Yesaya 18
18
Mawu ahe to na Nubia
1 #
Zef 2.12. Baba na anyigba
si dzi aʋalawo le ƒoƒom le,
le Nubia-tɔsisiwo godo la.
2Wò, si dɔ amewo ɖe atsiaƒu dzi
wole aƒlaʋuwo me to tɔwo dzi la!
Mi dɔla ɖeablawo, miheyi dukɔ
si ƒe amewo kɔ,
ame siwo ƒe ŋutigbalẽ zrɔ̃ la gbɔ.
Dukɔ si wovɔ̃na tso dzɔdzɔme ke
le didiƒe kple kpuiƒe.
Dukɔ sesẽ si ɖua nu sia nu dzi,
eye tɔsisiwo to eƒe anyigba me la.
3Mi xexea me nɔlawo katã
kple anyigbadzitɔwo,
ne wotu aflaga ɖe towo dzi la,
miakpɔe.
Ne woku kpẽ la,
miasee.
4Elabe Aƒetɔ gblɔ nam be:
“Manɔ nɔnyeƒe kpoo
anɔ nu kpɔm dũu,
abe ale si ŋdɔ vena helihelĩ ene,
alo abe ale si zãmu dzana
le nuŋeɣi le dzomeŋɔli ene.”
5Elabe hafi nuŋeɣi naɖo,
ne seƒoƒo nu nayi,
eye waintsetsewo naɖi la,
atsɔ hɛ gobɛ alã kaawo,
aflí alɔawo ɖa, eye wòaŋe wo.
6Woagblẽ wo katã ɖi
na xe ƒonu siwo nɔa towo dzi
kple gbemelã siwo le anyigba dzi.
Xe ƒonuwo aɖu wo le dzomeŋɔli,
eye gbemelãwo katã aɖu wo le vuvɔŋɔli.
7Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la axɔ nunanawo tso dukɔ si ƒe amewo kɔ kple ame siwo ƒe ŋutigbalẽ zrɔ̃ la gbɔ. Dukɔ si wovɔ̃na tso dzɔdzɔme ke le didiƒe kple kpuiƒe; dukɔ sesẽ si ɖua nu sia nu dzi, eye tɔsisiwo to eƒe anyigba me la gbɔ le Zion-to la dzi, afi si wosubɔa Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la le la.
Currently Selected:
Yesaya 18: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.