Mateo 22
22
Lododo le srɔ̃ɖe ŋkekenyui la ɖuɖu ŋuti
(Luk 14.15-24)
1Yesu gaƒo nu na wo le lododowo me. Egblɔ be: 2“Dziƒofiaɖuƒea ɖi fia aɖe, si ɖu srɔ̃ɖe ŋkekenyui na via ŋutsuvi. 3Edɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖa be woayi aɖayɔ ame siwo wokpe la ava srɔ̃ɖe ŋkekenyuia ɖuƒee, ke ame kpekpeawo gbe vava. 4Ke egadɔ dɔla bubuwo ɖo ɖe ameawo gblɔ be: ‘Nuɖuɖua sɔ gbe vɔ. Wowu nye nyitsu kple nyivi damiwo, eye wodzra nu sia nu ɖo da ɖi. Miva srɔ̃ɖe ŋkekenyuia ɖuƒe.’ 5Ke ame siwo wokpe la mebu eƒe nya la kura o, eye wodzo yi woƒe dɔ vovovowo wɔƒe. Ame ɖeka dzo yi agble, eye ame evelia dzo yi asi. 6Ame mamlɛawo lé eƒe dɔlawo, do ŋukpe wo, eye wowu wo. 7Fia la do dɔmedzoe ale gbegbe be wòdɔ eƒe asrafowo ɖo ɖa woyi ɖawu hlɔ̃dola siawo, eye wotɔ dzo woƒe dua. 8Esia megbe la, egblɔ na eƒe dɔlawo be: ‘Srɔ̃ɖe ŋkekenyui nuɖuɖua sɔ gbe, ke ame siwo mekpe la, medze o. 9Eya ta fifia la, miyi ɖe dua ƒe ablɔ gãwo dzi ne miayɔ ame sia ame si miekpɔ la va srɔ̃ɖe ŋkekenyuia ɖuƒee.’ 10Ale dɔlaawo do go yi ɖe ablɔ kple mɔdodo veviwo dzi, eye woyɔ ame sia ame si wokpɔ la ko: ame ɖɔʋuwo kple yakamewo siaa, ale amewo yɔ srɔ̃ɖeƒea taŋ.
11 “Ke esi fia la va be yeakpɔ ame kpekpeawo ɖa la, ekpɔ ŋutsu aɖe si medo srɔ̃ɖewu o. 12Tete fia la biae be: ‘Xɔ̃, ale wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsua ƒe nu ku. 13#Mat 8.12; 25.30; Luk 13.28. Tete fia la ɖe gbe na dɔlawo be: ‘Miblae asi kple afɔ, ne miatsɔe aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi, si le aƒea godo la me. Afi ma amewo afa avi, eye woaɖu aɖukli le.’ 14Woyɔ ame geɖewo, ke ame ʋɛ aɖewo ko wotia.”
Nyabiabia le dugadzɔdzɔ ŋuti
(Mar 12.13-17; Luk 20.20-26)
15Azɔ la, Farisitɔwo yi ɖawɔ ɖoɖo le ale si woawɔ atsɔ Yesu ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ alée la ŋuti. 16Wodɔ woƒe nusrɔ̃la aɖewo kple Herodes-habɔbɔmenɔlawo dometɔ aɖewo ɖo ɖe egbɔ gblɔ be: “Nufiala, míenya be nyateƒetɔ nènye, eye nèle Mawu ƒe mɔa fiam le nyateƒe me. Mètsɔa ɖeke le nu si amewo gblɔna la me o elabe mèkpɔa ame ŋkume o. 17Eya ta gblɔ wò susu na mí. Ele se nu be míadzɔ duga na Roma Fiagã loo, alo mele se nu o?” 18Ke Yesu dze si susu vɔ̃ɖi, si wowɔ la, eye wògblɔ na wo be: “Mikpɔ alakpatɔwo ɖa! Nu ka ta miele teyem kpɔ? 19Mitsɔ ga si ŋudɔ miewɔna la vɛ makpɔ.” Wotsɔ ga la vɛ nɛ. 20Yesu bia wo be: “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia le edzi?” 21Woɖo eŋu be: “Roma Fiagã la tɔwoe.” Azɔ Yesu gblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ nu siwo nye Roma Fiagã tɔ la na Roma Fiagã, eye mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la hã na Mawu.” 22Esi wose esia la, womeganya nya si woagblɔ o, eye wogblẽe ɖi hedzo.
