Xabakuk 3
3
Xabakuk do gbe ɖa
1Gbe si Mawu ƒe gbeƒãɖela Xabakuk do ɖa lae nye esi: Woadzii abe konyifaha ene.
2O Aƒetɔ, esi mese nu si nèwɔ la,
vɔvɔ̃ ɖom!
Nu siwo nèwɔna tsã la,
gawɔ wo le mía ŋɔli hã.
Ne èdo dɔmedzoe hã,
ɖo ŋui nàkpɔ nublanui na wò amewo.
3Mawu tso Teman gbɔna.
Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran-towo dzi
gbɔna.
Eƒe ŋutikɔkɔe xɔ dziƒo katã kpe ɖo;
wole ekafum le afi sia afi
le anyigba dzi. (Tɔ vie)
4Eƒe keklẽ le abe kekeli ene,
eye wòle dodom tso eƒe asi me
abe ɣetotoe ene;
eƒe ŋusẽ bè ɖe afi ma.
5Dɔ vɔ̃ dze eŋgɔ,
eye dzikedzo kplɔe ɖo.
6Etɔ, eye anyigba ʋuʋu.
Eda ŋku ɖi, kpɔ nu;
dzidzi ƒo dukɔwo.
To siwo li tso blema ke la fe kplà;
togbɛ siwo li tso gbe aɖe gbe ke hã ŋe dze eme ʋlì.
Evɔ wònye woawo dzie
wòzɔna le blema.
7Kusatɔwo ɖo xaxa me mekpɔ,
eye Midiantɔwo le dzodzom nyànyanya.
8Aƒetɔ, tɔsisiwo ŋue nèdo dziku ɖoa?
Woawo ŋue nèdo dɔmedzoe ɖo loo,
alo atsiaƒu ŋue dzi le kuwòm ɖo,
be nèdo wò sɔwo
eye nèɖo wò tasiaɖamwo
yi ɖaɖu dzia?
9Èdzra wò dati ɖo be yeada,
eye nètsɔ aŋutrɔ de eme. (Tɔ vie)
Èna tɔsisiwo ɖe mɔ to anyigba me.
10Esi towo kpɔ wò la,
wodzo nyànyanya;
tɔwo ɖɔ gbagba.
Anyigba gɔme tsiwo ɖe gbe,
eye woƒe tsotsoewo kɔ yi dzi boo.
11Esi wò aŋutrɔwo nye kekeli le yiyim,
eye wò akplɔwo nye keklẽ le dzo kem la,
ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒewo.
12Èzɔ to anyigba dzi kple dziku,
eye nèfanya dukɔwo le dɔmedzoe me.
13Ètso be yeaxɔ wò dukɔ ɖe agbe;
be yeaxɔ wò amesiamina la ɖe agbe.
Èwu ame vɔ̃ɖiwo kplɔla,
eye nètsrɔ̃ eyomedzelawo keŋ. (Tɔ vie)
14Ènyrɔ wò aŋutrɔ ɖe woƒe aʋakplɔla,
si va abe yaƒoƒo sesẽ ene
be yeaka mí ahlẽ la ƒe tame.
Wole dzidzɔɣli dom,
abe ame siwo tea ame dahe ɖe to
le adzame ene.
15Ètsɔ wò sɔwo to atsiaƒu
kple tɔ gã dzeagbowo dzi.
16Mesee, lulu;
nye nuyiwo le ƒoƒom.
Ðuɖui ɖo nye ƒuwo me.
Esi metsi tsitre la,
nye afɔwo nɔ ƒoƒom kpakpakpa le tenye.
Manɔ anyi kpoo anɔ lalam
be makpɔ ame siwo ɖe to ɖe mí la ƒe xaxagbe.
17Togbɔ be gbotiwo megatse o,
eye kutsetse mele wainka aɖeke ŋu o;
togbɔ be amiti meganaa ami o,
eye nu megawɔna le agblewo me o,
togbɔ be alẽwo tsrɔ̃ le lãkpo me,
eye nyi megale nyikpo aɖeke me o hã la,
18nye ya makpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu
eye matso aseye ɖe Mawu,
nye Xɔnametɔ ŋuti.
19 #
Sam II, 22.34; Ps 18.33. Aƒetɔ Mawu lae nye nye ŋusẽ.
Ena ŋusẽ ɖo nye afɔ ŋu
abe zi tɔ ene,
eye wòna mezɔa nye teƒe kɔkɔwo.
Na hadzihakplɔla: woadzi kple kasaŋkuwo.
Currently Selected:
Xabakuk 3: EB14
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.
Xabakuk 3
3
Xabakuk do gbe ɖa
1Gbe si Mawu ƒe gbeƒãɖela Xabakuk do ɖa lae nye esi: Woadzii abe konyifaha ene.
