Yesaya 6
6
Mawu yɔ Yesaya be wòanye gbeƒãɖela
1 #
Fia II, 15.7; Kron II, 26.23. Le ƒe si me fia Uziya ku la, mekpɔ Aƒetɔ la. Ebɔbɔ nɔ fiazikpui kɔkɔ gã aɖe dzi, eye eƒe awu toga yɔ gbedoxɔ la katã. 2Serafi siwo dometɔ ɖe sia ɖe to aʋala adeade la, le eta me. Wotsɔ aʋala eve tsyɔ ŋkume, eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ eve le dzodzomee. 3#Nyaɖ 4.8. Ɖeka nɔ ɣli dom ɖo ɖe bubu be:
“Kɔkɔe, kɔkɔe,
kɔkɔe nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la.
Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi.”
4 #
Nyaɖ 15.8. Ɣlidola la ƒe gbe na kpuiawo ƒe gɔmeɖoɖowo ʋuʋu, eye dzudzɔ yɔ xɔ la taŋ. 5Tete megblɔ be: “Aléle! Meku loo! Mebu! Elabe nuyi makɔmakɔtɔe menye hele nuyi makɔmakɔtɔwo dome. Ke nye ŋkuwo kpɔ Fia la, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla.”
6Tete serafiawo dometɔ ɖeka dzo va gbɔnye, eye wòlé dzoka hẽ si wòtsɔ abɛ ɖe le vɔsamlekpuia me la ɖe asi. 7Etsɔe ka nu nam hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, esia ka wò nuyi ŋu, eya ta woɖe wò vodadawo ɖa, eye wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò.” 8Ke mese Aƒetɔ la ƒe gbe be: “Ame kae madɔ? Ame kae ayi na mí?” Tete meɖo eŋu be: “Nyee nye esi! Dɔm!” 9#Mat 13.14, 15; Mar 4.12; Luk 8.10; Yoh 12.40; Dɔw 28.26, 27. Ale wògblɔ be: “Yi ɖagblɔ na dukɔ sia be:
‘Miase nu, agasee ake;
ke mimase egɔme o.
Miakpɔ nu, agakpɔe ake;
ke mimadze sii o!’
10Na dukɔ sia ƒe dzi naku atri,
eƒe to naku,
eƒe ŋku nagbã
ale be magakpɔ nu kple ŋku,
ase nu kple to,
eye wòase nu gɔme kple dzi
ne wòatrɔ va,
eye woana wòahaya o.”
11Tete mebia be: “Aƒetɔ, va se ɖe ɣe ka ɣie?”
Eɖo eŋu be:
“Va se ɖe esime duwo nagbã azu aƒedo,
xɔwo natsi ƒuƒlu,
eye anyigba nazu gbegbe.
12Aƒetɔ akplɔ amewo adzoe ʋĩi
eye teƒe siwo wogblẽ ɖi la
asɔ gbɔ le anyigba la titina.
13Togbɔ be amewo ƒe akpa ewolia koe susɔ
ɖe anyigba la dzi hã la,
woagatɔ dzoe,
abe ale si ne wolã sesewu alo logoti,
eye takpoea susɔna ɖi ene.”
Nuku kɔkɔe la nye eƒe takpoe la.
Currently Selected:
Yesaya 6: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.