Yesaya 1
1
1 #
Fia II, 15.1-7; Kron II, 26.1-23;
Fia II, 15.32-38; Kron II, 27.1-9;
Fia II, 16.1-20; Kron II, 28.1-27;
Fia II, 18.1—20.21; Kron II, 29.1—32.33. Yesaya, Amoz vi ƒe ŋutega si wòkpɔ. Eku ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu, esime Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya nye fiawo le Yuda-nyigba dzi.
Mawu ka mo na eƒe dukɔ
2Aƒetɔ be:
“Dziƒowo, misee!
Anyigba, ɖo to nàsee!
Menyi viwo, wotsi vɔ,
ke wodze aglã ɖe ŋunye.
3Nyitsu nyaa ame si tɔ wònye,
eye tedzi nyaa afi
si eƒe aƒetɔ daa nuɖuɖu ɖo nɛ.
Gake Israel menyam o;
nye dukɔ mesea nu gɔme nam o.”
4Baba na dukɔ wɔnuvɔ̃
si dzi fɔɖiɖi li kɔ ɖo la.
Nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe dzidzimeviwo,
vi gbegblẽwo.
Wogblẽ Aƒetɔ ɖi,
wodo vlo Israel ƒe Kɔkɔetɔ la,
wotrɔ megbe dee.
5Nu ka ta miegale aglãdzedze dzi,
be woanɔ mia ƒoƒo dzi?
Ta blibo la dze dɔ.
Nu te dzi blibo la ŋu keŋkeŋ.
6Tso afɔƒome va se ɖe dzodome,
ƒoƒe aɖeke megali o.
Abi, dodro kple abi yeye
siwo le ʋu ɖuɖum koe li.
Womeyɔ tsi le abiawo me o,
womebla wo o,
eye womeɖe ami ɖe wo wobɔbɔ o.
7Miaƒe anyigba zu gbegbe,
eye dzo fiã miaƒe duwo.
Miaƒe ŋkume ale ko,
amedzrowo xɔ miaƒe anyigba le mia si, wòzu gbegbe,
abe ale si amedzrowo gblẽa nui ene.
8Zion vinyɔnu ɖeka tsi anyi
abe agbadɔ le waingble me ene,
abe mlɔƒe le dzamatregble me ene,
abe du si woƒo xlãe la ene.
9 #
Mos I, 19.24; Rom 9.29. Ðe menye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae susɔ
ame ʋɛ aɖewo ɖi na mí o la,
anye ne míanɔ abe Sodom ene,
eye míaɖi Gomora.
10Mi Sodom-dziɖulawo,
mise Aƒetɔ ƒe nya!
Mi Gomoratɔwo, miɖo to miase
mía Mawu ƒe nufiafia.
11 #
Amos 5.21, 22. Aƒetɔ be:
“Nu kae mawɔ
kple miaƒe vɔsasa gbogboawo?
Agbo siwo miemèna saa vɔe nam
kple nyivi damiwo ƒe ami ti kɔ nam.
Nyiwo, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu
va wu tsɔtsɔ nam.
12Ne mieva
be yewoado ɖe ŋkunye me la,
ame kae bia tso mia si
be miava nɔ afɔɖi ƒom nye xɔxɔnuwo?
13Migatsɔ nu dzodzro va sa vɔe azɔ o;
dzudzɔdodoa nye ŋunyɔ nam.
Ke ku ɖe dzinu yeyewo, dzudzɔgbewo
kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo
ƒe ŋkekenyuiwo ŋu la,
nyemate ŋu atsɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ
kple subɔsubɔtakpekpewo o.
14Nye luʋɔ lé fu miaƒe dzinu yeyewo
kple ŋkekenyuiwo.
Wozu agba nam,
eye wowu tsɔtsɔ nam.
15Ne mieke abɔwo me la,
maɣla ŋkume ɖe mi.
Ne miedo gbe ɖa kakaka hã la,
magbe esese,
elabe miaƒe asi ƒo ʋu blibaa.
16Mile tsi, miwɔ mia ɖokui dzadzɛ.
Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa
le ŋkunye me.
Midzudzɔ nuvɔ̃ɖi wɔwɔ!
17Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ,
eye midi nu dzɔdzɔe wɔwɔ.
Miɖe ameteɖeanyi ɖa;
miʋli tsyɔ̃eviwo ta,
eye miɖe kuku ɖe ahosiwo nu.”
18Aƒetɔ be:
“Miva ne míalé nya la kpɔ.
Togbɔ be miaƒe nuvɔ̃wo
le abe nyagãdzĩ ene hã la,
woafu abe ɖetifu ene.
Togbɔ be wobiã abe aɖabɛ ene la,
woafu abe alẽfu ene.
19Ne mielɔ̃ ɖo to la,
miaɖu nu nyuitɔwo tso anyigba la me.
20Evɔ ne miegbe, hedze aglã la,
yi aɖu mi.
Elabe Aƒetɔ ye ke nu gblɔe.”
Nu vɔ̃ du la
21Ao! Ale ke wɔ du si wɔa nuteƒe,
eye nya dzɔdzɔe gbɔgblɔ nɔ eme la va zu gboloe!
Nu dzɔdzɔe wɔwɔ nɔ eme tsã;
ke azɔ la, hlɔ̃dolawo sɔŋ koe le eme.
22Wò klosalo zu gamí,
eye wotsɔ tsi dzro wò wain.
23Wò amegãwo va zu aglãdzelawo
kple fiafitɔwo xɔlɔ̃wo.
Wo dometɔ ɖe sia ɖe lɔ̃a zãnu,
eye wodia nunanaxɔxɔ vevie.
Womeʋlia tsyɔ̃eviwo ta o,
eye wometsɔa ɖeke le eme na ahosiwo o.
24Eya ta azɔ la, nya si gblɔm Aƒetɔ,
Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu Ŋusẽtɔ lae
nye esi. Ebe: “Aléle! Mavo tso nye ketɔwo si me,
eye mabia hlɔ̃ nye futɔwo.
25Matrɔ nye asi ɖe ŋuwò,
eye malólo wò gamí
abe akaŋu wotsɔ wɔe ene,
eye maɖe wò tsumíwo katã ɖa.
26Magaɖo ʋɔnudrɔ̃lawo na mi abe tsã ene
kple aɖaŋuɖolawo na mi
abe le blema ene.
Emegbe woagayɔ wò be
nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe du
kple du wɔnuteƒe.”
27Woaɖe Zion
to ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ me,
eye ame siwo trɔ dzime le eme la,
woaɖe wo to nu dzɔdzɔe wɔwɔ me.
28Ke woagbã aglãdzelawo kple nuvɔ̃wɔlawo siaa,
eye ame siwo gblẽ Aƒetɔ ɖi la nu ayi.
29Ŋu akpe mi le ati gã
siwo ŋu miekpɔ dzidzɔ le la ŋu,
eye miaƒe mo atsi dãa
le trɔ̃bɔ siwo mietia la ŋu.
30Elabe miawo ŋutɔ mianɔ abe ati gã si yrɔ
kple abɔ si mekpɔ tsi o la ene.
31Ame sesẽ la azu gbe ƒuƒu,
eye eƒe dɔwɔwɔ anɔ abe dzoxi ene.
Wo kple eve la siaa woalé dzo,
eye ame aɖeke manɔ anyi atsii o.
Currently Selected:
Yesaya 1: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.