Mose III 25
25
Ƒè adrẽlia
1 #
Mos II, 23.10, 11. Aƒetɔ gblɔ na Mose le Sinai-to dzi be: “Gblɔ na Israelviwo be: 2Ne mieva ɖo anyigba si metsɔ na mi dzi la, mina anyigbaa nagbɔ ɖe eme na Aƒetɔ. 3Le ƒe ade me la, miƒã nuku ɖe anyigbaa dzi, miɖe miaƒe wainkawo me, eye mixa nuku. 4Ke ƒè adrẽlia nenye gbɔɖemeɣi blibo na anyigba la, gbɔɖemeɣi si ado kɔkɔ Aƒetɔ. Migawɔ agbledɔ aɖeke le anyigbaa dzi o. Migaɖe miaƒe wainkawo me o. 5Migaŋe nuku siwo mie le wo ɖokui si la o. Migagbe waintsetse siwo ƒe alɔwo mieké o la o. Ele be anyigbaa nagbɔ ɖe eme le ƒe ma me. 6Gbɔɖemeƒe sia ana wò ŋutɔ, wò kluviwo kple wò kosiwo, wò apaɖilawo kple amedzro si va dze gbɔwò la, miakpɔ nu aɖu. 7Miaƒe aƒemelãwo kple gbemelã siwo le miaƒe gbedzi la siaa akpɔ nuɖuɖu tso eme.”
Nuwo tɔtrɔ na nutɔ ƒe ƒè
8“Miana ƒe adrẽ nava yi zigbɔzi adrẽ, eye ƒe mawo siwo va yi la katã ƒe xexlẽme ade bla ene vɔ asieke. 9Le ɣleti adrẽlia ƒe avuléŋkeke ewolia si nye ŋkeke gã la dzi la, woaku kpẽ atsa le anyigba blibo la katã dzi. 10Woakɔ ƒe bla atɔ̃lia ŋu, eye woaɖe gbeƒã ablɔɖe na anyigba la dzi nɔlawo katã. Aseyetsoƒe wòanye na mi. Ame sia ame natrɔ axɔ eƒe nunɔamesiwo, eye ame sia ame nagatrɔ yi eƒe ƒometɔwo gbɔ. 11Ƒe bla atɔ̃lia ma nanye aseyetsoƒe na mi. Le ƒe ma me la, miekpɔ mɔ aƒã nu o, miekpɔ mɔ aŋe nuku si mie le eɖokui si o, eye miekpɔ mɔ agbe waintsetse le miaƒe wainka siwo me miekɔ o la dzi o. 12Elabe aseyetsoƒe ye; mibui kɔkɔe. Miɖu nu siwo do go tso anyigba me la ko.
13“Le aseyetsoƒe sia me la, ame sia ame nagaxɔ eƒe nunɔamesiwo. 14Ne miedzra nu na mia nɔewo alo ƒle nu le mia nɔewo si la, migaba mia nɔewo o. 15Ƒe ale sinu susɔ woagaŋe nuku le anyigbaa dzi hafi aseyetsoƒe nagaɖo lae miabu, eye miado anyigbaa ƒe asi ɖe ƒeawo ƒe agbɔsɔsɔ ŋu. 16Ne ƒeawo sɔ gbɔ la, asia nekɔ; ne ƒeawo mesɔ gbɔ o la, asia nebɔbɔ; elabe le nyateƒe me la, zi ale sinu anyigbaƒlelaa le nuku ŋe ge hafi aseyetsoƒe nagaɖo la dzram wole nɛ. 17Migaba mia nɔewo o, vɔ̃ wò Mawu la; elabe nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
Nuɖuɖukpɔkpɔ le ƒè adrẽlia me
18“Eya ta miwɔ nye sewo katã dzi, eye mizɔ ɖe nye ɖoɖowo katã nu ekema mianɔ dedie le anyigba la dzi. 19Anyigba la anyo nu, miakpɔ nuɖuɖu fũu aɖu, eye mianɔ dedie le edzi. 20Ɖewohĩ miabia be: ‘Ne míekpɔ mɔ aƒã nu alo aŋe nu le ƒè adrẽlia me o ɖe, nu ka ɖu ge míala le ƒe ma me?’ 21Mayra anyigbaa le ƒè adelia me ale gbegbe be nuɖuɖu si wòana le ƒè ma me la ade ƒè etɔ̃ tɔ nu. 22Ne mieƒã nu le ƒè enyilia me la, nu si mieŋe le ƒè adelia me ƒe ɖe aganɔ anyi mianɔ ɖuɖum va se ɖe esime miaxa ƒè enyilia me nukuwo hã, anɔ eɖum va ke ɖe ƒè asieke hã me.
Anyigbatɔtrɔ na anyigbaa tɔ.
23“Miekpɔ mɔ adzra anyigba aɖeke na ame be nezu etɔ gbidii o, elabe menye miawo tɔe nye anyigba o; tɔnyee. Miawo la, amedzrowo kple gbɔnyedzelawo mienye. 24Eya ta woagagbugbɔ anyigbawo axɔ le miaƒe anyigba blibo la dzi.
25“Ne nya wu Israelvi aɖe, eye wòdzra eƒe anyigba la, ele na ame si do ƒome kplii wu keŋkeŋ la be wòayi aɖaxɔ anyigba la aƒle le ame si wodzrae na la si. 26Ne eva eme be eƒe ƒometɔ aɖeke meli si ava xɔ anyigbaa ƒle nɛ o, ko dzɔgbenyuitɔe eya ŋutɔ va kpɔ ga ate ŋu aƒlee la, 27ƒe ale sinu susɔ ne gbɔɖemeƒe nagaɖo la ƒe agbɔsɔsɔe woatsɔ abu ga home si wòle be wòaxe hafi agaxɔ anyigbaa, eye ne exee ko, anyigbaa gazu etɔ. 28Ne ga mele esi de home si wòle be wòaxe nu o la, anyigbaa anɔ ame si ƒlee la si me va se ɖe esime gbɔɖemeƒe nagaɖo, ekema anyigbaa agatrɔ zu anyigbatɔ la tɔ.
29“Ne aƒe le ame aɖe si le du aɖe si woɖo gli ƒo xlã la me, eye wòdzrae la, ekpɔ mɔ agagbugbɔe axɔ ƒle le ame si wòdzrae na la si hafi ƒe ɖeka nava yi. 30Ne megbugbɔe xɔ ƒle o kaka ƒe ɖeka va yi la, ekema mekpɔ mɔ agaxɔ aƒe si le du si me ŋu woɖo gli ɖo la ƒle emegbe o. Aƒea azu ame si wòdzrae na la kple eƒe dzidzimeviwo tɔ ɖikaa. Ne aseyetsoƒe gaɖo hã, womazi wo dzi be woaɖe asi le eŋu o. 31Gake nenye du aɖe si womeɖo gli ƒo xlã o la me aƒea le la, ekema eya hã ŋunya sɔ kple agblenyigba tɔ: Aƒea tɔ xoxoa kpɔ mɔ agbugbɔe axɔ ƒle le ame si wòdzrae na la si. Ne magbugbɔe axɔ ƒle o la, ele be woatrɔe nɛ ne aseyetsoƒe bubu gaɖo. 32Gake Levitɔ ya kpɔ mɔ agbugbɔ axɔ eƒe nu si wòdzra le Levi-du me la aƒle ɣe sia ɣi si wòlɔ̃. 33Nenye Levitɔe dzra aƒea le Levi-du aɖe me, eye meva gbugbɔ xɔe ƒle o hã, ne aseyetsoƒe ɖo ko, ele be woatrɔe nɛ. Ele be woawɔ esia elabe, le Israel-dukɔ me, ne aƒe aɖe nye Levitɔ tɔ le Levi-du me ko, ele be wòanye etɔ ɖikaa.#25.33: Kpukpui 33 lia sia me mekɔ le Hebri Biblia la ŋutɔ hã me o. 34Ame aɖeke mekpɔ mɔ adzra Levi-du ƒe tonyigba aɖeke o; ele be anyigba mawo nanye Levi viwo tɔ tegbee.”
Kpekpeɖeŋunana hiãtɔwo
35 #
Mos V, 15.7, 8. “Ne nɔviwò aɖe zu ame dahe ale gbegbe be megate ŋu le eɖokui nyim o la, xɔe nàkpɔ edzi abe amedzro ene ne wòanɔ gbɔwò. 36Mègaxɔ kpɔɖedzi le esi le dɔmenyo si nèwɔ nɛ la ta o; ke boŋ vɔ̃ Mawu ne nàna wòakpɔ afi aɖe anɔ le gbɔwò. 37#Mos II, 22.25; Mos V, 23.19, 20.Ne èdo ga nɛ la, mègaxɔ deme ɖe edzi o. Ne èdo nuɖuɖu nɛ la, mègaxɔ xɔɖedzi le esi o. 38Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu; nyee kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi vɛ, be matsɔ Kanaan-nyigba ana mi, eye manye mia Mawu.
