Bible App logo
Search Icon

Yosua 17

17
Anyigba si Yosua ka na Manase viwo ƒe to si le ɣetoɖoƒe
1Yosua ka anyigba la ƒe akpa aɖe na Manase viwo ƒe to la, wònye wo tɔ gome elabe Manasee nye Yosef ƒe ŋgɔgbevi. Wotsɔ Gilead kple Basan nyigbawo na Maxir, Manase ƒe ŋgɔgbevi, ame si nye Gilead tɔ́, le eƒe aʋawɔwɔ ta. 2Manase vi mamlɛawo viwo xɔ woƒe anyigba le Yordan- tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome le woƒe ƒomeawo nu. Woawoe nye: Abiezer, Xelek, Asriel, Sixem, Xefer kple Semida. Ame siawoe nye ƒomemetsitsiwo na Yosef vi Manase viŋutsuwo ƒe dzidzimeviwo.
3Ke Zelofxad, ame si nye Xefer viŋutsu, ame si nye Gilead viŋutsu, ame si nye Maxir viŋutsu, ame si nye Manase viŋutsu la, medzi viŋutsuvi aɖeke o, negbe nyɔnuwo ko. Via nyɔnuawoe nye: Maxla, Noa, Xogla, Milka kple Tirza. 4#Mos IV, 27.1-7. Wova nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple amegãwo gbɔ, eye wogblɔ na wo be: “Aƒetɔ di tso Mose si be wòana anyigba míawo hã abe míaƒe ƒomea me ŋutsuwo ene.” Ale Yosua na anyigba wo ɖe wo tɔ́ nɔvi ŋutsuwo dome, abe ale si Aƒetɔ gblɔ ene. 5Ale wɔ Manase viwo ƒe to la xɔ anyigba la ƒe mama ewo kpe ɖe Gilead kple Basan nyigba siwo le Yordan-tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe na wo la ŋu, 6elabe Manase viŋutsuwo kple via nyɔnuwo xɔ anyigba ɖe teƒe ɖeka. Ke wotsɔ Gilead-nyigba na Manase vi mamlɛawo.
7Manase ƒe liƒo la tso Aser va to Mixmetat le Sixem ƒe ɣedzeƒe gome. Eto anyigbeme eye wòtsɔ En-Tapuaxtɔwo ɖe eme. 8Tapuax-nyigba nye Manase tɔ, ke Tapuax-du si le Manase ƒe liƒo dzi la nye Efrayim ƒe dzidzimeviwo tɔ. 9Azɔ la liƒo la zɔ ɖo ta anyigbeme va ɖo tɔʋu si woyɔna be Kana la nu. Du siwo le tɔʋua ƒe anyigbeme la nye Efrayim tɔ, togbɔ be wole Manase ƒe anyigba me hã. Liƒo la to tɔʋu la ƒe dzigbeme heva wu nu ɖe Domeƒu nu. 10Anyigba la ƒe anyigbeme gome nye Efrayim tɔ, eye esi le dzigbeme gome la nye Manase tɔ eye Domeƒu la nye woƒe ɣetoɖoƒe gome liƒo. Wova kpe le Aser le dzigbeme eye wokpe le Isaxar le ɣedzeƒe. 11Le Isaxar kple Aser nyigbawo dzi la, du aɖewo kple wo ŋu duwo li siwo nye Manase tɔ. Woawoe nye Bet-Sean, Yibleam, Dor, esi le ƒugo ŋu, En-Dor, Tanax, Megido kple du siwo ƒo xlã wo. 12#Ɖel 1.27, 28. Togbɔ be du siawo nye Manase tɔ hã la, womete ŋu xɔ wo le Kanaanitɔ siwo le wo me la si o. Kanaanitɔawo tsi wo me ɖikaa. 13Emegbe esi ŋusẽ va ɖo Israelviwo ŋu la, wozi duawo me nɔlawo dzi be woawɔ dɔ na yewo abe kluviwo ene, eye womenyà wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖa o.
Efrayim-to la kple Manase-to si le ɣetoɖoƒe gome la bia Yosua be wòagana anyigba yewo
14Tete Yosef ƒe dzidzimeviwo gblɔ na Yosua be: “Ale ke wɔ nèna anyigba la ƒe memama teƒe ɖeka pɛ ko mí be wòanye mía tɔ? Evɔ la, tso ɣe aɖe ɣi va se ɖe fifia la, Aƒetɔ yra mí, eye míedzi sɔ gbɔ ŋutɔ.”
15Yosua ɖo eŋu na wo be: “Nenye be miesɔ gbɔ, eye miexaxa le tonyigba si le Efrayim la dzi la, ekema miyi ɖaƒo ave siwo le Perizitɔwo kple Refaimtɔwo ƒe anyigba dzi kpe ɖe miaƒe anyigba la ŋu.” 16Woɖo eŋu be: “Tonyigba la made mía nu o. Gawu la, gatasiaɖamwo le Kanaanitɔ siwo katã le gbadzaƒe la kple esiwo le Bet-Sean kple eƒe duwo me kpakple esiwo le Yezreel-bali me la, si.”
17Tete Yosua gblɔ na Yosef ƒe aƒe si nye Efrayim-to la kple Manase-to si le ɣetoɖoƒe gome la be: “Nyateƒee, miesɔ gbɔ vavã eye ŋusẽ le mia ŋu ŋutɔ. Menye anyigba la ƒe memama teƒe ɖeka pɛ ko miaxɔ o. 18Tonyigba la anye mia tɔ. Togbɔ be teƒea nye ave hã la, miƒoe va se ɖe keke eƒe mlɔenu ke ale be teƒea katã nazu mia tɔ. Le Kanaanitɔwo gome la, togbɔ be gatasiaɖamwo le wo si, eye wonye ame sesẽwo hã la, miele wo nyà ge ɖa le afi ma.”

Currently Selected:

Yosua 17: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in