋu.
19Eƒe dɔme agatrɔ ɖe mía ŋu.
Atiti afɔ ɖe míaƒe vodadawo dzi.
Àtsɔ míaƒe nuvɔ̃wo aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!
20Àwɔ nuteƒe na Yakob,
eye àve Abraham nu,
abe ale si nèka atam na mía tɔgbuiwo
le blema ene.
Currently Selected:
Mixa 7: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.
Mixa 7
7
Israelviwo ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ
1Evɔ nam!
Elabe mezu abe ale si woxaa
kutsetse vɔ le dzomeŋɔli,
abe ale si wotsaa wain tsetsetiwo
me vɔ la ene:
kutsetse aɖeke meli woaɖu o,
gbotitsetse ɖiɖi gbãtɔ
si nye luʋɔ di la meli o;
2mawumeme tsrɔ̃ le anyigba dzi,
eye ame dzɔdzɔe aɖeke
megale amegbetɔwo dome o.
Wo katã wode xa
be woakɔ ʋu ɖi.
Ame sia ame ɖo ɖɔ ɖi na nɔvia.
3Woda asi ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ dzi,
eye wowɔnɛ nyuie.
Amegãwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo biaa zãnu.
Dumegã gblɔa nya vɔ̃ɖi si dzroe la.
Ale wosɔa nu ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu.
4Wo dometɔ nyuitɔ le abe ŋu ene,
eye woƒe nuteƒewɔla nyuitɔ vɔ̃ɖi wu aŋɔkakpɔtɔtɔ.
Ŋkeke de be woahe to
na woƒe gbetakpɔlawo.
Azɔ la, wotɔtɔ keŋ.
5Mègaxɔ hawòvi dzi se o,
eye mègaɖo ŋu ɖe xɔ̃wò aɖeke ŋu o.
Kpɔ wò nu dzi
le nyɔnu si le gbɔwò la ŋu,
6 #
Mat 10.35, 36; Luk 12.53. elabe viŋutsu mabu tɔ́a o,
vinyɔnu atsi tre ɖe nɔa ŋuti,
eye lɔ̃xoyɔvinyɔnu atso ɖe lɔ̃xoa ŋu.
Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo.
7Ke nye la, matso ŋku na Aƒetɔ.
Makpɔ mɔ na Mawu, nye Xɔnametɔ,
Nye Mawu aɖo tom.
Aƒetɔ axɔ eƒe amewo ɖe agbe
8Nye futɔ, mèganɔ dzidzɔ kpɔm
le nye anyidzedze ŋu o.
Ne medze anyi la,
magafɔ.
Ne menɔ anyi ɖe viviti me la,
Aƒetɔ anye kekeli nam.
9Mado dzi atsɔ Aƒetɔ ƒe dziku,
elabe mewɔ vɔ̃ ɖe eŋu,
va se ɖe esime wòaʋli tanye, atso afia nam.
Akplɔm ado ɖe kekeli nu,
eye makpɔ eƒe ɖeɖe.
10Ekema nye futɔ akpɔe,
eye ŋukpe alée.
Eya ame si le biayem be:
“Afi ka Aƒetɔ, wò Mawu la le?”
Makpɔe kakaka,
ne wole efanyam abe ba ene le ablɔ dzi.
11Ɣeyiɣi si woagbugbɔ wò gliwo aɖo la, tu aƒe.
Ɣe ma ɣi la,
miaƒe liƒowo ate yi megbe ʋĩi.
12Gbe ma gbe la,
amewo ava gbɔwò,
tso Asiria va se ɖe Egipte,
tso Egipte va se ɖe Frat-tɔsisi la nu;
tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu;
tso to gbɔ yi to gbɔ.
13Ke anyigba dzi azu gbegbe
le edzinɔlawo ta,
le woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse ta.
Aƒetɔ ƒe dɔme trɔ ɖe Israel ŋu
14Tsɔ wò atikplɔ nàkplɔ wò dukɔ,
alẽha si ƒe dome nènyi, si tsò abo le ave me,
le anyigba si dzi abɔ le la titina.
Na woayi aɖaɖu gbe
le Basan kple Gilead abe le blema ene.
15Maɖe nukunuwo afia wò,
abe gbe si gbe nèdo go
tso Egipte-nyigba dzi ene.
16Dukɔwo akpɔe,
eye ŋu akpe wo,
togbɔ be ŋutete le wo ŋu ŋutɔ hã.
Woaɖo asi nu,
eye woƒe to atsí.
17Woaɖuɖɔ kewɔ abe da kple nutata bubuwo le anyigba ene.
Woado tso woƒe mɔ́ sesẽwo me
anɔ dzodzom nyànyanya kple vɔvɔ̃.
Woalulu ava Aƒetɔ, mía Mawu la gbɔ,
eye vɔvɔ̃ aɖo wo le tawò.
18Ame kae nye Mawu li abe wò ene
si tsɔa vodada kena,
eye wòŋea aɖaba ƒua eƒe domenyinu
si susɔ la ƒe dzidadawo dzi?
Meléa dziku ɖi ɖikaa o,
elabe ekpɔa dzidzɔ le amenuveve ŋu.
19Eƒe dɔme agatrɔ ɖe mía ŋu.
Atiti afɔ ɖe míaƒe vodadawo dzi.
Àtsɔ míaƒe nuvɔ̃wo aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe ke!
20Àwɔ nuteƒe na Yakob,
eye àve Abraham nu,
abe ale si nèka atam na mía tɔgbuiwo
le blema ene.
Currently Selected:
:
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.