YouVersion Logo
Search Icon

Mose III 10

10
Dzo fiã Nadab kple Abihu
1Aron viŋutsu eve, Nadab kple Abihu, tsɔ woƒe agba siwo me wotɔa dzo lifi le ɖe dzo ɖe wo me, kɔ lifi ɖe dzoawo me, eye wotsɔ dzo makɔmakɔ va Aƒetɔ ŋkume, dzo si medɔ wo be woado na ye o la wònye. 2Dzo va fiã wo, eye woku ɖe eŋkume le afi ma. 3Mose gblɔ na Aron be: “Esia gblɔm Aƒetɔ le be: ‘Mawɔ ɖokuinye kɔkɔe le ame siwo tena ɖe ŋunye la dome, eye woakɔ ŋutinye le dukɔ blibo la katã ŋkume.’ ” Aron lé eɖokui kpoo.
4Mose yɔ Misael kple Elzafan, siwo nye Aron tɔɖea Usiel ƒe viŋutsuwo, eye wògblɔ na wo be: “Mite va, miva kɔ mia nɔviawo do goe le kɔkɔeƒe la me yi asaɖa la godo.” 5Tete wova. Wolé ame kukuawo ƒe awu siwo le wo ŋu, eye wokɔ wo yi asaɖa la godo abe ale si Mose gblɔ na wo ene. 6Mose gblɔ na Aron kple viawo Eleazar kple Itamar be: “Migagblẽ ɖa ɖe ta ʋlayaa o. Migadze miaƒe awuwo o. Ne menye nenema o la, miaku, eye dɔmedzoe abi ɖe ameha blibo la katã ŋu. Ke mia nɔviwo, Israel-dukɔ blibo la ya ate ŋu afa avi le dzo, si Aƒetɔ tɔ la ta faa. 7Migadzo le godoƒegbadɔ la nu o. Ne miedzo la miaku elabe Aƒetɔ ƒe ami si wosi na mi la le mia ŋu.” Wowɔ abe ale si Mose gblɔ na wo la ene.
Ɖoɖowo na Nunɔlawo
8Aƒetɔ gblɔ na Aron be: 9“Ne wò kple viwò ŋutsuwo miele godoƒegbadɔ la me yi ge la, migano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Ne menye nenema o la, miaku. Nya sia nenye ɖoɖo mavɔ na mi tso dzidzime yi dzidzime. 10Mide vovo nu siwo le kɔkɔe kple esiwo mekɔ o, nu siwo dza kple esiwo medza o la dome. 11Mifia se siwo katã Aƒetɔ de na Israelviwo to Mose dzi la wo.”
12 # Mos III, 6.14-18. Mose gblɔ na Aron kple via siwo susɔ, Eleazar kple Itamar be: “Mitsɔ nuɖuɖuvɔsa si susɔ, esi nye dzovɔsa siwo wotsɔ vɛ na Aƒetɔ ƒe akpa aɖe la, wɔ amɔwɔ maʋamaʋã bolo, eye miɖui le vɔsamlekpui la xa elabe vɔsa kɔkɔe ŋutɔ wònye. 13Miɖui le teƒe kɔkɔe elabe eyae nye dzovɔ siwo wova sa na Aƒetɔ la ƒe akpa si nye wò kple viwòwo ƒe gome. Elabe nenemae wode se nam. 14#Mos III, 7.30-34. Ke wò ŋutɔ kple viwò ŋutsuwo kpakple viwò nyɔnuwo miekpɔ mɔ aɖu lã la ƒe akɔ kple eƒe ata, akpa siwo wonyè la faa. Miɖu wo le teƒe dzadzɛ. Israelviwo ƒe ŋutifafavɔsa ƒe akpa si nye wò kple viwò ŋutsuwo ƒe gome lae nye ema. 15Woatsɔ ataa kple akɔa akpe ɖe lãa ƒe akpa dami siwo wotɔa dzo le vɔsamlekpuia dzi la ŋu vɛ na wò. Ele be akpa mawo nanye wò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbee, abe ale si Aƒetɔ de see la ene.”
16Azɔ Mose bia nuvɔ̃vɔsagbɔ̃tsu si susɔ la ta, eye kpɔ ɖa, wotɔ dzoe. Edo dɔmedzoe ɖe Eleazar kple Itamar, Aron viŋutsu eve siwo susɔ la ŋu. Ebia wo be: 17#Mos III, 6.24-26. “Nu ka tae mieɖu nuvɔ̃vɔsalã la le teƒe kɔkɔe la o? Nu kɔkɔe ŋutɔ wònye ɖe! Aƒetɔ ɖe wòtsɔe na mi be miate ŋu aɖe ameha la ƒe nuvɔ̃ ɖa le Aƒetɔ ŋkume. 18Wometsɔ eƒe ʋu yi kɔkɔeƒe la me o ɖe! Kɔkɔeƒe lae wòle be miaɖui le, abe ale si mede se na mi ene hafi.” 19Aron xɔ edzi nɛ be: “Kpɔ ɖa, egbee wosa nuvɔ̃vɔ kple numemevɔ le Aƒetɔ ŋkume. Ke esiawo ƒomevi gbegbe dzɔ ɖe dzinye. Ɖe meɖu nuvɔ̃vɔsalã egbe ɖe, adze Aƒetɔ ŋua?” 20Esi Mose se nya sia la, edze eŋu.

Currently Selected:

Mose III 10: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in