Ɖelawo 2
2
Aƒetɔ ƒe dɔla ƒo nu na Israelviwo le Boxim
1Aƒetɔ ƒe dɔla tso Gilgal va Boxim eye wògblɔ be: “Mena mieʋu tso Egipte, eye mekplɔ mi va anyigba si ŋu meka atam ɖo be mele tsɔtsɔ ge ana mia tɔgbuiwo la dzi. Megblɔ na wo be, ‘Nyematu nu, si mebla kpli mi la akpɔ gbeɖe o, 2#Mos II, 34.12, 13; Mos V, 7.2-5.eye migabla nu kple anyigba sia dzi tɔwo o. Migbã woƒe vɔsamlekpuiwo gudugudu.’ Gake miegbe nye gbe dzi wɔwɔ. Menye nu si tututu mebe migawɔ o lae nye esi miewɔ oa? 3Eya ta nye hã mele egblɔm na mi azɔ be nyemanyà ameawo ɖa le mia ŋgɔ o, bene woanɔ mia ŋu anɔ fu ɖem na mi. Woƒe mawuwo subɔsubɔ zu mɔ̀ si wotre ɖi na mi.” 4Kaka dɔla la nawu nya la nu la, Israelviwo katã de asi avifafa me hoo. 5Wona ŋkɔ teƒe ma be Boxim,#2.5: BOXIM: Esia nye Hebri-gbe si gɔmee nye avifalawo eye wosa vɔ le afi ma na Aƒetɔ.
Yosua ku
6Esi Yosua na Israelviwo dzo la, ame sia ame yi anyigba si ŋugbe wodo nɛ la dzi be yeaxɔe. 7Azɔ le Yosua ƒe agbenɔɣi la, Israelviwo subɔ Aƒetɔ pɛpɛpɛ. Le Yosua megbe hã la, Israelviwo yi edzi subɔ Aƒetɔ le ame tsitsi siwo kpɔ nu dzɔtsu siwo katã Aƒetɔ wɔ na Israel teƒe la ƒe agbenɔɣi. 8Aƒetɔ ƒe dɔla Yosua, Nun vi la, ku esime wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. 9#Yos 19.49, 50.Woɖii ɖe anyigba si dome wònyi la dzi le Timnat-Xeres si le Efrayim-to dzi le Gaas-to ƒe dzigbeme lɔƒo. 10Esi dzidzime ma katã ku vɔ la, dzidzime bubu va ɖe wo yome. Woawo ya womedze si Aƒetɔ o, eye womenya naneke le nu siwo katã wòwɔ na Israelviwo la ŋu o.
Israelviwo dzudzɔ Aƒetɔ subɔsubɔ
11Tete Israelviwo wɔ vɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu elabe wosubɔ Baalwo. 12Wogblẽ Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ɖi, eye wodze dukɔ siwo ƒo xlã wo la ƒe mawuwo yome hesubɔ wo. Evɔ wònye Aƒetɔ ye kplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi hafi. Ale wɔ wodo dziku na Aƒetɔ. 13Wodzudzɔ Aƒetɔ subɔsubɔ, eye wosubɔ Baalwo kple nyɔnumawu Astartewo. 14Ðe esia ta, Aƒetɔ do dɔmedzoe ɖe Israelviwo ŋu, eye wòna adzohawo ɖo wo dome, da adzo wo. Eɖe asi le wo ŋu na woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo godoo la. Woƒe futɔwo ɖu wo dzi, eye womegate ŋu nɔ te ɖe wo nu o. 15Afi sia afi si woyi la, dzɔgbevɔ̃e kplɔ wo ɖo elabe Aƒetɔ ɖe asi le wo ŋu abe ale si wòka atam na wo la ene. Ale wɔ woɖo xaxa me ŋutɔ.
16Tete Aƒetɔ na ɖelawo do na wo, eye woɖe wo tso nuhalawo si me. 17Ke Israelviwo mese ɖelawo ƒe gbe o. Wodzo le woƒe Mawu gbɔ, eye wode ta agu na mawu bubuwo. Togbɔ be wo tɔgbuiwo zɔ Aƒetɔ ƒe mɔ dzi hewɔ eƒe seawo dzi hã la, woawo ya wotrɔ megbe de mɔ sia kaba ŋutɔ, eye womenɔ agbe nyuie abe wo tɔgbuiwo ene o. 18Nenye be Aƒetɔ ɖo ɖela na wo la, enɔna kple ɖela la, eye wòxɔna na wo tso woƒe futɔwo si me le eƒe agbenɔɣi. Ne fuɖenamelawo kple ŋutasẽlawo te wo ɖi, eye wole hũɖeɖe dzi la, Aƒetɔ ƒe dɔme trɔna ɖe wo ŋu. 19Evɔ kasia ɖela la naku ko la, wotrɔna hewɔa nu tovo wu dzidzime si yome wova ɖo la tɔ. Wodzea mawu bubuwo yome, subɔa wo hedea ta agu na wo. Wogbea asiɖeɖe le woƒe nuwɔnawo ŋu, eye woƒe to gasẽna ɖe edzi wu tsã. 20Ale Aƒetɔ do dziku ɖe Israelviwo ŋu vevie, eye wògblɔ be: “Esi dukɔ sia mese nye gbe o, eye wotu nu, si mebla kple wo tɔgbuiwo 21ta la, nye hã nyemaganyà dukɔ siwo Yosua susɔ ɖi hafi ku la ɖa le wo ŋgɔ o. 22Matsɔ dukɔ siawo ado Israelviwo akpɔ be woalé ŋku ɖe Aƒetɔ ƒe mɔ la ŋu abe wo tɔgbuiwo ene loo, alo womalé ŋku ɖe eŋu o mahã.” 23Eya ta Aƒetɔ na dukɔ siawo susɔ, eye menyà wo ɖa enumake loo, alo na Yosua ɖu wo dzi o.
Currently Selected:
Ɖelawo 2: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.