Ɖelawo 4
4
Debora kple Barak
1Le Ehud ƒe ku megbe la, Israelviwo gawɔ nuvɔ̃ɖi ɖe Aƒetɔ ŋu. 2Ale Aƒetɔ na Kanaan-fia, Yabin ɖu wo dzi. Enɔ Xazor hafi nɔ dzi ɖum, eye eƒe aʋakplɔla, Sisera, ya nɔ Xaroset-Goyim. 3Tete Israelviwo do ɣli yɔ Aƒetɔ be nexɔ na yewo elabe gatasiaɖam alafa asieke le Yabin si, eye wòtsɔ akpa sesẽ te Israelviwo ɖe anyi ƒe bla eve.
4Ɣe ma ɣi la, nyɔnu mawu ƒe gbeƒãɖela, Debora, si nye Lapidot srɔ̃ la nye ɖela nɔ Israel-dukɔ me. 5Ebɔbɔ nɔa anyi ɖe deti aɖe te le Rama kple Betel dome le Efrayim-to dzi, eye Israelviwo yia egbɔ wòdrɔ̃a ʋɔnu na wo. 6Edɔ ame woyi ɖayɔ Barak, Abinoam vi, tso Kedes-Naftali vɛ. Egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, Israel Mawu la be woagblɔ na wò be, ‘Tso nàɖe ame akpe ewo tso Naftali kple Zebulon towo me, eye nàkplɔ wo ayi Tabor-to dzi. 7Makplɔ Sisera, Yabin ƒe aʋakplɔla, eƒe tasiaɖamwo kple eƒe aʋakɔ ava Kison-tɔʋu nu be wòava kpe aʋa kpli wò, ke mana nàɖu edzi.’ ” 8Tete Barak gblɔ na Debora be: “Mayi ne àyi kplim. Evɔ ne màyi kplim o la, ekema nye hã nyemayi o.” 9Debora ɖo eŋu be: “Yoo, mayi kpli wò baa! Gake nu si gbe yim miele la, womade bubu ŋuwò o elabe Aƒetɔ adzra Sisera na nyɔnu aɖe.” Ale Debora tso yi Kedes kple Barak. 10Tete Barak yɔ Zebulon kple Naftali toawo me tɔwo ƒo ƒu ɖe Kedes, eye wòna ame akpe ewo dze eyome wodzo. Debora hã yi kplii.
11Le ɣeyiɣi sia me la, Xeber, Kenitɔ la va tu eƒe agbadɔ ɖe logotiwo gbɔ le Zaananim le Kedes gbɔ. Do ŋgɔ la, eya ʋu tso Kenitɔ bubu siwo nye Xobab, Mose nyo, la ƒe dzidzimeviwo la gbɔ.
12Esi Sisera se be Barak yi Tabor-to dzi la, 13edzra eƒe tasiaɖamwo katã ɖo, eye eya kple eƒe aʋakɔ blibo la ho tso Xaroset-Goyim va kpe ta ɖe Kison-tɔʋu nu. 14Tete Debora gblɔ na Barak be: “Tso kpla! Egbee nye egbe! Mènya be Aƒetɔ ŋutɔ dze ŋgɔ xoxo oa? Ele nana ge miaɖu Sisera dzi keŋkeŋ.” Ale Barak ɖi tso Tabor-to la dzi, ame akpe ewoawo dze eyome. 15Kasia Barak nado la, Aƒetɔ de zi Sisera kple eƒe tasiaɖamwo kpakple eƒe aʋakɔwo dome, eye wotɔtɔ. Tete Sisera ɖi le eƒe tasiaɖam me, eye wòɖo afɔ eŋu hesí. 16Barak ti tasiaɖamawo kple aʋakɔ la yome va do ɖe Xaroset-Goyim, eye wotsrɔ̃ wo kple yi keŋkeŋ; ame ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o.
17Ke Sisera to afɔ ʋuu va nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yael, Kenitɔ Xeber srɔ̃, la ƒe agbadɔ gbɔ. Eva afi sia elabe ŋutifafa le Xazor-fia, Yabin kple Kenitɔ, Xeber ƒe ƒomeawo dome. 18Tete Yael yi ɖakpe Sisera hegblɔ nɛ be: “Va, nye amegã! Ge ɖe nye agbadɔ me. Mègavɔ̃ o.” Enumake Sisera ge ɖe eme, eye wòtsyɔ avɔ nɛ. 19Sisera gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem mano; tsikɔ le wuyem.” Enumake Yael ʋu lãgbalẽgolo si me notsi le la, eye wòna ɖee wòno. Emegbe la, egatsyɔ avɔa nɛ. 20Azɔ la, egblɔ na Yael be: “Yi nàtsi tsitre ɖe agbadɔa ƒe mɔnu. Ne ame aɖe va bia wò be ame aɖe le afii hã la, ɖo eŋu nɛ be o.” 21Ɣe ma ɣi la, ɖeɖi te Sisera ŋu ŋutɔ ale be wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Tete Yael tsɔ agbadɔtsyoti kple zu, eye wòyi egbɔ dzaa. Eƒo tsyoti la ɖe tonu na Sisera, mimii ɖe anyigba sesĩe, eye wòku. 22Kasia Barak, ame si le Sisera yome tim la nye esi va do. Yael do va kpee hegblɔ nɛ be: “Va ne mafia ame si dim nèle la wò!” Esi wòge ɖe eme la, Sisera nye ekem woƒo tsyoti ɖe tonu na, to eƒe tame do hemimi ɖe anyigba, wòku. 23Ale Mawu bɔbɔ Kanaan-fia, Yabin ɖe anyi gbe ma gbe le Israelviwo ŋkume. 24Tso ɣe ma ɣi la, Israelviwo ƒe asi va sẽ ɖe fia la dzi wu tsã va se ɖe esime ŋusẽ va vɔ le eŋu keŋkeŋ.
Currently Selected:
Ɖelawo 4: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.