Yosua 4
4
Israelviwo tu ŋkuɖodzikpewo
1Esi dukɔ blibo la tso Yordan-tɔsisi la vɔ la, Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: 2“Tia ŋutsu wui eve tso dukɔ la me, ŋutsu ɖeka natso to ɖe sia ɖe me. 3Gblɔ na wo be: ‘Miyi ɖe teƒe si tututu nunɔlawo tsi tsitre ɖo le Yordan-tɔsisia titina la, ne miaɖe kpe wui eve le nunɔlaawo ƒe afɔteƒewo vɛ. Mina woatsɔ kpe siawo ayi afi si tsi ge miala adɔ egbe zã.’ ” 4Ale Yosua yɔ ŋutsu wui eve siwo wòtia tso toawo dometɔ ɖe sia ɖe me le Israelviwo dome, 5eye wògblɔ na wo be: “Midze ŋgɔ na Aƒetɔ, mia Mawu la ƒe nubablaɖaka la, eye miayi ɖe Yordan-tɔsisia titina. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netsɔ kpe ɖeka ɖe abɔta, ɖe Israel-toawo ƒe xexlẽme nu. 6Kpe siawo nanye dzesi na mi, ale be ne mia viwo bia mi se gbe aɖe gbe be: ‘Nu ka ta kpe siawo le afii ɖo?’ mahã la, 7ekema miaɖo eŋu na wo be gbe aɖe gbe la, Yordan-tɔsisi la me ma, eye wòdzudzɔ sisí esime wokɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la le eme tom. Ale kpe siawo anye ŋkuɖodzinu na Israelviwo tegbee.”
8Ale ŋutsuawo wɔ nu siwo Yosua gblɔ na wo be woawɔ la. Woɖe kpe wui eveawo tso Yordan titina vɛ, ɖe Israel toawo ƒe xexlẽme nu, abe ale si Aƒetɔ gblɔ na Yosua ene, wotsɔ wo va da ɖe afi si wodro ɖo la. 9Yosua ŋutɔ hã tsɔ kpe wui eve tu tsitre ɖe teƒe si nunɔla siwo tsɔ nubablaɖakaa tsi tsitre ɖo le Yordan-tɔgoa titina. Kpeawo gale afi ma va se ɖe egbe. 10Nunɔlaawo tsi tsitre ɖe Yordan-tɔgoa titina ʋuu va se ɖe esime wowɔ nu siwo katã Aƒetɔ gblɔ na Yosua be woawɔ la vɔ. Nu siawoe Mose ɖo na Yosua be wonewɔ.
Dukɔ la zɔ kabakaba ɖo tɔa godo. 11Esi ame sia ame ɖi go ɖe go kemɛ dzi vɔ la, nunɔlaawo kɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la, eye wodze dukɔa ŋgɔ. 12Ruben-to ƒe ŋutsuwo, Gad-to ƒe ŋutsuwo kple Manase-to ƒe ŋutsuwo ƒe afã bla akpa, eye wodze Israelviwo ŋgɔ, abe ale si Mose ɖoe na wo la ene. 13Ŋutsu siwo bla akpa alea na aʋawɔwɔ le Aƒetɔ ŋkume anɔ ame akpe bla ene. Woɖo ta gbegbe si te ɖe Yerixo-dua ŋu. 14Gbe ma gbe la, Aƒetɔ do kɔkɔ Yosua ŋutɔ le Israelviwo katã ŋkume. Ale le eƒe agbe me ŋkekewo katã me la, wode bubu eŋu, eye wovɔ̃e abe Mose ene.
15Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Yosua be: 16“Gblɔ na nunɔla siwo tsɔ nubablaɖaka la be woado go le Yordan-tɔgoa me.” 17Ale Yosua gblɔ na nunɔlaawo be: “Mido go le tɔgoa me!” 18Kaka nunɔla siwo tsɔ Aƒetɔ ƒe nubablaɖaka la naɖi go ko la, tɔsisia gaƒo ƒu enumake. Egade asi sisí me, ɖɔ hegbagba va gota abe tsã ene.
19Dukɔa ɖi go ɖe Yordan godo le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke ewolia dzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Gilgal le Yerixo ƒe ɣedzeƒe gome. 20Azɔ Yosua tsɔ kpe wui eve siwo woɖe le Yordan-tɔgoa me la tu ɖe Gilgal. 21Egblɔ na Israelviwo be: “Ne mia viwo bia mi gbe aɖe gbe be: ‘Nu ka ta kpe siawo le afii?’ mahã la, 22miɖo eŋu na wo be: ‘Mí Israelviwo míezɔ anyigba ƒuƒui to Yordan me kpɔ. 23Elabe Aƒetɔ, mía Mawu la, na Yordan-tɔsisia mie zu ƒuƒuiƒe na mí va se ɖe esime mieto eme do vɔ, abe ale si wòna Aƒlaƒu la mie zu ƒuƒuiƒe na mía tɔgbuiwo woto eme do ene. 24Le esia ta, xexemedukɔwo katã lava nya be Aƒetɔ ƒe ŋusẽ tri akɔ, eye miavɔ̃ Aƒetɔ, mia Mawu la tegbee.”
Currently Selected:
Yosua 4: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.