Ablɔɖenana kluviwo
39 #
Mos II, 21.2-6; Mos V, 15.12-18. Ne nya wu nɔviwò Israelvi aɖe ale gbegbe be wòtsɔ eɖokui va de awɔba me na wò la, mègana eƒe agbenɔnɔ le tewò nanye kluvigbenɔnɔ o. 40Na wòanɔ gbɔwò abe apadɔ ko wɔm wòva le na wò, alo amedzro ko wònye va dze wò ene, eye wòanɔ anyi va se ɖe esime aseyetsoƒe nagaɖo. 41Ne ƒe ma ɖo ko la, na ablɔɖe eya kple srɔ̃a kple viawo siaa ne woatrɔ ayi woƒe ƒometɔwo kple domenyinu siwo wo tɔgbuiwo gblẽ ɖi na wo la gbɔ. 42Elabe Israelviwo la, Aƒetɔ ƒe dɔlawo wonye wòkplɔ tso Egipte vɛ; eya ta ame aɖeke mekpɔ mɔ adzra wo o. 43Migasẽ ŋuta le wo ŋu o; ke boŋ vɔ̃ wò Mawu la. 44Ne miehiã kluviwo kple kosiwo la, miate ŋu aƒle wo tso dukɔ siwo ƒo xlã mi la me. 45Miekpɔ mɔ aƒle amedzro siwo le mia dome la hã. Nenema ke miekpɔ mɔ aƒle wo vi siwo wodzi le miaƒe anyigba dzi la be woanye mia tɔ. 46Ne èku la, woate ŋu azu domenyinu na viwò ŋutsuwo anɔ wo subɔm va se ɖe ku me. Israelvi aɖeke mekpɔ mɔ awɔ funyafunya nɔvia Israelvi o.
47“Ne amedzro alo gbɔwò nɔla aɖe va zu kesinɔtɔ, eye nɔviwò si le egbɔ va da ahe hedzra eɖokui na amedzroa alo gbɔwò nɔla la alo amedzro la ƒe ƒometɔ aɖe la, 48ekema ne wodzrae vɔ la, nɔviawo dometɔ ɖeka ate ŋu ava ɖee loo, 49alo tɔ́a nɔvi, alo tɔ́a nɔvi ƒe vi, alo eƒe ƒometɔ kekeake aɖe kpɔ mɔ ava ɖee. Eya ŋutɔ hã kpɔ mɔ aɖe eɖokui ne ŋutete va ɖo eŋu. 50Eya kple eƒe aƒetɔa nabu ƒeawo tso ɣe si ɣi wòva zu awɔbamenɔla va se ɖe aseyetsoƒe si gagbɔna la dzi, eye woakpɔ ƒe ale sinu susɔ hafi aseyetsoƒe nagaɖo la. Eyome woatsɔ apadɔwɔla ƒe fetu abu akɔntae ahake ɖe home si wòle be wòaxe na eƒe aƒetɔa hafi agazu eɖokui tɔ la ŋu. 51Ne ƒe ale sinu susɔ hafi aseyetsoƒe nagaɖo sɔ gbɔ la, ekema ga home si eƒe aƒetɔ xe ɖe eta ƒe akpa si wòagbugbɔ na aƒetɔa hafi axɔ ablɔɖe la alolo. 52Ke ne ƒe siwo susɔ megasɔ gbɔ o la, woabu akɔntaa, eye gaa ƒe akpa si sɔ ɖe ƒe ale sinu gasusɔ nɛ ŋu la ko wòaxe. 53Ne egatsi eƒe aƒetɔa gbɔ la, ele be aƒetɔa nabui ko abe ame aɖe si va le ƒedɔ wɔm le ye gbɔ ene, eye aƒetɔa mekpɔ mɔ asẽ ŋuta le eŋu o. 54Ne womeva ɖee le awɔbaa me to mɔ siawo ƒe ɖeke dzi o la, ekema ne aseyetsoƒe gaɖo ko ele na eƒe aƒetɔ be wòana ablɔɖe eya ŋutɔ kple viawo siaa. 55Elabe le gonyeme la, Israelviwo la, nye dɔlawo wonye; nye dɔlawo wonye mekplɔ dzoe le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu.
Currently Selected:
Mose III 25: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: