Mose III 12
12
Vidzĩ nɔwo ŋuti kɔklɔ
1Aƒetɔ gblɔ na Mose be: 2“Gblɔ na Israelviwo be ne nyɔnu aɖe fɔ fu, eye wòdzi viŋutsuvi la, ekema eŋu mekɔ o ŋkeke adrẽ abe ale si eƒe gbeléɣi le ene. 3#Mos I, 17.12; Luk 2.21. Le ŋkeke enyia gbe la, woatso aʋa na vidzĩ la. 4Ele nɛ be wòanɔ xɔ me ŋkeke bla etɔ̃ vɔ etɔ̃ hena eƒe ʋu kɔklɔ ɖa. Megaka asi nu kɔkɔe aɖeke ŋu loo, alo ava kɔkɔeƒe la o, va se ɖe esi eŋukɔkɔ ƒe ŋkekewo nade. 5Ke nenye nyɔnu wòdzi hã la, eŋu mekɔ o, abe ale si ko eŋu mekɔ le eƒe dzinukpɔɣi o la ene, va se ɖe esime ŋkeke wui ene nava yi. Esia megbe la, ŋkeke bla ade vɔ ade nava yi hena eƒe ʋukɔklɔ ɖa.
6“Eɖadzi ŋutsu o, eɖadzi nyɔnu o, ne ŋkeke siwo ava yi hafi eŋuti nakɔ de ko la, ele be wòatsɔ alẽvi si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numemevɔsa kple ahɔnɛvi alo kpakpa ɖeka vɛ hena nuvɔ̃vɔsa. Atsɔ nu siawo vɛ na nunɔla le godoƒegbadɔ la nu. 7Nunɔla la atsɔ nuawo asa vɔe le Aƒetɔ ŋkume, ato ema me alé avu nɛ. Ekema eŋuti kɔ. Esiae nye se na nyɔnu si dzi vi, eɖanye ŋutsuvi alo nyɔnuvi o. 8#Luk 2.24. Ne nyɔnua mate ŋu akpɔ alẽvi ana o la, ekema nedi akpakpa eve alo ahɔnɛvi eve, be woatsɔ akpakpa alo ahɔnɛ ɖeka asa numemevɔ, eye woatsɔ evelia asa nuvɔ̃vɔ. Azɔ nunɔla la alé avu nɛ, eye eŋu akɔ.”
Currently Selected:
Mose III 12: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: