Mose III 1
1
Numemevɔsawo
1Aƒetɔ nɔ eƒe godoƒegbadɔ la me yɔ Mose. Eƒo nu nɛ gblɔ be: 2“Ƒo nu na Israel-dukɔ la nàgblɔ na wo be: Ne mia dometɔ aɖe tsɔ nunana vɛ na Aƒetɔ la, mitsɔ wo tso nyihawo loo, alo alẽhawo dome.”
3“Nenye nyi wòdi be yeatsɔ wɔ numemevɔsae la, ele be nyia nanye atsua si naneke mewɔ afi aɖeke na o. Ele be wòakplɔe va godoƒegbadɔ la ƒe mɔnu ale be Aƒetɔ nakpɔ ŋudzedze le lã la ŋu. 4Netsɔ eƒe asi ɖo lãa ƒe tame, ekema Mawu axɔe be enye vɔsa si dzè ate ŋu aklɔ eyama si le vɔa sam la ƒe nuvɔ̃wo ɖa. 5Eyome newu nyitsu la le Aƒetɔ ŋkume, eye Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo la, natsɔ ʋu la aɖo Aƒetɔ ŋkume. Woahlẽ ʋua ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔa mɔnu la ŋu godoo va kpe. 6Ekema amea nako ayi le lãa ŋu, eye wòaflii. 7Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo la, nado dzo ɖe vɔsamlekpuia dzi, ali kɔ nake ɖe edzi nyuie. 8Ale Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo la nafɔ lãkɔawo, eƒe ta kple amiawo aɖo ɖe nakea dzi le dzo la me le vɔsamlekpuia dzi. 9Ke amea neklɔ lãa ƒe dɔmenuwo kple afɔtiwo kple tsi, eye nunɔla la natɔ dzo wo katã le vɔsamlekpuia dzi abe numemevɔsa ene, si nye dzovɔsa, si ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.”
10“Nenye alẽ alo gbɔ̃ wòdi be yeatsɔ awɔ numemevɔsae la, ele be lãa nanye atsua si nu mewɔ o. 11Ele be wòawui le vɔsamlekpuia ƒe dzigbeme lɔƒo le Aƒetɔ ŋkume, eye Aron viŋutsu siwo nye nunɔlawo nawú eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpuia ŋu godoo va kpe. 12Ekema nefli lã la kple eƒe ta kple amiawo, eye nunɔla la nafɔ wo aɖo ɖe nake siwo le dzoa me le vɔsamlekpuia dzi la dzi. 13Ke neklɔ dɔmenuawo kple afɔawo kple tsi, eye nunɔla la natsɔ wo asa vɔe, eye wòatɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Enye numemevɔsa, dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.”
14“Ke nenye xe wòdi be yeatsɔ awɔ numemevɔsa lae la, ekema ele be xea nanye akpakpa alo ahɔnɛ. 15Nunɔla la atsɔe va vɔsamlekpuia gbɔ, eye wòatro kɔ le enu, amèe le vɔsamlekpuia dzi. Woatsyɔ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpuia ŋu. 16Azɔ neɖe eƒe kotakoe, anyɔ fuawo, eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe vɔsamlekpuia xa le ɣedzeƒe gome, afi si wokɔa dzowɔ ɖo la. 17Eyome wòahe eƒe aʋalawo va se ɖe esime xevia navuvu, gake aʋalawo maɖe ɖa le eŋu o. Ale nunɔla la natɔ dzoe le nake si le dzo me le vɔsamlekpuia dzi la dzi. Esiae nye numemevɔsa, dzovɔsa si ƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.”
Currently Selected:
Mose III 1: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.

: