Ɖelawo 8
8
Gideon ɖu Midiantɔwo dzi zi mamlɛtɔ
1Tete Efrayimtɔwo bia Gideon be: “Nu ka ta nègbe mía yɔyɔ esime nèho aʋa ɖe Midiantɔwo ŋu? Nu ka ta nèwɔ nu sia ɖe mía ŋu?” 2Ke eɖo eŋu na wo be: “Nu si mete ŋu wɔ la, mede nu si miawo boŋ miewɔ la nu o. Gawu la, nu si nye tokɔmetɔ gbogbo siawo te ŋu wɔ la, mede nu sue si mi Efrayimtɔwo miete ŋu wɔ la nu gɔ̃ hã o. 3#Ps 83.11.Mawu na miawo miewu Midian-fia eveawo, Oreb kple Zeeb. Ðe nye boŋ mete ŋu wɔ nane si sɔ kple mia tɔa?” Esi wògblɔ nya sia la, woƒe dzi fa.
4Ɣeyiɣi sia me la, Gideon va Yordan-tɔsisi la nu kple eƒe ame alafa etɔ̃ la, eye wotso tɔ la ɖi go ɖe egodo. Togbɔ be ɖeɖi te wo ŋu ŋutɔ hã la, wogakplɔ woƒe futɔawo ɖo kokoko. 5Esi wova ɖo Sukot la, egblɔ na dua me tɔwo be: “Meɖe kuku, midi nuɖuɖu aɖe na ame siwo le zɔzɔm kplim la ne woaɖu, elabe ɖeɖi te wo ŋu ŋutɔ. Evɔ la mele Midian-fia eveawo, Zebax kple Zalmuna, yome tim.” 6Ke Sukot-dumegãwo ɖo eŋu be: “Ðe wò asi su Zebax kple Zalmuna dzi xoxo hafi nèbe míadi nuɖuɖu na wò aʋakɔ la?” 7Gideon ɖo eŋu na wo be: “Yoo, enyo. Ne Aƒetɔ na nye asi su Zebax kple Zalmuna dzi la, matsɔ aŋɔka kple ŋu si le gbedadaƒo la akuko mia ŋui.” 8Esi woho tso afi ma la, wova Penuel. Gideon gabia nuɖuɖu woawo hã, ke afi ma tɔwo hã ɖo nya la ŋu nɛ abe ale si Sukotetɔwo ɖo eŋu nɛ ene. 9Ale wògblɔ na Penueltɔwo be: “Ne metrɔ gbɔ dedie la, magbã mɔ́ sia gudugudu.”
10Zebax kple Zalmuna va ɖo Karkor kple woƒe aʋakɔ la. Ame akpe wui atɔ̃ koe susɔ le ɣedzeƒeviwo dome, ke ame akpe alafa ɖeka bla eve tsi aʋa. 11Gideon to asimɔ gã dzi le Nobax kple Yogbeha ƒe ɣedzeƒe gome, eye wova do ɖe aʋakɔ la dzi kpoyi, esime woɖe ŋu ɖi, eye wòsi wo. 12Tete Midian-fia eveawo, Zebax kple Zalmuna sí, ke Gideon ti wo yome va se ɖe esime eƒe asi su wo dzi. Zi tɔ le Midiantɔwo ƒe aʋakɔ la dome, eye wotɔtɔ ŋutɔŋutɔ.
13Esi Gideon trɔ tso aʋagbea dzi gbɔna la, eto Heres todzimɔ la. 14Ekpɔ ɖekakpui aɖe si nye Sukotetɔ, eye wòlée hebia gbee. Ena wòŋlɔ dumegã siwo katã le Sukot la ƒe ŋkɔwo nɛ. Eŋlɔ ame bla adrẽ vɔ adrẽ. 15Esi Gideon va ɖo Sukotetɔwo gbɔ la, egblɔ na wo be: “Mikpɔ Zebax kple Zalmuna ɖa. Esi míeva to afii yina eye ɖeɖi te nye amewo ŋu vevie la, mebia nuɖuɖu mi be matsɔ na wo, ke ɖeko mieɖu fewu le ŋunye. Miebiam be nye asi ɖe wòsu Zebax kple Zalmuna dzi xoxo hafi le nuɖuɖu biam mahã.” 16Ale wòtsɔ ŋu kple aŋuka siwo wòwɔ le gbedadaƒo la he to na Sukotetɔwo vevie. 17Emegbe egbã mɔ́ si le Penuel-du me, eye wòwu ŋutsu siwo katã le afi ma.
