Yesaya 59
59
Gbeƒãɖela la bufɔ dukɔa ƒe nuvɔ̃wo
1Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe abɔ mele kpuie akpa be
mate ŋu axɔ na ame o,
eƒe to meku
be mate ŋu ase nu o.
2Ke boŋ miaƒe vodadawoe klã
mia kple mia Mawu dome,
eye miaƒe nuvɔ̃woe
ɣla eŋkume ɖe mi
ale be megasea miaƒe nya o.
3Elabe miaƒe asi ƒo ʋu,
eye vodada le miaƒe asibidɛwo ŋu.
Miaƒe nu kaa aʋatso,
eye miaƒe aɖe gblɔa nya vɔ̃ɖi.
4Ame aɖeke mesamaa ehavi ɖe eƒe nya dzɔdzɔe ta o,
alo yia se gbɔ kple nyateƒe o.
Nyateƒe aɖeke menɔa woƒe nyatotowo me o,
aʋatso ko wokana.
Woɖoa nugbe ɖe ame ŋu,
eye wowɔa nu vevii.
5Woƒoa dakpui ƒe azi,
eye wolɔ̃a yiyiɖɔ.
Ame si ɖua woƒe azi la kuna,
eye ne wogbã azia la
ƒli dona tso eme.
6Womatsɔ woƒe ka alɔ̃ avɔ akpɔ o,
amewo mate ŋu atsyɔ avɔ si wolɔ̃ o.
Woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi,
eye wole ŋutasesẽ dzi ɣe sia ɣi.
7 #
Rom 3.15-17. Woƒe afɔwo le du dzi
ɖe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu,
eye wole abla ɖem
be yewoakɔ ʋu maɖifɔ ɖi.
Woƒe susuwo vɔ̃ɖi.
Wogblẽa nu, tsrɔ̃a nu
le mɔ gã siwo dzi wotona la.
8Womenyaa ŋutifafamɔ la o,
eye womewɔa nu dzɔdzɔe aɖeke
le mɔ siwo dzi wotona la o.
Woɖe mɔ gɔglɔ̃wo,
eye ame sia ame si toa wo dzi la
mekpɔa ŋutifafa o.
Dukɔa ʋu eƒe nuvɔ̃wo me
9Eya ta ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe
didi tso mía gbɔ,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ megogo mí o.
Míele mɔ kpɔm na kekeli,
kpɔ ɖa, vivitie.
Míele mɔ kpɔm na xexeme ƒe kɔkɔ;
ke míele zɔzɔm le blukɔ me.
10Míele asi tsam gli ŋu
abe ŋkuagbãtɔwo ene,
eye míele asi nyem ya me
abe ŋkunɔwo ene.
Míekli nu le ŋdɔkutsu dzatsɛ
abe le zã me ene,
eye míele ame gbagbewo dome
abe ame kukuwo ene!
11Mí katã míele gbe tem
abe sisiblisiwo ene,
eye míele xɔxlɔ̃m
abe ahɔnɛwo ene.
Míekpɔ mɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe;
ke ɖeke meli o.
Míekpɔ mɔ na xɔname,
ke ele adzɔge ʋĩi tso mía gbɔ.
12Elabe míaƒe dzidadawo dzi ɖe edzi le ŋkuwò me,
eye míaƒe nuvɔ̃wo le ɖase ɖim tso mía ŋu.
Elabe míaƒe dzidadawo le mía ŋu,
eye míenya míaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo.
13Míeda vo,
eye míegbe Aƒetɔ.
Míede megbe tso mía Mawu la gbɔ.
Míete ame ɖe anyi,
eye míedze aglã.
Míeɖonɛ be míaka aʋatso,
eye míeɖenɛ gblɔna tso dzime.
14Afiatsotso ɖe eteƒe gbugbɔ ɖe megbe,
eye nu dzɔdzɔe wɔwɔ
le tsitre ɖe adzɔge ke.
Elabe nyateƒe le nu klim le dutakpeƒe,
eye nuteƒewɔwɔ mate ŋu age ɖe eme o.
15Nyateƒe bu keŋkeŋ,
eye ame si megadina
be yeawɔ nuvɔ̃ɖi o la
va zua nuléle.
Aƒetɔ kpɔe be nu dzɔdzɔe wɔwɔ
aɖeke megali o,
eye medze eŋu o.
Aƒetɔ dzra ɖo be yeaɖe yeƒe dukɔ
16 #
Yes 63.5. Ekpɔ be ame aɖeke meli o,
eye wòwɔ nuku nɛ
be avuléla aɖeke gɔ̃ hã meli o.
Tete eya ŋutɔ ƒe abɔ he dziɖuɖu vɛ nɛ,
eye eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ lée ɖe te.
17 #
Nya 5.17-23; Efes 6.14, 17; Tes I, 5.8. Edo nu dzɔdzɔe wɔwɔ abe akɔtakpoxɔnu ene,
eye wòɖɔ xɔname ƒe gakuku ɖe ta.
Edo hlɔ̃biawu,
eye wòtsyɔ ŋuʋaʋã
abe taɖedzi ene.
18Aɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu:
eƒe ketɔwo tɔe nye dɔmedzoe,
teƒeɖoɖo nye eƒe futɔwo tɔ,
eye wòaɖo ƒukpowo ƒe nuwɔwɔ
teƒe na wo.
19Ɣetoɖoƒetɔwo avɔ̃ Aƒetɔ ŋkɔ,
eye ɣedzeƒetɔwo avɔ̃ eƒe ŋutikɔkɔe;
elabe ele vava ge abe tɔsisi si le du dzi sesĩe,
esi Aƒetɔ ƒe ahom lɔ ɖe nu la ene.
20 #
Rom 11.26. Ava Zion abe Ɖela ene,
eye wòaɖe ame siwo trɔ tso woƒe
dzidadawo me la hã le Yakob.
Aƒetɔ lae gblɔe.
21Aƒetɔ be: “Nye la, nu si mebla kpli wo lae nye esi: Nye gbɔgbɔ si le dziwò kple nye nya si metsɔ de nuwò la mate ɖa le wò nu me loo, alo le viwòwo ƒe nu me loo, alo le viwòwo ƒe viwo ƒe nu me o, tso fifia ɖase ɖe mavɔ me. Aƒetɔ lae gblɔe.”
Currently Selected:
Yesaya 59: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.