Mateo 24:37-39
Mateo 24:37-39 EB14
Amegbetɔ Vi la ƒe vavaɣi anɔ abe nu si dzɔ le Noa ŋɔli la ene. Le ŋkeke siwo do ŋgɔ na tsiɖɔɖɔ me la, amewo nɔ nu ɖum, nɔ nu nom henɔ srɔ̃ ɖem eye wonɔ amewo tsɔm na be woaɖe hã, ke womenya nu si nɔ dzɔdzɔm o, va se ɖe esime Noa ge ɖe aɖakaʋua me, eye tsiɖɔɖɔa va do hekplɔ wo katã dzoe. Alea pɛ Amegbetɔ Vi la ƒe vava le nɔnɔ ge.