18Azɔ Gideon bia Zebax kple Zalmuna be: “Ale ke ŋutsu siwo miewu le Tabor-to gbɔ la le?” Woɖo eŋu be: “Woɖi wò ŋutɔ. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖi fia vi.” 19Ke Gideon gblɔ na wo be: “Nɔvinye ŋutsuwoe. Dadaviwo míenye! Metà Mawu na mi, ne ɖe miewu wo o la, anye ne nye hã nyemawu mi o. 20Enumake wògblɔ na eƒe ŋgɔgbevi Yeter be: “Tso nàwu wo!” Ke eya vɔ̃, eye mehe eƒe yi la ɖe go o, elabe ɖekakpuivi ko wònye. 21Tete Zebax kple Zalmuna gblɔ na Gideon be: “Wò ŋutɔ tso nàdza mí wu. Ŋutsu ŋutɔe ɖea eƒe ŋusẽ fiana.” Ale Gideon tso hewu wo, eye wòɖe kɔga si le kɔ na woƒe kposɔwo.
22Azɔ Israeltɔwo gblɔ na Gideon be: “Míedi be wò ŋutɔ kple wò dzidzimeviwo nazu mía dziɖula, elabe èɖe mí tso Midiantɔwo si me.” 23Gideon ɖo eŋu na wo be: “Nye ŋutɔ loo, alo vinye ŋutsu aɖeke maɖu fia ɖe mia dzi o. Aƒetɔ ye aɖu fia ɖe mia dzi.” 24Eyi edzi gblɔ na wo be: “Medi be mabia nane mi. Ame sia ame netsɔ togɛ si wòha tso gbea dzi la nam.” Midiantɔwo dea sikatogɛ vevie abe Ismaeltɔ bubuawo ene. 25Woɖo eŋu be: “Míana wò faa.” Ale wokeke awu aɖe ɖi, eye ame sia ame tsɔ togɛ si wòha tso gbea dzi la da ɖe edzi. 26Sikatogɛ si wonae la ƒe kpekpeme de abe kilo bla eve ene, evɔ la womebu kɔga, togɛ, Midian-fiawo ƒe avɔ dzĩ biɖibiɖi wu kple kɔsɔkɔsɔ si le nu na kposɔwo la ya ɖe eme o. 27Gideon tsɔ sikatogɛawo wɔ nunɔlawo ƒe kɔmewu, eye wòdae ɖe wo de Ofra. Tete Israelviwo katã gblẽ woƒe Mawu ɖi, eye woyia afi ma ɖasubɔnɛ. Eva zu mɔ̀ na Gideon kple eƒe ƒome la. 28Ale Israelviwo ɖu Midiantɔwo dzi keŋkeŋ, eye ŋusẽ vɔ le wo ŋu. Gideon ɖu dzi ƒe bla ene hafi ku, eye ŋutifafa xɔ aƒe ɖe dukɔa me le eŋɔli.
Gideon ku
29Azɔ la, Gideon si wona ŋkɔe be Yeru-Baal Yoas vi, trɔ yi eya ŋutɔ ƒeme, eye wòɖanɔ afi ma. 30Viŋutsu bla adrẽ nɔ Gideon si. Wonye eya ŋutɔŋutɔ vidzidziwo elabe eɖe srɔ̃ geɖe. 31Ahiãvi hã nɔ esi le Sixem. Eya dzi ŋutsuvi ɖeka nɛ, eye wòna ŋkɔe be Abimelex. 32Gideon tsi ŋutɔ hafi ku, eye woɖii ɖe tɔ́a Yoas ƒe ameɖiƒe le Ofra si nye Abiezer ƒomeawo ƒe du.
33Esi Gideon nyaku ko la, Israel-dukɔ la dzudzɔ woƒe Mawu la subɔsubɔ. Wode asi Baalwo subɔsubɔ me, eye wotsɔ Baal-Berit wɔ woƒe mawui. 34Mlɔeba la, Israelviwo ƒe ŋku va bu le Aƒetɔ, woƒe Mawu la dzi keŋ, evɔ wònye eyae ɖe wo tso futɔ siwo ƒo xlã wo godoo va yi la si me hafi. 35Gawu la, togbɔ be Gideon-ƒomeawo wɔ nyui geɖe na Israelviwo kpɔ hã la, woawo ya menyo dɔme na wo tsɔ ɖo eteƒe o.
Currently Selected:
Ɖelawo 8: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.