Mateo 16
16
Wobia dzesi
(Mar 8.11-13; Luk 12.54-56)
1 #
Mat 12.38; Luk 11.16. Farisitɔwo kple Zadukitɔwo va Yesu gbɔ le etem kpɔ be wòaɖe dzesi aɖe afia yewo tso dziƒo. 2Ke Yesu gblɔ na wo be: “Fiẽ me la, miegblɔna be: ‘Dziŋgɔli biã eya ta xexeme le kɔkɔ ge.’ 3Nenema ke le ŋdi me la, miegblɔna be: ‘Dziŋgɔli biã, eye wòxe litii eya ta tsi le dzadza ge egbea.’ Mielé ŋku ɖe dziŋgɔli ŋu alea hedzea si ale si xexea me ava nɔ. Nu ka ta miete ŋu se dzesi siwo le eme vam egbegbe la gɔme o? #16.3: Kpukpui evelia kple etɔ̃lia mele mawunyagbalẽ xoxo aɖewo me o. 4#Mat 12.39; Luk 11.29. Dzidzime vɔ̃ɖi, mawu bubuwo kplɔɖolawo! Miele dzesi dim tso gbɔnye, ke womana dzesi aɖeke mi wu Yona ƒe dzesi la o.” Ale Yesu gblẽ wo ɖi hedzo.
Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu la
(Mar 8.14-21)
5Esi nusrɔ̃lawo ɖi go ɖe tá la ƒe go kemɛ dzi la, woɖo ŋku edzi be yewometsɔ abolo ɖe asi o. 6#Luk 12.1. Yesu gblɔ na wo be: “Mikpɔ nyuie eye milé be na mia ɖokui le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu la ŋuti.” 7Nusrɔ̃laawo gblɔ le wo nɔewo dome be: “Esi míetsɔ abolo aɖeke ɖe asi o la tae wògblɔ esia ɖo.” 8Esi Yesu se esia la, egblɔ na wo be: “Aa, xɔseʋɛtɔwo! Nu ka ta miele gbɔgblɔm le mia ɖokuiwo dome be yewometsɔ abolo aɖeke ɖe asi o? 9#Mat 14.17-21. Ɖe miekpɔ nu dze sii kpɔ oa? Ɖe mieɖo ŋku abolo atɔ̃ kple ame akpe atɔ̃ la dzi oa? Kusi neni mee mielɔ susɔeawo ɖo? 10#Mat 15.34-38. Gawu la, abolo adrẽ kple ame akpe eneawo ɖe, kusi neni mee mielɔ susɔeawo ɖo? 11Ale ke wɔ miedze sii be menye abolo ŋuti meƒo nu le na mi o? Mikpɔ nyuie le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe amɔwɔʋãnu la ŋuti!” 12Azɔ ko nusrɔ̃lawo se egɔme be menye amɔwɔʋãnu ŋutie wòle nu xlɔ̃m yewo le o, ke boŋ le Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe nufiafia ŋutie.
Petro ʋu nya me le Yesu ŋu
(Mar 8.27-30; Luk 9.18-21)
13Esi Yesu va ɖo Kaisarea Filipi-dua me la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame kae amewo gblɔna be Amegbetɔ Vi la nye?” 14#Mat 14.1, 2; Mar 6.14, 15; Luk 9.7, 8. Woɖo eŋu be: “Ame aɖewo be Yohanes mawutsilenamelae nènye, ɖewo hã be Eliya, eye bubuwo be Yeremya alo Mawu ƒe gbeƒãɖela bubu aɖee nènye.” 15Tete Yesu bia wo be: “Ke miawo ɖe, ame kae menye le mia gbɔ?” 16#Yoh 6.68, 69. Simon Petro ɖo eŋu be: “Wòe nye Kristo la, Mawu gbagbe la Vi.” 17Yesu gblɔ nɛ be: “Mawu yra wò, Simon, Yona vi, elabe menye amegbetɔ aɖekee ɖe esia fia wò o, ke Tɔ́nye si le dziƒowo la boŋ ye. 18Azɔ la mele egblɔm na wò be wòe nye kpe eye wò, kpe sia dzi matu nye hame la ɖo. Ku gɔ̃ hã mate ŋu aɖu edzi o. 19#Mat 18.18; Yoh 20.23. Matsɔ dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo ana wò. Nu sia nu si nàbla le anyigba dzi la anɔ babla le dziƒo, eye nu sia nu si nàtu le anyigba dzi la anɔ tutu le dziƒo.” 20Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be womegagblɔe na ame aɖeke be yee nye Kristo la o.
Yesu ƒo nu le eƒe fukpekpe kple ku ŋuti
(Mar 8.31—9.1; Luk 9.22-27)
21Tso gbe ma gbe dzi la, Yesu de asi nyameɖeɖe me na eƒe nusrɔ̃lawo be ele be yeayi Yerusalem aɖakpe fu geɖe tso amegãwo, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo si me. Woawu ye, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Mawu afɔ ye ɖe tsitre. 22Ke Petro ɖe kpɔe hede asi mokaka me nɛ gblɔ be: “Aƒetɔ, Mawu nete esia ɖa xaa tso gbɔwò. Nu sia mele dzɔdzɔ ge ɖe dziwò akpɔ gbeɖe o!” 23Yesu trɔ gblɔ na Petro be: “Dze nam mayi, Satana! Ènye mɔxenu nam elabe wò tamesusuwo menye Mawu tɔ o, ke boŋ amegbetɔwo tɔ ko.”
24 #
Mat 10.38; Luk 14.27. Azɔ Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne ame aɖe di be yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, netsɔ eƒe atitsoga, eye wòanɔ yonyeme. 25#Mat 10.39; Luk 17.33; Yoh 12.25. Elabe ame sia ame si di be yeaɖe ye ŋutɔ yeƒe agbe la, abui; ke ame sia ame si abu eƒe agbe le tanye la, akpɔe. 26Ne xexeme blibo la zu ame aɖe tɔ, eye wòbu eƒe agbe ɖe, viɖe kae wòkpɔ? Alo nane li, si ame atsɔ aɖɔli eƒe agbea? 27#Mat 25.31; Ps 62.12; Rom 2.6. Amegbetɔ Vi la le vava ge le Tɔ́a ƒe ŋutikɔkɔe me kple dɔlawo, eye wòaxe fe na ame sia ame ɖe agbe si ƒomevi wònɔ la nu. 28Mele egblɔm na mi be ame aɖewo le mia dome afii, siwo mele kuku ge hafi akpɔ Amegbetɔ Vi la wòava le eƒe fianyenye me o.”
Currently Selected:
Mateo 16: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: