Yakobo ƒe Agbalẽ 4
4
Xɔlɔ̃dzedze xexea me
1Nu kae hea aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔ dea mia dome? Ɖe menye nuvɔ̃ɖi siwo dzroa miaƒe ŋutinuwo la woe hea wo vanɛ oa? 2Miedi nu si dzro mi; miekpɔe o, eye miewu ame. Nenema ke mieklẽ ŋu be yewoaxɔ nane le ame aɖe si; miaƒe asi mesu edzi o, eye miewɔ dzre heho aʋa ɖe mia nɔewo ŋu. Miekpɔa nu si dim miele la o, elabe miebiaa Mawu o. 3Miebiaa nu Mawu, eye miexɔnɛ o, elabe miebiana kple susu nyui o. Miebiaa nu Mawu, ale be miatsɔe ado dzidzɔ na mia ɖokui ko. 4Ame mawɔnuteƒewo! Mienya be ame si dze xɔlɔ̃ xexea me la, tsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe futɔe oa? Eya ta ame sia ame si di be yeadze xɔlɔ̃ xexea me la, tsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe futɔe. 5Miebu be ɖe woŋlɔ ɖe mawunya me dzodzro be: “Mawu ʋãa ŋu vevie ɖe eƒe gbɔgbɔ si wòna, be wòanɔ mia me la nu” mahã? 6#Lod 3.34. Ke evea ame nu geɖe ŋutɔ, eya ta wogblɔ be: “Mawu tsia tre ɖe ame siwo dàna la ŋu, eye wòvea ame siwo bɔbɔa wo ɖokui la nu.” 7Eya ta mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te. Mitsi tre ɖe Abosam ŋu, ne wòasí adzo le mia gbɔ. 8Mite ɖe Mawu ŋu, ne eya hã nate va mia gbɔ. Nu vɔ̃ wɔlawo, miklɔ asi! Mi ɖikelawo, miwɔ miaƒe dzi dzadzɛ! 9Mise veve; mifa konyi; mifa avi. Mina miaƒe nukoko nazu konyifafa, eye miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nazu modede to. 10Mibɔbɔ mia ɖokui le Aƒetɔ la ŋkume, ne wòado mi ɖe dzi.
Mègadrɔ̃ ʋɔnu nɔviwò Kristotɔ o
11Nɔvinyewo, migagblɔ nya si medze o la ɖe mia nɔewo ŋu o. Ame si gblɔa nya si medze o la ɖe nɔvia ŋu, alo drɔ̃a ʋɔnu nɔvia la, egblɔ nya si medze o la ɖe se la ŋuti, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Nenye se lae nèdrɔ̃a ʋɔnui la, ekema menye sedziwɔla nènye o, ke boŋ eƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye. 12Mawu koe nye sedela kple ʋɔnudrɔ̃la. Eya koe nye ame si te ŋu xɔa ame ɖe agbe, eye wògate ŋu tsrɔ̃a ame hã. Ame ka nènye hafi le ʋɔnu drɔ̃m hawòvi?
Mègaɖo nugbe ɖe etsɔ si gbɔna la ŋu o
13 #
Lod 27.1. #
Nya 2.4; 5.9-13. Azɔ la, mise ɖa, mi ame siwo gblɔna be: “Egbe alo etsɔ míele du si alo ekemɛ me yi ge. Míanɔ afi ma ƒè ɖeka atsa asi eye míakpɔ viɖe.” 14Mienya nu si le dzɔdzɔ ge etsɔa? Mienya nu si agbe, si miele la nyea? Afu si dona ɣeyiɣi kpui aɖe ko gabuna la ko mienye. 15Le nya sia gbɔgblɔ teƒe la, ele be miagblɔ boŋ be: “Ne Mawu lɔ̃ la, míanɔ agbe, eye míawɔ nu si alo ekemɛ.” 16Ke abe ale si wòle ene la, ɖeko miekana ɖe nu ŋu heƒoa adegbe dzodzro. Kaka ɖe nu ŋu alea nye nuvɔ̃. 17Eya ta ame sia ame si nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, ewɔ nuvɔ̃.
Currently Selected:
Yakobo ƒe Agbalẽ 4: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.