2O Aƒetɔ, esi mese nu si nèwɔ la,
vɔvɔ̃ ɖom!
Nu siwo nèwɔna tsã la,
gawɔ wo le mía ŋɔli hã.
Ne èdo dɔmedzoe hã,
ɖo ŋui nàkpɔ nublanui na wò amewo.
3Mawu tso Teman gbɔna.
Kɔkɔetɔ la ɖi tso Paran-towo dzi
gbɔna.
Eƒe ŋutikɔkɔe xɔ dziƒo katã kpe ɖo;
wole ekafum le afi sia afi
le anyigba dzi. (Tɔ vie)
4Eƒe keklẽ le abe kekeli ene,
eye wòle dodom tso eƒe asi me
abe ɣetotoe ene;
eƒe ŋusẽ bè ɖe afi ma.
5Dɔ vɔ̃ dze eŋgɔ,
eye dzikedzo kplɔe ɖo.
6Etɔ, eye anyigba ʋuʋu.
Eda ŋku ɖi, kpɔ nu;
dzidzi ƒo dukɔwo.
To siwo li tso blema ke la fe kplà;
togbɛ siwo li tso gbe aɖe gbe ke hã ŋe dze eme ʋlì.
Evɔ wònye woawo dzie
wòzɔna le blema.
7Kusatɔwo ɖo xaxa me mekpɔ,
eye Midiantɔwo le dzodzom nyànyanya.
8Aƒetɔ, tɔsisiwo ŋue nèdo dziku ɖoa?
Woawo ŋue nèdo dɔmedzoe ɖo loo,
alo atsiaƒu ŋue dzi le kuwòm ɖo,
be nèdo wò sɔwo
eye nèɖo wò tasiaɖamwo
yi ɖaɖu dzia?
9Èdzra wò dati ɖo be yeada,
eye nètsɔ aŋutrɔ de eme. (Tɔ vie)
Èna tɔsisiwo ɖe mɔ to anyigba me.
10Esi towo kpɔ wò la,
wodzo nyànyanya;
tɔwo ɖɔ gbagba.
Anyigba gɔme tsiwo ɖe gbe,
eye woƒe tsotsoewo kɔ yi dzi boo.
11Esi wò aŋutrɔwo nye kekeli le yiyim,
eye wò akplɔwo nye keklẽ le dzo kem la,
ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒewo.
12Èzɔ to anyigba dzi kple dziku,
eye nèfanya dukɔwo le dɔmedzoe me.
13Ètso be yeaxɔ wò dukɔ ɖe agbe;
be yeaxɔ wò amesiamina la ɖe agbe.
Èwu ame vɔ̃ɖiwo kplɔla,
eye nètsrɔ̃ eyomedzelawo keŋ. (Tɔ vie)
14Ènyrɔ wò aŋutrɔ ɖe woƒe aʋakplɔla,
si va abe yaƒoƒo sesẽ ene
be yeaka mí ahlẽ la ƒe tame.
Wole dzidzɔɣli dom,
abe ame siwo tea ame dahe ɖe to
le adzame ene.
15Ètsɔ wò sɔwo to atsiaƒu
kple tɔ gã dzeagbowo dzi.
16Mesee, lulu;
nye nuyiwo le ƒoƒom.
Ðuɖui ɖo nye ƒuwo me.
Esi metsi tsitre la,
nye afɔwo nɔ ƒoƒom kpakpakpa le tenye.
Manɔ anyi kpoo anɔ lalam
be makpɔ ame siwo ɖe to ɖe mí la ƒe xaxagbe.
17Togbɔ be gbotiwo megatse o,
eye kutsetse mele wainka aɖeke ŋu o;
togbɔ be amiti meganaa ami o,
eye nu megawɔna le agblewo me o,
togbɔ be alẽwo tsrɔ̃ le lãkpo me,
eye nyi megale nyikpo aɖeke me o hã la,
18nye ya makpɔ dzidzɔ ɖe Aƒetɔ ŋu
eye matso aseye ɖe Mawu,
nye Xɔnametɔ ŋuti.
19 #
Sam II, 22.34; Ps 18.33. Aƒetɔ Mawu lae nye nye ŋusẽ.
Ena ŋusẽ ɖo nye afɔ ŋu
abe zi tɔ ene,
eye wòna mezɔa nye teƒe kɔkɔwo.
Na hadzihakplɔla: woadzi kple kasaŋkuwo.
Currently Selected:
:
Highlight
Copy
Compare
Share
Want to have your highlights saved across all your devices? Sign up or sign in
EƲEGBE BIBLIA © The Bible Society of Togo, 2014.