Yesaya 58
58
Aƒetɔ gblɔ nu si nutsitsidɔ vavãtɔ nye
1“Do ɣli sesĩe,
mègadzudzɔ o!
Wò gbe nede dzi bobobo abe kpẽ ene
ne nàgblɔ nye dukɔ ƒe dzidada nɛ,
nàgblɔ Yakob ƒe ƒome ƒe nuvɔ̃wo nɛ!
2Evɔ la, wole diyem gbe sia gbe,
eye woƒe didie nye
be yewoanya nye mɔwo,
abe dukɔ si wɔa nu dzɔdzɔe,
eye megblẽa eƒe Mawu ƒe sewo ɖi o la wònye ene.
Wole ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe dim tso gbɔnye.
Wokpɔa dzidzɔ be yewoate ɖe Mawu ŋu.
3‘Nu ka ta míetsi nu dɔ,
eye mèlé ŋku ɖe eŋu o?
Nu ka ta míebɔbɔ mía ɖokui,
eye mèdze sii o?’
Kpɔ ɖa, miewɔa dɔ gbe si gbe
mietsi nu dɔ,
eye miete miaƒe dɔwɔlawo katã ɖe anyi.
4Kpɔ ɖa, mietsia nu dɔna vɔ ko va wɔa dzre,
wɔa avu, daa kɔ, hewɔa nu vevi ame.
Ale si miele nu tsim dɔ egbe siawo la,
mana woase miaƒe gbe le dzi o.
5Ɖe nutsitsidɔ si medina
kple ŋkeke si dzi amegbetɔ nabɔbɔ
eɖokui le lae nye esia?
Ne ebi ta ɖe anyi abe keti ene,
eye wòmlɔ akpanya kple dzowɔ dzi la,
eya yɔm nèle be nutsitsidɔ
kple ŋkeke si adze Aƒetɔ ŋua?”
6“Ɖe menye nutsitsidɔ si medina lae nye esi:
be woaɖe ga ame siwo ŋu wosẽ ŋuta le, de ga wo,
woatu kɔkuti ƒe kawo,
woana ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi,
eye woaŋe kɔkuti ɖe sia ɖe oa?
7 #
Mat 25.34. Ɖe menye eyae nye be:
nàna nuɖuɖu dɔwuitɔ,
eye nàkplɔ ame dahe siwo tsi ablɔ dzi la
ayi aƒewò mee,
ne èkpɔ ame aɖe wòle amama la,
nàta avɔ nɛ,
eye mègawɔ ŋlɔmee
le wò ŋutɔ wò ƒometɔwo ŋu oa?
8Ekema wò kekeli ado abe agudzedze ene,
eye ahaya kaba.
Wò nu dzɔdzɔe wɔwɔ adze ŋgɔwò,
eye Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe axe megbe na wò.
9Ekema àyɔ Aƒetɔ,
eye wòatɔ na wò.
Àdo ɣli,
eye wòagblɔ be:
Nyee nye esi!”
“Ne èɖe kɔkuti, asifiafia ame
kple nuvɔ̃ɖi ƒoƒo ɖa le dowòme,
10ne ètsɔ wò nuɖuɖu na dɔwuitɔ,
eye nèna nu si hiãm fukpela le la su esi la,
ekema wò kekeli aklẽ le viviti me,
eye wò blukɔ anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene.
11Ale Aƒetɔ akplɔ wò ɖaa,
eye wòana wò dzi nadze eme
le kuɖiɖinyigba dzi.
Ana wò ƒuwo nakpɔ ŋusẽ,
eye ànɔ abe abɔ si wode tsii
kple tsidzɔƒe si tsi memiena le
gbeɖe o la ene.
12Woagbugbɔ wò blemaƒedowo atso,
àtu xɔ ɖe dzidzime geɖewo ƒe gɔmeɖoɖowo dzi,
eye woayɔ wò be:
Gli gbagbãwo ɖɔɖola,
mɔwo dzraɖola
ablɔwo dzraɖola, afi si woatso aƒe ɖo.”
Bubudede dzudzɔgbe ŋu metsonuwo
13“Ne èhe ɖokuiwò ɖe megbe
le dzudzɔgbe la ŋu,
be mèwɔ wò dɔwo le nye ŋkeke
kɔkɔe la dzi o,
ne èyɔ dzudzɔgbe la be Dzidzɔ
kple Aƒetɔ ƒe ŋkeke kɔkɔe la be Bubu,
eye nède bubu eyama ŋu
ale be mèléa wò ŋutɔ wò mɔ tsɔ o,
alo dia wò ŋutɔ wò vivisese o,
alo ƒoa nu kpoloe o la,
14ekema àkpɔ dzidzɔ le Aƒetɔ ŋu,
eye mana nàde anyigba ƒe kɔkɔƒewo.
Mana nàɖu tɔgbuiwò Yakob ƒe domenyinu,
elabe Aƒetɔ ƒe nue gblɔe.”
Currently Selected:
Yesaya 58: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.