Bible App logo
Search Icon

Yesaya 64

64
1Ao, ɖe nàdze dziŋgɔli aɖi ɖe anyi,
be towo nadzo kpèkpekpe
le ŋkuwò me
2abe ale si dzo biaa nake wuwluiwo,
eye wònana be tsi fiena wlɔwlɔwlɔ ene la,
anye ne àɖe wò ŋkɔ afia wò futɔwo
ale be dukɔwo nadzo nyànyanya le ŋkuwò me!
3Esi nèwɔ nu dziŋɔ siwo míekpɔna o la,
èɖi va anyi,
eye towo ʋuʋu, dzo kpèkpekpe
le ŋkuwò me.
4 # Kor I, 2.9. Tso blema ke la,
ame aɖeke mesee kpɔ o,
eye mege ɖe to aɖeke me hã kpɔ o;
ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke
kpe ɖe wò, ame si wɔa nu
na ame siwo kpɔa mɔ nɛ la ŋu o.
5Èdoa go ame si wɔa nu dzɔdzɔe
kple dzidzɔ,
ame siwo ɖoa ŋku dziwò le wò mɔwo dzi.
Kpɔ ɖa, èdo dziku,
eye míewɔ nuvɔ̃.
Míenɔ míaƒe nuvɔ̃wo me eteƒe didi,
ɖe woaɖe mía?
6Mí katã míezu abe ame makɔmakɔwo ene,
eye nu dzɔdzɔe siwo katã míewɔ la
zu abe avɔ ƒoɖi ene.
Mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene,
eye míaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo lɔ mí ɖe nu
abe yaƒoƒo ene.
7Ame aɖeke megadoa gbe ɖa na wò
alo ʋãa eɖokui be yeaku ɖe ŋuwò o.
Elabe èɣla wò ŋkume ɖe mí,
eye nède mí asi
na míaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo.
8Ke hã, Aƒetɔ, mía Tɔ́ nènye.
Míawo la, tsu míenye,
eye wòe nye mía mèla.
Wò asinudɔwɔwɔwo mí katã míenye.
9Aƒetɔ, mègado dziku akpa o,
eye mègaɖo ŋku míaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo
dzi tegbee o.
Kpɔ ɖa, ɖo ŋui
be wò dukɔ mí katã míenye.
10Wò du kɔkɔewo va zu gbedadaƒo.
Zion zu gbegbe;
Yerusalem zu aƒedo.
11Dzo fiã míaƒe aƒe kɔkɔe dzeani
si me mía tɔgbuiwo kafua wò le la,
eye míaƒe teƒe veviwo katã gblẽ.
12O Aƒetɔ, ɖe nànɔ anyi ɖekematsɔlemetɔe
le nu siawo katã mea?
Ðe nàzi kpi awɔ funyafunya mí vevie alea gbegbea?

Currently Selected:

Yesaya 64: EB14

Highlight

Copy

Compare

Share

None

Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in