Nyabiabia le tsitretsitsi tso ku me ŋuti
(Mar 12.18-27; Luk 20.27-40)
23 #
Dɔw 23.8. Gbe ma gbe ke la, Zadukitɔ siwo gblɔna be tsitretsitsi tso ame kukuwo dome meli o la, dometɔ aɖewo va Yesu gbɔ biae 24#Mos V, 25.5. be: “Nufiala, Mose gblɔ be ne ŋutsu aɖe, si si vi aɖeke mele o la ku la, ele be nɔvia ŋutsu naɖe eƒe ahosia bene wòadzi vi ahado ƒome ɖi nɛ. 25Azɔ nɔviŋutsu adrẽ aɖewo nɔ mía dome kpɔ le afi sia. Woƒe tsitsitɔ ɖe srɔ̃, ke medzi vi aɖeke hafi ku o, ale wògblẽ ahosia ɖi na eyometɔ. 26Nu sia kee dzɔ ɖe nɔvia ŋutsu evelia kple etɔ̃lia va se ɖe adrẽlia dzi. 27Le nu siawo katã megbe la, nyɔnua hã va ku. 28Azɔ esi wo katã woɖee kpɔ ɖe, wo dometɔ ka srɔ̃ wòanye ne ame kukuwo tsi tsitre?”
29Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mietra, elabe mienya mawunyaawo kple ŋusẽ si le Mawu si la o. 30#Nya 5.5.Ne ame kukuwo tsi tsitre la, womaɖe srɔ̃ o eye womatsɔ nyɔnu ana atsu hã o, ke boŋ wo katã woanɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo ene. 31Ke ɖe miexlẽ nu si Mawu gblɔ na mi le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti kpɔ oa? Egblɔ be: 32#Mos II, 3.6. ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu.’ Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe wònye.” 33Esi amehaawo se esia la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nufiafia la ŋuti.
Se vevitɔ la
(Mar 12.28-34; Luk 10.25-28)
34Esi Farisitɔwo se be Yesu de ga nu na Zadukitɔwo la, wova ƒo ƒu 35eye wo dometɔ ɖeka si nye sefiala la nɔ etem kpɔ biae be: 36“Nufiala, Mose ƒe se kae nye vevitɔ wu?” 37#Mos V, 6.5. Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Lɔ̃ Aƒetɔ wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò susu katã. 38Esiae nye sedede gbãtɔ kple vevitɔ. 39#Mos III, 19.18. Sedede si ɖii lae nye: ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃ ɖokuiwò ene.’ 40#Luk 10.25-28.Se eve siawo dzie wotu Mose ƒe seawo kple Mawu ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nufiafia katã ɖo.”
Nyabiabia le Kristo la ŋuti
(Mar 12.35-37; Luk 20.41-44)
41Azɔ esi Farisitɔwo ƒo ƒu ale la, Yesu bia wo be: 42“Ale kee nye miaƒe susu le Kristo la ŋu? Ame ka Vie wònye?” Woɖo eŋu be: “David Vie.” 43Yesu bia be: “Ke ale ke wɔ gbɔgbɔ la na David yɔe be: ‘Aƒetɔ’? Egblɔ be:
44 #
Ps 110.1. ‘Aƒetɔ la gblɔ na nye Aƒetɔ be,
Bɔbɔ nɔ anyi ɖe nye ɖusime
va se ɖe esime matsɔ wò ketɔwo ade wò afɔ te.’
45 Azɔ ne David yɔ Kristo la be ‘Aƒetɔ’ la, ale ke wɔ wòganye Via?” 46Ame aɖeke mete ŋu ɖo nya la ŋu nɛ alo te ŋu do dzi gabia nya bubu aɖee tso gbe ma gbe dzi kpɔ o.
Currently Selected:
Mateo 22: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: